< Luka 16 >

1 Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Kesinɔtɔ aɖe xɔ gakɔntametola aɖe be wòakpɔ eƒe ganyawo dzi nɛ. Eteƒe medidi o la, eva se be gakɔntametola la nye ame fiti aɖe ŋutɔ.
彼は弟子たちにもこう言った。「ある富んだ人がいたが,彼には一人の管理人がいた。この者が主人の財産を浪費しているという告発が彼になされた。
2 “Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’
彼は管理人を呼んで言った,『わたしがお前について聞いているこのことは,どういうことなのか。お前の管理の会計報告を出しなさい。もう管理はさせられない』。
3 “Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa.
「その管理人は自分の内で言った,『どうしようか。わたしの主人はわたしから管理職を取り上げるというのだ。土を掘るほどの力はない。物ごいをするのは恥ずかしい。
4 Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’
どうすればよいかわかったぞ。こうすれば,わたしが管理職から外された時,人々はわたしを自分たちの家に迎えてくれるだろう』。
5 “Ale wòyɔ eƒe aƒetɔ ƒe fenyilawo ɖekaɖeka. Ebia gbãtɔ be, ‘Ho neni ƒe fe nènyi le nye aƒetɔ ŋu?’
自分の主人の借り主たちを一人ずつ呼び出して,最初の者に言った,『わたしの主人にどのくらいの借りがあるのか』。
6 “Eɖo eŋu be, ‘Amitimi kilolita etɔ̃.’ “Gakɔntametola gblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ gbãtɔ, nɔ anyi kaba, eye nàtrɔe wòazu kilolita ɖeka kple afã.’
彼は言った,『油百バトスです』。管理人は彼に言った,『自分の証書を取りなさい。早く座って,五十と書きなさい』。
7 “Tete wòbia ame evelia be, ‘Fe nenie wò ya nènyi?’ “Eɖo eŋu be, ‘Lu kilo blaetɔ̃ vɔ atɔ̃.’ “Egblɔ nɛ be, ‘Tsɔ wò fegbalẽ, eye nàŋlɔ kilo blaetɔ̃.’
それから別の者に言った,『どのくらいの借りがあるのか』。彼は言った,『小麦百コロスです』。管理人は彼に言った,『自分の証書を取って,八十と書きなさい』。
8 “Aƒetɔ la kafu nuteƒemawɔla sia le eƒe aɖaŋudzedze ta. Eye enye nyateƒe be ame siwo le xexe sia me la dze aye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me tsɔ wu ame siwo vɔ̃a Mawu.” (aiōn g165)
「主人は,この不正な管理人が賢く行動したので,彼をほめた。というのは,この世の子らは,自分たちの世代の中では,光の子らよりも賢いからだ。 (aiōn g165)
9 Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me. (aiōnios g166)
あなた方に告げる。不義の富で自分のために友人たちを作りなさい。そうすれば,それが尽きたとき,彼らはあなた方を永遠の天幕に迎え入れてくれるだろう。 (aiōnios g166)
10 “Ame si te ŋu wɔ nuteƒe le nu suetɔ me la ate ŋu awɔ nuteƒe le nu geɖewo hã me, eye ame si nye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu suetɔ me la anye nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.
ごく小さなことに忠実な者は,多くのことにも忠実だ。ごく小さなことに不正直な者は,多くのことにも不正直だ。
11 Ne amewo mekana ɖe mia dzi ɣe aɖeke ɣi le xexemekesinɔnuwo ŋuti o la, ame kae atsɔ dziƒo nu xɔasi vavãwo ade mia si?
だから,あなた方が不義の富に関して忠実でなかったなら,だれがあなた方に真実の富をゆだねるだろうか。
12 Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò?
あなた方が他人のものに関して忠実でなかったなら,だれがあなた方にあなた方自身のものを与えるだろうか。
13 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.”
どんな召使いも二人の主人に仕えることはできない。一方を憎んで他方を愛するか,一方を重んじて他方をさげすむかのどちらかだからだ。あなた方は神と富の両方に仕えることはできない」 。
14 Farisitɔ siwo lɔ̃a ga vivivo la se nya siawo katã, eye woɖo hehe ɖe Yesu ta.
お金を愛する者であるファリサイ人たちもこれらのすべてのことを聞いていたが,彼らは彼をあざ笑った。
15 Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.
彼は彼らに言った,「あなた方は人々の面前で自分を義とする者たちだ。だが,神はあなた方の心を知っておられる。人々の間で高くされているものも,神のみ前では嫌悪すべきものだからだ。
16 “Hafi Yohanes Mawutsidetanamela nadze mawunyagbɔgblɔ gɔme la, Mose ƒe sewo kple Nyagblɔɖilawo ƒe gbedeasiwo koe kplɔa mi. Gake Yohanes tsɔ nyanyui sia vɛ be mawufiaɖuƒe la gbɔna kpuie. Eye fifia la, ame geɖe ŋutɔ le ʋiʋlim vevie be yewoage ɖe eme.
律法と預言者たちとはヨハネに至るまでだった。その時から,神の王国の福音が宣教されており,すべての人がその中に無理にでも入ろうとしている。
17 Gake esia mefia be sea ƒe ŋusẽ dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ aɖeke nu o. Ŋusẽ gale eŋu, eye wòle te sesĩe abe dziƒo kple anyigba ene.
だが,律法からごく小さな一画が落ちるよりは,天と地の過ぎ行くほうが易しいだろう。
18 “Eya ta ne ame aɖe gbe srɔ̃a, eye wòɖe nyɔnu bubu la ewɔ ahasi, eye ame si hã ɖe nyɔnu si ŋu woɖe asi le la hã wɔ ahasi.”
自分の妻を離縁して別の女と結婚する者は,姦淫を犯すのだ。夫から離縁された女と結婚する者は,姦淫を犯すのだ。
19 “Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe.
「さて,ある富んだ人がいた。紫の衣と上等の亜麻布を身に着けて,毎日ぜいたくに暮らしていた。
20 Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu.
その門の前には,ラザロという名のこじきが,できものだらけの身で横たわっていて,
21 Emlɔa afi sia henɔa mɔ kpɔm be nuɖuɖu kakɛ aɖe ava ka ye si tso kesinɔtɔ la ƒe nuɖukplɔ̃ dzi. Avuwo va nɔa eƒe abiwo me ɖuɖɔm le agboa nu.
富んだ人の食卓から落ちるパンくずで腹を満たしたいと思っていた。そればかりか,犬たちまでやって来ては,彼のできものをなめていた。
22 “Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii.
やがて,そのこじきは死んで,み使いたちによってアブラハムの懐に運び去られた。富んだ人も死んで,葬られた。
23 Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ. (Hadēs g86)
ハデスで苦しみながら目を上げると,はるか遠くにいるアブラハムと,その懐にいるラザロとが見えた。 (Hadēs g86)
24 Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’
彼は叫んで言った,『父アブラハムよ,わたしをあわれんでください。そしてラザロをお遣わしになり,その指先を水に浸して,わたしの舌を冷やすようにさせてください! わたしはこの炎の中で苦しんでいるからです』。
25 “Gake Abraham gblɔ nɛ be, ‘Ŋutsu, ɖo ŋku edzi be le wò agbemeŋkekewo me la, èkpɔ nu sia nu si nèdi, ke naneke menɔ Lazaro ya si o. Ale le afi sia la, ekpɔ akɔfafa, ke wò ya èle vevesese me.
「だが,アブラハムは言った,『子よ,お前は一生の間に自分の良いものを受け,ラザロは同様に悪いものを受けたことを思い出しなさい。だが,今ここでは,彼は慰められ,お前は苦痛のうちにある。
26 Hekpe ɖe esia ŋu la, ʋe gã aɖe le mí kpli wò dome, ale be ne ame aɖe be yeatso afii ava mia gbɔ la, ʋe la gbɔ ko wòava se, eye ame aɖeke hã mate ŋu atso mia gbɔ ava mía gbɔ o.’
それだけではなく,わたしたちとお前たちとの間には大きな裂け目が設けられていて,ここからお前のところに通って行こうと思う者たちもそれができず,そちらからわたしたちのところに渡って来られる者たちもいないのだ』。
27 “Ale kesinɔtɔ la gblɔ be, ‘Fofo Abraham, ekema dɔ Lazaro ɖe fofonye ƒe aƒe me,
「彼は言った,『それではお願いです,父よ,わたしの父の家に彼を遣わしてください。
28 elabena nɔviŋutsu atɔ̃ bubuwo gale megbea be wòagbe nya na wo tso agbe si ƒomevi wole la ŋu be ne woawo hã va ku la, womava dzomavɔ sia me o.’
わたしには兄弟が五人いますので,彼らまでこの苦しみの場所に入ることのないように,彼らに対して証言をさせていただきたいのです』。
29 “Abraham ɖo eŋu be, ‘Mose kple Nyagblɔɖilawo le wo gbɔ, woaɖo to woawo.’
「だが,アブラハムは彼に言った,『彼らにはモーセと預言者たちがいる。その者たちに聞き従えばよい』。
30 “Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’
「彼は言った,『そうではないのです,父アブラハムよ,むしろ,だれかが死んだ者たちの中から行くなら,彼らは悔い改めるでしょう』。
31 “Egblɔ nɛ be, ‘Nenye be womaɖo to Mose kple Nyagblɔɖilawo o la, ne ame aɖe fɔ tso ame kukuwo dome gɔ̃ hã la, mate ŋu aƒoe ɖe wo nu woaxɔe o.’”
「アブラハムは彼に言った,『彼らがモーセと預言者たちに聞き従わないのであれば,だれかが死んだ者たちのなかから生き返ったとしても,彼らが説得されることはないだろう』」 。

< Luka 16 >