< Salme 148 >

1 Halleluja! Pris Herren i himlen, pris ham i det høje!
Mikafu Yehowa. Mikafu Yehowa tso dziƒowo, mikafui le kɔkɔƒewo le dzi me.
2 Pris ham, alle hans engle, pris ham, alle hans hærskarer,
Mi eƒe dɔlawo katã mikafui, dziƒoʋakɔwo hã mikafui.
3 pris ham, sol og måne, pris ham, hver lysende stjerne,
Ɣe kple ɣleti nekafui, mikafui, mi ɣletivi keklẽwo.
4 pris ham, himlenes himle og vandene over himlene!
Mi dziƒo kɔkɔtɔwo, mikafui, eye mi tsi siwo le alilĩa tame hã mikafui.
5 De skal prise Herrens navn, thi han bød, og de blev skabt;
Wo katã nekafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eɖe gbe, eye wova dzɔ.
6 han gav dem deres plads for evigt, han gav en lov, som de ej overtræder!
Etsɔ wo ɖo wo nɔƒe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, ede se si nu mayi akpɔ gbeɖe o.
7 Lad pris stige op til Herren fra jorden, I havdyr og alle dyb,
Mikafu Yehowa tso anyigba, mi nuwɔwɔ gã siwo le atsiaƒu me kple gogloƒewo katã.
8 Ild og hagl, sne og røg, storm, som gør hvad han siger,
Dzikedzo kple kpetsi, tsikpe kple lilikpowo, ahomya si wɔ eƒe lɔlɔ̃nu,
9 I bjerge og alle høje, frugttræer og alle cedre,
mi towo kple togbɛwo katã, atikutsetsetiwo kple sedatiwo katã,
10 I vilde dyr og alt kvæg, krybdyr og vingede fugle,
gbemelãwo kple nyiwo katã, nuwɔwɔ suewo kple xe dzodzoewo,
11 I jordens konger og alle folkeslag, fyrster og alle jordens dommere,
anyigbadzifiawo kple dukɔwo katã, mi dumegãwo kple dziɖula siwo katã le anyigba dzi,
12 ynglinge sammen med jomfruer, gamle sammen med unge!
ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.
13 De skal prise Herrens navn, thi ophøjet er hans navn alene, hans højhed omspender jord og himmel.
Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi, eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.
14 Han løfter et horn for sit folk, lovprist af alle sine fromme, af Israels børn, det folk, der står ham nær. Halleluja!
Ena dzo aɖe do na eƒe dukɔ, esi nye Israel, eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe kafukafu, ame siwo tsɔ ɖe eƒe dzi gbɔ. Mikafu Yehowa.

< Salme 148 >