< Klagesangene 4 >

1 Hvor Guldet blev sort, og skæmmet det ædle metal, de hellige Stene slængt hen på Gadernes Hjørner!
Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi.
2 Zions de dyre Sønner, der opvejed Guld, kun regnet for Lerkar, Pottemagerhænders Værk
Aleke Zion viŋutsu vevi siwo ŋu kpekpeme nɔ tsã abe sika ene la, le azɔ abe anyize si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene!
3 Selv Sjakaler byder Brystet til, giver Ungerne Die, men mit Folks Datter blev grum som Ørkenens Strudse.
Amegaxiwo kekeake gɔ̃ hã naa no wo viwo wonona gake nye amewo va zu ŋlɔmitɔwo abe tsatsaboli le dzogbe ene.
4 Den spædes Tunge hang fast ved Ganen af Tørst, Børnene tigged om Brød, og ingen gav dem.
Tsikɔ na be vidzĩwo ƒe aɖe lé ɖe nu me na wo; ɖevi suewo bia abolo kple kukuɖeɖe gake ame aɖeke meli ana wo o.
5 Folk, som levede lækkert, omkom på Gaden; Folk, som var båret på Purpur, favnede Skarnet.
Ame siwo ɖu nu vivi kpeɖiwo tsã la, zu ame ɖigbɔ̃wo le kpɔdomewo. Ame siwo ta ago veviwo tsã la, mlɔ gbeɖuɖɔ me fifia.
6 Mit Folks Datters Brøde var større end Synden i Sodom, som brat blev styrted, så Hænder ej rørtes derinde.
Nye amewo ƒe tohehe lolo wu Sodom tɔ, du si wogbã ƒu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me eye asi aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.
7 Hendes Fyrster var renere end Sne, mer hvide end Mælk, deres Legeme rødere end Koral, som Safir deres Årer;
Woƒe dumegãwo da dzo wu sno, wofu wu nyinotsi, woƒe ŋutilã biã wu soe eye woƒe dzedzeme le abe gbloti ene.
8 mer sorte end Sod ser de ud, kan ej kendes på Gaden, Huden hænger ved Knoglerne, tør som Træ.
Ke azɔ la, wonyɔ wu zemabi eye ame aɖeke gɔ̃ hã medzea si wo le kpɔdomewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒu ŋuti kpaɖii, eye woƒu abe nake ene.
9 Sværdets Ofre var bedre farne end Sultens, som svandt hen, dødsramte, af Mangel på Markens Grøde.
Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo ku ɖe dɔwuame ta. Elabena dɔwuame na wogbɔdzɔ, heɖiku glãŋui, le agblemenuku ƒe anyimanɔmanɔ ta.
10 Blide kvinders Hænder kogte deres Børn; da mit Folks Datter brød sammen, blev de dem til Føde.
Nyɔnu siwo ame ƒe nu wɔa nublanui na la tsɔ woawo ŋutɔ ƒe asiwo lé wo viwo ɖa, eye wozu nuɖuɖu na wo esi wonɔ nye amewo tsrɔ̃m.
11 HERREN køled sin Vrede, udøste sin Harmglød, han tændte i Zion en Ild, dets Grundvolde åd den.
Yehowa nyɔ eƒe dziku ƒe aɖi katã eye wòtrɔ eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖi. Edo dzo ɖe Zion eye wòfia eƒe gɔmeɖokpewo.
12 Ej troede Jordens Konger, ja ingen i Verden, at Uven og Fjende skulde stå i Jerusalems Porte.
Anyigbadzifiawo mexɔe se kaka, amewo nayi exɔ ge ase be, futɔwo kple ketɔwo ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me o.
13 Det var for Profeternes Synd, for Præsternes Brøde, som i dets Midte udgød retfærdiges Blod.
Gake edzɔ, le eƒe Nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃ kple eƒe nunɔlawo ƒe nu tovowo ta, ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖe dua me.
14 De vanked som blinde på Gaderne, tilsølet af Blod, rørte med Klæderne Ting, som ikke må røres.
Azɔ wole asi tsam le kpɔdomewo abe ŋkuagbãtɔwo ene. Woƒo ʋu ale gbegbe be, ame aɖeke medo dzi ka asi woƒe awuwo ŋuti o.
15 "Var jer! En uren!" råbte man; "Var jer dog for dem!" Når de flyr og vanker, råber man: "Bliv ikke her!"
Amewo doa ɣli ɖe wo ta be, “Midzo le afi sia! Mi ame makɔmakɔwo! Mite yi! Mite yi! Migaka asi mía ŋuti o!” Ke esi wosi dzo le tsaglãla tsam la, amewo le dukɔwo me gblɔna na wo be, “Womate ŋu aganɔ teƒe sia o.”
16 HERREN spredte dem selv, han så dem ej mer, Præster regned man ej eller ynked Profeter.
Yehowa ŋutɔe kaka wo, megale wo ta kpɔm o. Womegadea bubu nunɔlawo ŋu alo vea dumegãwo nu o.
17 End smægted vort Blik efter Hjælp, men kun for at skuffes, på Varden spejded vi efter det Folk, der ej hjælper.
Gawu la, ɖeɖi te míaƒe ŋkuwo ŋu esi wole mɔ kpɔm na kpekpeɖeŋu si meli o; tso míaƒe gbetakpɔxɔwo me, míekpɔ mɔ na dukɔ si mate ŋu aɖe mí o la be wòava.
18 De lured på vort Fjed, fra Torvene holdt vi os borte; Enden var nær, vore Dage var omme, ja, Enden var kommet.
Amewo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu ale gbegbe be, míagate ŋu ado go azɔ le míaƒe ablɔwo dzi o. Míaƒe nuwuwu tu aƒe, woxlẽ míaƒe ŋkekewo elabena míaƒe nuwuwu va ɖo.
19 Mer snare end Himlens Ørne var de, som jog os, på Bjergene satte de efter os, lured i Ørkenen,
Ame siwo le mía yome tim la ɖia du wu hɔ̃ le yame; woti mía yome le towo dzi eye wode xa ɖi na mí le gbegbe.
20 vor Livsånde, HERRENs Salvede, blev fanget i deres Grave, han, i hvis Skygge vi tænkte at leve blandt Folkene.
Yehowa ƒe amesiamina la, si nye míaƒe agbegbɔgbɔ gɔ̃ hã ge ɖe woƒe mɔ me. Míebu xaa be le eƒe vɔvɔli te la, míanɔ dedie le dukɔwo dome.
21 Glæd dig og fryd dig, Edom, som bor i Uz! Også dig skal Bægeret nå, du skal blotte dig drukken.
O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò.
22 Din Skyld er til Ende, Zion, du forvises ej mer; han hjemsøger, Edom, din Skyld, afslører dine Synder.
O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.

< Klagesangene 4 >