< Klagesangene 5 >

1 HERRE, kom vor skæbne i Hu, sku ned og se vor skændsel!
O, Yehowa, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi, ɖo ŋku anyi eye nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa.
2 Vor Arvelod tilfaldt fremmede, Udlændinge fik vore Huse.
Wotsɔ míaƒe domenyinu, na amedzrowo eye wotsɔ míaƒe aƒewo na du bubu me tɔwo.
3 Forældreløse, faderløse er vi, som Enker er vore Mødre.
Míezu tsyɔ̃eviwo kple tɔmanɔsitɔwo eye mía nɔwo zu ahosiwo.
4 Vort Drikkevand må vi købe, betale må vi vort Brænde.
Ɖe míedzea tsi hafi nona eye ɖe míeƒlea míawo ŋutɔ ƒe nake.
5 Åget trykker vor Nakke, vi trættes og finder ej Hvile.
Ame siwo ti mía yome la gogo, ɖeɖi te mía ŋu, ke gbɔɖeme meli o.
6 Ægypten rakte vi Hånd, Assur, for at mættes med Brød.
Míetsɔ mía ɖokui dzra na Egipte kple Asiria be míakpɔ abolo aɖu.
7 Vore Fædre, som synded, er borte, og vi må bære deres Skyld.
Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ eye womegale agbe o gake woƒe tohehe va mía dzi.
8 Over os råder Trælle, ingen frier os fra dem.
Kluviwo ɖu amegã ɖe mía dzi eye ame aɖeke meli axɔ mí le woƒe asi me o.
9 Med Livsfare henter vi vort Brød, udsatte for Ørkenens Sværd.
Míetsɔ míaƒe agbe ɖo anyi hafi kpɔa abolo ɖuna, le yi si le gbegbe la ta.
10 Vor Hud er sværtet som en Ovn af Hungerens svidende Lue.
Míaƒe ŋutilã xɔ dzo abe kpodzo ene eye asrã lé mí le dɔwuame ta.
11 De skændede kvinder i Zion, Jomfruer i Judas Byer.
Wogblẽ Zion nyɔnuwo kple ɖetugbi manyaŋutsuwo le Yuda duwo me.
12 Fyrster greb de og hængte, tog intet Hensyn til gamle.
Wobla dumegãwo tsɔ ku ati eye womede bubu ame tsitsiwo ŋu o.
13 Ynglinge sattes til Kværnen, under Brændeknippet segnede Drenge.
Ɖekakpuiwo le te tum atraɖii, eye ŋutsuviwo le ŋeŋem le nakegba te.
14 De gamle forsvandt fra Porten, de unge fra Strengenes Leg.
Ame tsitsiwo vɔ le agbonu eye ɖekakpuiwo ƒe hadzidzi nu tso.
15 Vort Hjertes Glæde er borte, vor Dans er vendt til Sorg.
Dzidzɔ vavã dzo le míaƒe dziwo me eye míaƒe ɣeɖuɖu trɔ zu nuxaxa.
16 Kronen faldt af vort Hoved, ve os, at vi har syndet!
Fiakuku ge le ta na mí. Baba na mí elabena míewɔ nu vɔ̃!
17 Vort Hjerte blev derfor sygt, derfor vort Øje mørkt:
Le esia ta míaƒe dziwo le nu xam, le nu siawo ta míaƒe ŋkuwo dzi tsyɔ,
18 For Zions Bjerg, som er øde, Ræve tumler sig der.
Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.
19 Du, HERRE, troner for evigt, fra Slægt til Slægt står din trone.
O, Yehowa, èle fia ɖum tegbee, wò fiazikpui li ke tso dzidzime yi dzidzime.
20 Hvi glemmer du os bestandig og svigter os alle dage?
Nu ka ta nèŋlɔa mí be ɣe sia ɣi? Nu ka ta nègblẽ mi ɖi eteƒe didi alea?
21 Omvend os, HERRE, til dig, så vender vi om, giv os nye Dage, som fordum!
O Yehowa, trɔ mí ɖe ɖokuiwò ŋu be míate ŋu atrɔ agbɔ, wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe le blema ene.
22 Eller har du helt stødt os bort, er din Vrede mod os uden Ende?
Ne menye ɖe nègbe mí keŋkeŋ, eye nèdo dziku ɖe mía ŋu wu ale si dze hã o.

< Klagesangene 5 >