< Mose 2 1 >

1 Israel ƒe viŋutsu siwo kplɔ Yakob ɖo yi Egipte kple woƒe ƒometɔwoe nye:
Now these are the names of the children of Israel, which came into Egypt; every man and his household came with Jacob.
2 Ruben, Simeon, Levi, Yuda,
Reuben, Simeon, Levi, and Judah,
3 Isaka, Zebulon, Benyamin,
Issachar, Zebulun, and Benjamin,
4 Dan, Naftali, Gad kple Aser.
Dan, and Naphtali, Gad, and Asher.
5 Ame siwo katã kplɔ Yakob ɖo yi Egipte la anɔ ame blaadre. Yosef ya nɔ afi ma xoxo.
And all the souls that came out of the loins of Jacob were seventy souls: for Joseph was in Egypt already.
6 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yosef kple nɔviawo katã ku, eye dzidzime ma nu tso.
And Joseph died, and all his brethren, and all that generation.
7 Azɔ la, Israelviwo ƒe dzidzimeviwo dzina kabakaba. Wodzi sɔ gbɔ ale gbegbe be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wozu dukɔ gã aɖe, eye woyɔ anyigba la dzi fũu.
And the children of Israel were fruitful, and increased abundantly, and multiplied, and waxed exceeding mighty; and the land was filled with them.
8 Eva eme be fia yeye aɖe va ɖu Egipte dzi, ame si menya Yosef o.
Now there arose up a new king over Egypt, which knew not Joseph.
9 Fia sia gblɔ na eƒe amewo be, “Kpɔ ɖa, Israelvi siawo sɔ gbɔ wu mí akpa.
And he said unto his people, Behold, the people of the children of Israel are more and mightier than we:
10 Mina míato ayemɔ aɖe dzi atsi nu sia nu. Ne míetsi nu sia nu o, eye aʋa dzɔ la, woade míaƒe futɔwo dzi, awɔ aʋa kpli mí asi adzo le anyigba la dzi.”
Come on, let us deal wisely with them; lest they multiply, and it come to pass, that, when there falls out any war, they join also unto our enemies, and fight against us, and so get them up out of the land.
11 Ale Egiptetɔwo wɔ Israelviwo woƒe kluviwoe. Wotsɔ dɔdzikpɔla ŋutasẽlawo ɖo wo nu be woana woawɔ dɔ sesẽ, woatu nudzraɖoƒe gãwo ɖe Pitom kple Rameses na Farao.
Therefore they did set over them taskmasters to afflict them with their burdens. And they built for Pharaoh treasure cities, Pithom and Raamses.
12 Togbɔ be Egiptetɔwo nɔ fu wɔm Israelviwo, eye wonɔ wo tem ɖe to wu tsã gɔ̃ hã la, Israelviwo ganɔ dzidzim ɖe edzi kokoko! Nu sia gado ŋɔdzi na Egiptetɔwo wu
But the more they afflicted them, the more they multiplied and grew. And they were grieved because of the children of Israel.
13 eye wogazi wo dzi wu tsã.
And the Egyptians made the children of Israel to serve with rigour:
14 Wona agbenɔnɔ ti wo to dɔ sesẽ wɔwɔ le anyikpewo meme kple agbledɔwo wɔwɔ me. Egiptetɔwo na wowɔ dɔ sesẽ siawo katã nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
And they made their lives bitter with hard bondage, in mortar, and in brick, and in all manner of service in the field: all their service, wherein they made them serve, was with rigour.
15 Egipte fia gblɔ na Hebri nyɔnu siwo nye vixelawo, ame siwo ŋkɔwoe nye Sipra kple Pua be,
And the king of Egypt spoke to the Hebrew midwives, of which the name of the one was Shiphrah, and the name of the other Puah:
16 “Ne miekpe ɖe Hebri nyɔnu aɖe ŋu wòdzi vi, eye miekpɔ le vidziƒea be ŋutsuvi wòdzi la, miwu ɖevi la enumake, gake ne nyɔnuvi wòdzi la, mina ɖevia natsi agbe.”
And he said, When all of you do the office of a midwife to the Hebrew women, and see them upon the stools; if it be a son, then all of you shall kill him: but if it be a daughter, then she shall live.
17 Ke vixela siawo vɔ̃a Mawu, eye womewɔ ɖe Egipte fia la ƒe se la dzi o, wona ŋutsuviawo hã tsi agbe.
But the midwives feared God, and did not as the king of Egypt commanded them, but saved the men children alive.
18 Fia la yɔ vixelawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta miegbe nye se la dzi wɔwɔ, eye miena ŋutsuviawo hã le agbe tsim ɖo?”
And the king of Egypt called for the midwives, and said unto them, Why have all of you done this thing, and have saved the men children alive?
19 Woɖo eŋu na Farao be, “Aƒetɔ, Hebri nyɔnuwo ƒe vidzidzi tsɔna ale gbegbe be, míeɖoa wo gbɔ hafi wodzia vi le wo ɖokuiwo si o. Woawo ƒe vidzidzi mexɔa ɣeyiɣi abe míaƒe Egipte nyɔnuwo tɔ ene o!”
And the midwives said unto Pharaoh, Because the Hebrew women are not as the Egyptian women; for they are lively, and are delivered before the midwives come in unto them.
20 Le esia ta Mawu yra vixelawo. Ale Israelviwo dzi ɖe edzi, eye wokpɔ ŋusẽ ŋutɔ.
Therefore God dealt well with the midwives: and the people multiplied, and waxed very mighty.
21 Esi vixelawo vɔ̃a Mawu ta la, Mawu na viwo woawo hã.
And it came to pass, because the midwives feared God, that he made them houses.
22 Fia Farao va de se na eƒe amewo katã be, “Miatsɔ ŋutsuvi ɖe sia ɖe si woadzi la aƒu gbe ɖe Nil tɔsisi la me, ke miana nyɔnuviwo ya natsi agbe.”
And Pharaoh charged all his people, saying, Every son that is born all of you shall cast into the river, and every daughter all of you shall keep alive.

< Mose 2 1 >