< Mose 1 37 >

1 Ale Yakob gatso aƒe ɖe Kanaan, afi si fofoa nɔ la.
And Jacob dwelt in the land wherein his father was a stranger, in the land of Canaan.
2 Esiae nye Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinya. Fifia Yakob ƒe vi Yosef xɔ ƒe wuiadre. Eya kple fofoviawo, ame siwo nye fofoa srɔ̃wo Bilha kple Zilpa ƒe viwo ƒe dɔe nye be woakpɔ wo fofo ƒe lãwo dzi. Yosef gblɔa nu madzemadze siwo nɔviawo wɔna la na wo fofo.
These are the generations of Jacob. Joseph, being seventeen years old, was feeding the flock with his brethren; and the lad was with the sons of Bilhah, and with the sons of Zilpah, his father's wives: and Joseph brought unto his father their evil report.
3 Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo, elabena wodzi Yosef nɛ esime wònye amegãɖeɖi. Ale gbe ɖeka Yakob tɔ awu ʋlaya nyui aɖe nɛ.
Now Israel loved Joseph more than all his children, because he was the son of his old age: and he made him a coat of many colours.
4 Yosef nɔviwo de dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ si wo fofo tsɔ nɛ la, eya ta wolé fui, eye womeƒoa nu nɛ kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbe o.
And when his brethren saw that their father loved him more than all his brethren, they hated him, and could not speak peaceably unto him.
5 Gbe ɖeka la, Yosef ku drɔ̃e, eye wòlĩi na nɔviawo. Nu sia gadzi nɔviawo ƒe fuléle ɖe edzi!
And Joseph dreamed a dream, and he told it his brethren: and they hated him yet the more.
6 Egblɔ be, “Miɖo to miase nye drɔ̃e la ɖa.
And he said unto them, Hear, I pray you, this dream which I have dreamed:
7 Míeyi ɖanɔ mɔlu blam le gbedzi; tete nye mɔlu babla tsi tsitre, eye mia tɔwo katã va ƒo xlãe, eye wode ta agu nɛ.”
For, behold, we were binding sheaves in the field, and, lo, my sheaf arose, and also stood upright; and, behold, your sheaves stood round about, and made reverence to my sheaf.
8 Nɔviawo gblɔ nɛ fewuɖutɔe be, “Ekema ɖe nèdi be yeazu fia ɖe mía dzia?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu le eƒe drɔ̃e la kple eƒe nyawo ta.
And his brethren said to him, Shall you indeed reign over us? or shall you indeed have dominion over us? And they hated him yet the more for his dreams, and for his words.
9 Yosef gaku drɔ̃e bubu, eye wògalĩi na nɔviawo be, “Mise nye drɔ̃e si megaku la ɖa. Ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ de ta agu nam!”
And he dreamed yet another dream, and told it his brethren, and said, Behold, I have dreamed a dream more; and, behold, the sun and the moon and the eleven stars made reverence to me.
10 Azɔ ya la, elĩ drɔ̃e la na fofoa kple nɔviawo siaa, ke fofoa ka mo nɛ hebiae be, “Drɔ̃e ka tɔgbie nye esia? Ɖe nye kple dawò kple nɔviwòwo míava de ta agu na wò gbe ɖekaa?”
And he told it to his father, and to his brethren: and his father rebuked him, and said unto him, What is this dream that you have dreamed? Shall I and your mother and your brethren indeed come to bow down ourselves to you to the earth?
11 Nɔviawo ʋã ŋui ɖe edzi wu, gake fofoa ya de ŋugble le nya la ŋuti.
And his brethren envied him; but his father observed the saying.
12 Gbe ɖaka la, Yosef nɔviwo kplɔ wo fofo ƒe alẽwo yi gbedzi le Sekem.
And his brethren went to feed their father's flock in Shechem.
13 Israel gblɔ na Yosef be, “Abe ale si nènyae ene la, nɔviwòwo le alẽawo dzi kpɔm le teƒe si te ɖe Sekem ŋu. Va madɔ wò ɖe nɔviwòwo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be, “Enyo.”
And Israel said unto Joseph, Do not your brethren feed the flock in Shechem? come, and I will send you unto them. And he said to him, Here am I.
14 Ale wògblɔ nɛ be, “Yi nàkpɔe ɖa be nu sia nu le edzi yim nyuie na nɔviwòwo kple woƒe lãwo hã, eye nàva gblɔe nam.” Ale wòɖoe ɖa le Hebron ƒe Balime. Esime Yosef ɖo Sekem la,
And he said to him, Go, I pray you, see whether it be well with your brethren, and well with the flocks; and bring me word again. So he sent him out of the vale of Hebron, and he came to Shechem.
15 ŋutsu aɖe kpɔe le gbea dzi, eye wòbiae be, “Ame ka dim nèle?”
And a certain man found him, and, behold, he was wandering in the field: and the man asked him, saying, What seek you?
16 Yosef ɖo eŋu be, “Nɔvinyewo kple woƒe alẽwo dim mele; èkpɔ wo nama?”
And he said, I seek my brethren: tell me, I pray you, where they feed their flocks.
17 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, womegale afi sia o; mese nɔviwòwo nɔ gbɔgblɔm be yewoayi Dotan.” Ale Yosef dze wo yome yi Dotan, eye wòkpɔ wo le afi ma.
And the man said, They are departed behind; for I heard them say, Let us go to Dothan. And Joseph went after his brethren, and found them in Dothan.
18 Ke esi wògbɔna la, wodze sii tso adzɔge ke, eye woɖo be yewoawui!
And when they saw him far off, even before he came near unto them, they conspired against him to slay him.
19 Wogblɔ na wo nɔewo be, “Drɔ̃ekula ma gbɔna ɖaa!
And they said one to another, Behold, this dreamer comes.
20 Mina míawui atsɔ eƒe ŋutilã aƒu gbe ɖe vudo siawo dometɔ ɖeka me, eye míagblɔ be lã wɔadã aɖee vuvui. Ekema míakpɔ nu si ado tso eƒe drɔ̃ekuku la me ɖa.”
Come now therefore, and let us slay him, and cast him into some pit, and we will say, Some evil beast has devoured him: and we shall see what will become of his dreams.
21 Esi Ruben se nya sia la, edze agbagba be yeaɖee tso woƒe asi me. Egblɔ be, “Migana míawui o.
And Reuben heard it, and he delivered him out of their hands; and said, Let us not kill him.
22 Migakɔ ʋu aɖeke ɖi o. Midae ɖe vudo sia me le gbegbe la, gake migade asi eŋu o.” Ruben gblɔ nya sia be yeaɖee tso woƒe asi me, eye yeakplɔe ayi na fofoa.
And Reuben said unto them, Shed no blood, but cast him into this pit that is in the wilderness, and lay no hand upon him; that he might rid him out of their hands, to deliver him to his father again.
23 Eya ta esi Yosef ɖo nɔviawo gbɔ la, woɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu,
And it came to pass, when Joseph was come unto his brethren, that they stripped Joseph out of his coat, his coat of many colours that was on him;
24 eye wolée da ɖe vudo aɖe si me tsi menɔ o la me.
And they took him, and cast him into a pit: and the pit was empty, there was no water in it.
25 Wonɔ anyi, ɖu nu; kasia wokpɔ kposɔ aɖewo le didiƒe gbɔna wo gbɔ. Wonye Ismaeletɔ asitsala siwo tso Gilead la, eye wotsɔ aŋe, lifi kple kotoklobo yina ɖe Egipte.
And they sat down to eat bread: and they lifted up their eyes and looked, and, behold, a company of Ishmeelites came from Gilead with their camels bearing spices and balm and myrrh, going to carry it down to Egypt.
26 Yuda gblɔ na nɔviawo be, “Viɖe ka míakpɔ ne míewu mía nɔvi, eye míetsyɔ nu eƒe ʋu dzi?
And Judah said unto his brethren, What profit is it if we slay our brother, and conceal his blood?
27 “Mina míadzrae na Ismaeletɔwo, eye míade asi eŋu o, elabena mía nɔviŋutsue; míawo ŋutɔ míaƒe ŋutilã kple ʋue.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi.
Come, and let us sell him to the Ishmeelites, and let not our hand be upon him; for he is our brother and our flesh. And his brethren were content.
28 Ale esi Midiansitsalawo va ɖo wo gbɔ la, woɖe Yosef le vudo la me, dzrae na Ismaeletɔwo klosalo blaeve, eye wokplɔe yi Egipte.
Then there passed by Midianites merchantmen; and they drew and lifted up Joseph out of the pit, and sold Joseph to the Ishmeelites for twenty pieces of silver: and they brought Joseph into Egypt.
29 Ruben menɔ anyi hafi nɔviawo dzra Yosef o. Emegbe esi wòtrɔ gbɔ la, eyi be yeaɖe Yosef le vudo la me, ke esi wòkpɔ be Yosef megale vudoa me o la, evee ŋutɔ, eye wòdze eƒe awuwo.
And Reuben returned unto the pit; and, behold, Joseph was not in the pit; and he rent his clothes.
30 Efa avi hegblɔ na nɔviawo be, “Ɖevi la megale vudo la me o; ke afi ka nye ya mayi fifia?”
And he returned unto his brethren, and said, The child is not; and I, where shall I go?
31 Nɔviawo wu gbɔ̃ aɖe, eye wotsɔ Yosef ƒe awuwo bliba ɖe gbɔ̃ la ƒe ʋu me.
And they took Joseph's coat, and killed a kid of the goats, and dipped the coat in the blood;
32 Wotsɔ awu la yi na wo fofo be wòakpɔ ɖa be ame ka tɔe mahã. Wogblɔ nɛ be, “Míekpɔ awu sia le gbedzi. Yosef tɔe loo alo menye etɔe oa?”
And they sent the coat of many colours, and they brought it to their father; and said, This have we found: know now whether it be your son's coat or no.
33 Wo fofo kpɔe dze sii enumake. Efa avi gblɔ be, “Ɛ̃, vinye ƒe awue. Lã wɔadã aɖee lée; eme kɔ ƒãa be lã wɔadã aɖe vuvu Yosef.”
And he knew it, and said, It is my son's coat; an evil beast has devoured him; Joseph is without doubt rent in pieces.
34 Israel dze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòfa konyi le via ƒe ku ta kɔsiɖa geɖewo.
And Jacob rent his clothes, and put sackcloth upon his loins, and mourned for his son many days.
35 Ƒometɔwo katã dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔna be, “Medi be maku le vinye la fafa me,” eye wògawoa avi hehehe! (Sheol h7585)
And all his sons and all his daughters rose up to comfort him; but he refused to be comforted; and he said, For I will go down into the grave unto my son mourning. Thus his father wept for him. (Sheol h7585)
36 Midiantɔwo kplɔ Yosef yi Egipte, eye wodzrae na Potifar, ame si nye Egipte fia, Farao ƒe aƒedzikpɔla kple eŋudzɔsrafowo ƒe amegã.
And the Midianites sold him into Egypt unto Potiphar, an officer of Pharaoh's, and captain of the guard.

< Mose 1 37 >