< Salme 95 >

1 Kom, lad os Juble, for HERREN, råbe af fryd for vor Frelses Klippe,
Miva, mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míado dzidzɔɣli ɖe míaƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.
2 møde med Tak for hans Åsyn, juble i Sang til hans Pris!
Mina míado ɖe eŋkume kple akpedada, eye míadoe ɖe dzi to saŋku kple hadzidzi me.
3 Thi HERREN er en vældig Gud, en Konge stor over alle Guder;
Elabena Yehowae nye Mawu gã la, eye wònye fiagã si ƒo mawuwo katã ta.
4 i hans Hånd er Jordens dybder, Bjergenes Tinder er hans;
Anyigba ƒe gogloƒewo le eƒe asi me, eye towo ƒe tsutsueƒe ke hã nye etɔ.
5 Havet er hans, han har skabt det, det tørre Land har hans Hænder dannet.
Atsiaƒu hã nye etɔ, elabena eyae wɔe, eye eƒe asie wɔ anyigba ƒuƒui hã.
6 Kom, lad os bøje os, kaste os ned, knæle for HERREN, vor Skaber!
Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu nɛ, eye mina míadze klo ɖe Yehowa, mía Wɔla la ƒe ŋkume.
7 Thi han er vor Gud, og vi er det Folk, han vogter, den Hjord, han leder. Ak, lytted I dog i Dag til hans Røst:
Elabena eyae nye míaƒe Mawu, eye míenye amewo le eƒe lãnyiƒe, kple lãha le eƒe dzikpɔkpɔ te. Egbe, ne miese eƒe gbe la,
8 "Forhærder ej eders Hjerte som ved Meriba, som dengang ved Massa i Ørkenen,
migasẽ miaƒe dzi me abe ale si miewɔ le Meriba kple ale si miewɔ gbe ma gbe le Masa le gbea dzi ene o.
9 da eders Fædre fristede mig, prøved mig, skønt de havde set mit Værk.
Afi mae mia fofowo, togbɔ be wokpɔ nu si mewɔ hã la, wodom kpɔ, eye wotem kpɔ le.
10 Jeg væmmedes fyrretyve År ved denne Slægt, og jeg sagde: Det er et Folk med vildfarne Hjerter, de kender ej mine Veje.
Medo dɔmedzoe ɖe dzidzime ma ŋu ƒe blaene sɔŋ, megblɔ be, “Wonye ame siwo ƒe dzi tra mɔ, eye womenya nye mɔwo o.”
11 Så svor jeg da i min Vrede: De skal ikke gå ind til min Hvile!
Ale le nye dɔmedzoe me, meka atam be, “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me gbeɖe o.”

< Salme 95 >