< داوران 15 >

و بعد از چندی، واقع شد که شمشون در روزهای درو گندم برای دیدن زن خود با بزغاله‌ای آمد و گفت نزد زن خود به حجره خواهم درآمد. لیکن پدرش نگذاشت که داخل شود. ۱ 1
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe, le luxaɣi la, Samson tsɔ gbɔ̃vi aɖe yi be yeatsɔ ana ye srɔ̃ eye yeadɔ kplii gake srɔ̃a fofo meɖe mɔ nɛ o.
و پدرزنش گفت: «گمان می‌کردم که او رابغض می‌نمودی، پس او را به رفیق تو دادم، آیاخواهر کوچکش از او بهتر نیست؛ او را به عوض وی برای خود بگیر.» ۲ 2
Egblɔ na Samson be, “Mebu xaa be ɖe nèlé fui eya ta metsɔe na xɔ̃wò wòɖe. Nɔvia suetɔ hã li, ame si dze tugbe wui eya ta àte ŋu aɖe eya boŋ.”
شمشون به ایشان گفت: «این دفعه از فلسطینیان بی‌گناه خواهم بود اگرایشان را اذیتی برسانم.» ۳ 3
Nu sia do dɔmedzoe na Samson ŋutɔ eya ta wòblu ɖe wo ta gblɔ be, “Ne nya aɖe dzɔ ɖe mia dzi fifia la, migabu fɔm o!”
و شمشون روانه شده، سیصد شغال گرفت، و مشعلها برداشته، دم بر دم گذاشت، و در میان هر دو‌دم مشعلی گذارد. ۴ 4
Nu sia ta Samson yi ɖalé abei alafa etɔ̃, sa kɔ abei eve ɖe sia ɖe ƒe asikewo ɖekae eye wòbla akakati ɖeka ɖe abei eve ɖe sia ɖe siwo ƒe asikewo wòsa ɖekae la ŋu.
ومشعلها را آتش زده، آنها را در کشتزارهای فلسطینیان فرستاد، و بافه‌ها و زرعها و باغهای زیتون را سوزانید. ۵ 5
Esi dzo tɔ akakati ɖe sia ɖe eye wòna abeiawo ƒu du yi Filistitɔwo ƒe agblewo me eye wotɔ dzo lu siwo womexa haɖe o kple wainkawo kpakple amitiwo.
و فلسطینیان گفتند: «کیست که این را کرده است؟» گفتند: «شمشون دامادتمنی، زیرا که زنش را گرفته، او را به رفیقش داده است.» پس فلسطینیان آمده، زن و پدرش را به آتش سوزانیدند. ۶ 6
Esi Filistitɔwo bia be ame kae wɔ esia la, woɖo eŋu na wo be, “Samson ye elabena srɔ̃a fofo tsɔ srɔ̃a na ŋutsu bubu wòɖe.” Ale Filistitɔwo tɔ dzo nyɔnuvi la kple fofoa kple woƒe aƒe.
و شمشون به ایشان گفت: «اگربه اینطور عمل کنید، البته از شما انتقام خواهم کشید و بعد از آن آرامی خواهم یافت.» ۷ 7
Samson ka atam be, “Magabia hlɔ̃ kokoko hafi adzudzɔ.”
و ایشان را از ساق تا ران به صدمه‌ای عظیم کشت. پس رفته، در مغاره صخره عیطام ساکن شد. ۸ 8
Eya ta Samson dza ali kple ata na wo hewu ame geɖewo eye wòyi ɖanɔ agado aɖe me le Etam.
و فلسطینیان برآمده، در یهودا اردو زدند ودر لحی متفرق شدند. ۹ 9
Filistitɔwo va ƒu asaɖa anyi ɖe Yuda eye wokaka ɖe Lehi.
و مردان یهودا گفتند: «چرا بر ما برآمدید.» گفتند: «آمده‌ایم تا شمشون را ببندیم و برحسب آنچه به ما کرده است به اوعمل نماییم.» ۱۰ 10
Yudatɔwo bia wo be, “Nu ka dim miele le afi sia?” Filistitɔwo ɖo eŋu be, “Míeva be míalé Samson eye míawɔe abe ale si wòwɔ mí ene.”
پس سه هزار نفر از یهودا به مغاره صخره عیطام رفته، به شمشون گفتند: «آیاندانسته‌ای که فلسطینیان بر ما تسلط دارند، پس این چه‌کار است که به ما کرده‌ای؟» در جواب ایشان گفت: «به نحوی که ایشان به من کردند، من به ایشان عمل نمودم.» ۱۱ 11
Ale Yuda ŋutsu alafa etɔ̃ yi Samson gbɔ le agado la me le Etam. Wobiae be, “Nu kae nye nu sia si nèle mía wɔm? Ɖe mènya be Filistitɔwoe le mía dzi ɖum oa?” Samson ɖo eŋu be, “Nu si wowɔm teƒe koe meɖo na wo.”
ایشان وی را گفتند: «ماآمده‌ایم تا تو را ببندیم و به‌دست فلسطینیان بسپاریم.» شمشون در جواب ایشان گفت: «برای من قسم بخورید که خود بر من هجوم نیاورید.» ۱۲ 12
Wogblɔ nɛ be, “Míeva be míalé wò eye míatsɔ wò ade asi na Filistitɔwo.” Samson gblɔ be, “Mika atam nam be miawo miawum o.”
ایشان در جواب وی گفتند: «حاشا! بلکه تو رابسته، به‌دست ایشان خواهیم سپرد، و یقین تو رانخواهیم کشت.» پس او را به دو طناب نو بسته، ازصخره برآوردند. ۱۳ 13
Woɖo eŋu be, “Míelɔ̃. Ɖe ko míabla wò, atsɔ wò ade asi na wo. Míawu wò o.” Ale woblae kple atagbika yeye eve eye wokplɔe dzoe tso agakpe la dzi.
و چون او به لحی رسید، فلسطینیان ازدیدن او نعره زدند و روح خداوند بر وی مستقرشده، طنابهایی که بر بازوهایش بود مثل کتانی که به آتش سوخته شود گردید، و بندها از دستهایش فروریخت. ۱۴ 14
Esi Samson kple Yuda ŋutsu siwo lée ɖo Lehi la, Filistitɔwo tso aseye kple ɣli. Enumake Yehowa ƒe ŋusẽ gaɖo Samson me eye atagbika siwo wotsɔ blae la tso abe ɖetika ko wonye ene eye woge le alɔnu nɛ!
و چانه تازه الاغی یافته، دست خود را دراز کرد و آن را گرفته، هزار مرد با آن کشت. ۱۵ 15
Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.
و شمشون گفت: «با چانه الاغ توده برتوده با چانه الاغ هزار مرد کشتم.» ۱۶ 16
Emegbe la Samson gblɔ be, “Tedzi glãe metsɔ wu ame akpe ɖekae!”
و چون ازگفتن فارغ شد، چانه را از دست خود انداخت وآن مکان را رمت لحی نامید. ۱۷ 17
Esi wòwu nya siawo gbɔgblɔ nu la, eɖe asi le tedziglã la ŋu da ɖi. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Ramat Lehi,” si gɔmee nye “Tedziglãtogbɛ.”
پس بسیار تشنه شده، نزد خداوند دعاکرده، گفت که «به‌دست بنده ات این نجات عظیم را دادی و آیا الان از تشنگی بمیرم و به‌دست نامختونان بیفتم؟» ۱۸ 18
Tsikɔ de asi Samson wuwu me vevie eya ta wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be, “Èɖe Israel nukutɔe to dzinye va se ɖe egbe! Ɖe maku azɔ le tsikɔwuame ta eye mage ɖe trɔ̃subɔla siawo si mea?”
پس خدا کفه‌ای را که درلحی بود شکافت که آب از آن جاری شد و چون بنوشید جانش برگشته، تازه روح شد. از این سبب اسمش عین حقوری خوانده شد که تا امروز درلحی است. ۱۹ 19
Ale Mawu na tsi do tso agakpe aɖe me eye esi Samson noe la, agbe gaɖo eme. Ena ŋkɔ teƒea be “En Hakore” si gɔmee nye, “Gbedoɖala Ƒe Vudo.” Eye teƒe sia gali va se ɖe egbe.
و او در روزهای فلسطینیان بیست سال بر اسرائیل داوری نمود. ۲۰ 20
Samson nye ʋɔnudrɔ̃la na Israel le ƒe blaeve siwo kplɔ nya siawo ɖo la me, ke Filistitɔwo gaɖu Israelnyigba la dzi kokoko.

< داوران 15 >