< داوران 16 >

و شمشون به غزه رفت و در آنجافاحشه‌ای دیده، نزد او داخل شد. ۱ 1
Gbe ɖeka la, Samson yi Filistitɔwo ƒe du si woyɔna be Gaza la me eye wòtsi gbolo aɖe gbɔ dɔ.
و به اهل غزه گفته شد که شمشون به اینجا آمده است. پس او را احاطه نموده، تمام شب برایش نزددروازه شهر کمین گذاردند، و تمام شب خاموش مانده، گفتند، چون صبح روشن شود او رامی کشیم. ۲ 2
Wofi tofi na amewo be wokpɔ Samson le dua me eya ta wona nyanya duŋudzɔlawo. Ŋutsu geɖewo de xa ɖi nɛ zã blibo la le dua ƒe agbo nu, ale be ne eva dzo yina la, yewoalée. Wogblɔ le wo ɖokui dome be, “Ne ŋu ke eye asifli le dzedzem ko la, míakpɔe alée, awui.”
و شمشون تا نصف شب خوابید. ونصف شب برخاسته، لنکهای دروازه شهر و دوباهو را گرفته، آنها را با پشت بند کند و بر دوش خود گذاشته، بر قله کوهی که در مقابل حبرون است، برد. ۳ 3
Samson mlɔ anyi kple gbolo la va se ɖe zãtitina. Efɔ heyi dua ƒe agbo la gbɔ. Eho agbo la kple eƒe atiwo le tome kpe ɖe gametiawo ŋu, tsɔ wo ɖe abɔta heyi ɖada ɖe to aɖe tame le Hebron ƒe akpa kɛme.
و بعد از آن واقع شد که زنی را در وادی سورق که اسمش دلیله بود، دوست می‌داشت. ۴ 4
Azɔ la, Samson dze ahiã ɖetugbi aɖe si ŋkɔe nye Delila ame si nɔ Sorek ƒe balime.
وسروران فلسطینیان نزد او برآمده، وی را گفتند: «او را فریفته، دریافت کن که قوت عظیمش در چه چیز است، و چگونه بر او غالب آییم تا او را بسته، ذلیل نماییم، و هریکی از ما هزار و صد مثقال نقره به تو خواهیم داد.» ۵ 5
Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo katã va yi Ɖelila gbɔ, eye wobia tso esi be wòable Samson nu ne wòagblɔ eƒe ŋusẽ ƒe dzɔtsoƒe nɛ ne wòava gblɔ na yewo ale be yewoate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi alée, ablae awɔ fui. Ne ete ŋu wɔ nenema la, ekema yewo dometɔ ɖe sia ɖe atsɔ klosalo akpe ɖeka kple alafa ɖeka anae.
پس دلیله به شمشون گفت: «تمنا اینکه به من بگویی که قوت عظیم تو در چه چیز است و چگونه می‌توان تو را بست و ذلیل نمود.» ۶ 6
Nu sia na Delila ɖe kuku na Samson be wòagblɔ eƒe nya ɣaɣla la na ye. Egblɔ be, “Meɖe kuku, gblɔ nu si na wò lãme sesẽna alea la nam, nyemebu be ame aɖeke ate ŋu alé wò o!”
شمشون وی را گفت: «اگر مرا به هفت ریسمان تر و تازه که خشک نباشد ببندند، من ضعیف و مثل سایر مردم خواهم شد.» ۷ 7
Samson gblɔ nɛ be, “Ne woablam kple datimeka yeye adre la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”
و سروران فلسطینیان هفت ریسمان تر و تازه که خشک نشده بود، نزد او آوردند و او وی را به آنهابست. ۸ 8
Ale wotsɔ datimeka yeye adre na Ɖelila eye esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila blae kple ka adreawo,
و کسان نزد وی در حجره در کمین می‌بودند و او وی را گفت: «ای شمشون فلسطینیان بر تو آمدند.» آنگاه ریسمانها رابگسیخت چنانکه ریسمان کتان که به آتش برخورد گسیخته شود، لهذا قوتش دریافت نشد. ۹ 9
le esime ŋutsu aɖewo be ɖe xɔ evelia me. Esi Ɖelila blae vɔ ko la, edo ɣli sesĩe be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson tso kaawo enumake abe ale si dzo lãa ɖetikawo ene. Ale womenya nu si tututu mee eƒe ŋusẽ triakɔ la le o.
و دلیله به شمشون گفت: «اینک استهزاکرده، به من دروغ گفتی، پس الان مرا خبر بده که به چه چیز تو را توان بست.» ۱۰ 10
Emegbe la, Delila gblɔ nɛ be, “Ɖeko nètsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene hele bleyem, meɖe kuku, gblɔ nu si tututu woawɔ hafi ate ŋu alé wò la nam dzro!”
او وی را گفت: «اگر مرا با طنابهای تازه که با آنها هیچ کار کرده نشده است، ببندند، ضعیف و مثل سایر مردان خواهم شد.» ۱۱ 11
Samson ɖo eŋu be, “Ne woblam kple ka yeye siwo wometsɔ bla nanekee kpɔ o la, ekema magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.”
و دلیله طنابهای تازه گرفته، او رابا آنها بست و به وی گفت: «ای شمشون فلسطینیان بر تو آمدند.» و کسان در حجره درکمین می‌بودند. آنگاه آنها را از بازوهای خود مثل نخ بگسیخت. ۱۲ 12
Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Delila tsɔ ka yeyewo blae. Ŋutsuwo gabe ɖe xɔ evelia me abe tsã ene eye Ɖelila do ɣli be, “Samson, Filistitɔwo va be yewoalé wò!” Samson tso kaawo abe yiyiɖɔ ƒe kawoe wonye ene!
و دلیله به شمشون گفت: «تابحال مرااستهزا نموده، دروغ گفتی. مرا بگو که به چه چیزبسته می‌شوی.» او وی را گفت: «اگر هفت گیسوی سر مرا با تار ببافی.» ۱۳ 13
Delila gagblɔ nɛ be, “Ɖeko nègatsɔm abe nu ɖikokoe aɖe ko ene, gblɔ ale si woate ŋu alé wòe la nam azɔ.” Samson gblɔ be, “Ne èlɔ̃ nye ɖakɔ adreawo abe ale si wolɔ̃a avɔe ene la, magbɔdzɔ abe ame bubuwo ene.” Ale esi Samson dɔ alɔ̃ la, Ɖelila lɔ̃ ɖakɔ adreawo
پس آنها را به میخ قایم بست و وی را گفت: «ای شمشون فلسطینیان بر تو آمدند.» آنگاه از خواب بیدار شده، هم میخ نورد نساج و هم تار را برکند. ۱۴ 14
eye wòtsɔ ɖalénu lée. Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ eye wòtu ɖa babla la.
و او وی را گفت: «چگونه می‌گویی که مرادوست می‌داری و حال آنکه دل تو با من نیست. این سه مرتبه مرا استهزا نموده، مرا خبر ندادی که قوت عظیم تو در چه چیز است.» ۱۵ 15
Ɖelila fa konyi be, “Aleke nàte ŋu agblɔ be yelɔ̃m gake màte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣla nam o? Èblem zi etɔ̃ sɔŋ eye mègblɔ afi si wò ŋusẽ le la nam o!”
و چون اووی را هر روز به سخنان خود عاجز می‌ساخت واو را الحاح می‌نمود و جانش تا به موت تنگ می‌شد، ۱۶ 16
Mlɔeba la, le eƒe gbe sia gbe ƒe nyatoƒitoto kple fuɖename ta la, ɖeɖi te Samson ŋu.
هر‌چه در دل خود داشت برای او بیان کرده، گفت که «استره بر سر من نیامده است، زیرا که از رحم مادرم برای خداوند نذیره شده‌ام، واگر تراشیده شوم، قوتم از من خواهد رفت وضعیف و مثل سایر مردمان خواهم شد.» ۱۷ 17
Ale Samson gblɔ nya sia nya nɛ be, “Womelũ ta nam kpɔ o elabena menye Naziritɔ si woɖe ɖe aga na Mawu tso nye dzidzime ke. Ne woalũ ta nam la, nye ŋusẽ adzo le gbɔnye eye magbɔdzɔ abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.”
پس چون دلیله دید که هرآنچه در دلش بود، برای او بیان کرده است، فرستاد و سروران فلسطینیان را طلبیده، گفت: «این دفعه بیایید زیراهرچه در دل داشت مرا گفته است.» آنگاه سروران فلسطینیان نزد او آمدند و نقد را به‌دست خود آوردند. ۱۸ 18
Delila dze sii bena egblɔ nyateƒe la na ye mlɔeba eya ta wòɖo du ɖe Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo. Egblɔ na wo be, “Migava zi ɖeka ko elabena azɔ ya la, egblɔ nya sia nya nam.” Tete Filisitɔwo ƒe amegãwo va eye wotsɔ klosalo ɖe asi.
و او را بر زانوهای خودخوابانیده، کسی را طلبید و هفت گیسوی سرش را تراشید. پس به ذلیل نمودن او شروع کرد وقوتش از او برفت. ۱۹ 19
Ɖelila ble Samson nu wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe atata. Eyɔ ame aɖe vɛ, wòko Samson ƒe ɖakɔ adreawo nɛ, ale Samson de asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ dzo. Ɖelila de asi kɔtutui me elabena ekpɔ be eƒe ŋusẽ dzi nɔ ɖeɖem kpɔtɔ.
و گفت: «ای شمشون فلسطینیان بر تو آمدند.» آنگاه از خواب بیدارشده، گفت: «مثل پیشتر بیرون رفته، خود رامی افشانم. اما او ندانست که خداوند از او دورشده است. ۲۰ 20
Azɔ edo ɣli be, “Samson, Filistitɔwo ƒo ɖe dziwò!” Samson nyɔ hebu le ta me be, “Mawɔ abe tsã ene. Maʋuʋu ɖokuinye eye magado tso woƒe asi me.” Ke medze sii be Yehowa dzo le ye gbɔ o.
پس فلسطینیان او را گرفته، چشمانش را کندند و او را به غزه آورده، به زنجیرهای برنجین بستند و در زندان دستاس می‌کرد. ۲۱ 21
Ale Filistitɔwo lée, wogbã eƒe ŋkuwo, kplɔe yi Gaza, de gae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wona wòtua bli abe gaxɔmenɔla ene.
و موی سرش بعد از تراشیدن باز به بلند شدن شروع نمود. ۲۲ 22
Ke sẽe ko la, eƒe ɖa gade asi toto me.
و سروران فلسطینیان جمع شدند تا قربانی عظیمی برای خدای خود، داجون بگذرانند، وبزم نمایند زیرا گفتند خدای ما دشمن ما شمشون را به‌دست ما تسلیم نموده است. ۲۳ 23
Azɔ la, Filistitɔwo ƒe dukplɔlawo ƒo ƒu be yewoasa vɔ na Dagon, woƒe mawu eye yewoaɖu ŋkekenyui elabena wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ Samson, míaƒe futɔ, de asi na mí.”
و چون خلق او را دیدند خدای خود را تمجید نمودند، زیراگفتند خدای ما دشمن ما را که زمین ما را خراب کرد و بسیاری از ما را کشت، به‌دست ما تسلیم نموده است. ۲۴ 24
Esi ameawo kpɔe la, wokafu woƒe mawu eye wogblɔ be, “Míaƒe mawu tsɔ míaƒe futɔ la de asi na mí, ame si gblẽ míaƒe anyigba eye wòwu mía dometɔ geɖewo.”
و چون دل ایشان شاد شد، گفتند: «شمشون را بخوانید تا برای ما بازی کند.» پس شمشون را از زندان آورده، برای ایشان بازی می کرد، و او را در میان ستونها برپا داشتند. ۲۵ 25
Wain si wono la na wokpɔ dzidzɔ eye wogblɔ be, “Miyɔ Samson ɖa wòava ɖe modzaka na mí.” Ale wokplɔe tso gaxɔ la me eye wòva ɖe modzaka na wo le Dagon subɔƒe. Esime wònɔ sɔti eve siwo tsɔ xɔgbagba la dome la,
وشمشون به پسری که دست او را می‌گرفت، گفت: «مرا واگذار تا ستونهایی که خانه بر آنها قایم است، لمس نموده، بر آنها تکیه نمایم.» ۲۶ 26
Samson gblɔ na ɖekakpui si lé eƒe alɔnu le ekplɔm la be, “Tsɔ nye asiwo ɖo sɔti eveawo ŋu. Medi be maziɔ ɖe wo ŋu ne madzudzɔ sẽe.”
و خانه از مردان و زنان پر بود و جمیع سروران فلسطینیان در آن بودند و قریب به سه هزار مرد و زن برپشت بام، بازی شمشون را تماشا می‌کردند. ۲۷ 27
Amewo yɔ xɔ la taŋtaŋ; Filistitɔwo ƒe kplɔla atɔ̃awo kple ame bubu akpe etɔ̃ nɔ xɔ la tame henɔ Samson ƒe modzakaɖename ƒe nuwɔnawo kpɔm.
و شمشون از خداوند استدعا نموده، گفت: «ای خداوند یهوه مرا بیاد آور و‌ای خدا این مرتبه فقط مرا قوت بده تا یک انتقام برای دو چشم خوداز فلسطینیان بکشم.» ۲۸ 28
Samson do gbe ɖa na Aƒetɔ la hegblɔ be, “Oo, Yehowa, Aƒetɔ Mawu, gaɖo ŋku dzinye. Meɖe kuku, gado ŋusẽm zi ɖeka ko, ale be mate ŋu abia hlɔ̃ Filistitɔwo ɖe nye ŋku siwo wogbã la dometɔ ɖeka pɛ ko ta.”
و شمشون دو ستون میان را که خانه بر آنها قایم بود، یکی را به‌دست راست و دیگری را به‌دست چپ خود گرفته، بر آنها تکیه نمود. ۲۹ 29
Samson tsɔ eƒe ŋusẽ katã tutu sɔtiawo sesĩe
و شمشون گفت: «همراه فلسطینیان بمیرم و با زور خم شده، خانه بر سروران و برتمامی خلقی که در آن بودند، افتاد. پس مردگانی که در موت خود کشت از مردگانی که درزندگی‌اش کشته بود، زیادتر بودند. ۳۰ 30
le esime wòdo gbe ɖa be, “Na maku kple Filistitɔ siawo.” Tete gbedoxɔ la ƒe dzisasã ge dze Filistitɔwo ƒe kplɔlawo kple ameawo katã dzi eye woku. Ale ame siwo Samson wu le eƒe kuɣi la sɔ gbɔ wu ame siwo wòwu le eƒe agbenɔɣi blibo la me.
آنگاه برادرانش و تمامی خاندان پدرش آمده، او رابرداشتند و او را آورده، در قبر پدرش مانوح درمیان صرعه و اشتاول دفن کردند. و او بیست سال بر اسرائیل داوری کرد. ۳۱ 31
Le esiawo megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va be woaxɔ eƒe kukua, wokɔe yi eƒe anyigba dzi eye woɖii ɖe Zora kple Estaol dome, afi si woɖi fofoa, Manoa ɖo. Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel ƒe blaeve.

< داوران 16 >