< Job 22 >

1 Så tog Temaniten Elifaz til Orde og sagde:
Temanitɔ, Elifaz ɖo eŋu be,
2 "Gavner et Menneske Gud? Nej, den kloge gavner sig selv.
“Ɖe ame anye viɖenu na Mawua? Ɖe nunyala gɔ̃ hã anye viɖenu nɛa?
3 Har den Almægtige godt af din Retfærd, Vinding af, at din Vandel er ret?
Dzidzɔ ka wòanye na Ŋusẽkatãtɔ la ne ènye ame dzɔdzɔe? Eye viɖe ka wòakpɔ ne fɔɖiɖi mele wò mɔwo ŋu o?
4 Revser han dig for din Gudsfrygt? Eller går han i Rette med dig derfor?
“Wò Mawuvɔvɔ̃ tae wòka mo na wò hetsɔ nya ɖe ŋuwòa?
5 Er ikke din Ondskab stor og din Brøde uden Ende?
Ɖe wò nu vɔ̃ɖi wɔwɔ mekpe ŋutɔ oa? Ɖe nuwuwu li na wò nu vɔ̃woa?
6 Thi du pantede Brødre uden Grund, trak Klæderne af de nøgne,
Èbia megbedanu tso nɔviwò ŋutsuwo si susumanɔmetɔe eye nèɖe avɔ le amewo ŋu wotsi amama.
7 gav ikke den trætte Vand at drikke og nægted den sultne Brød.
Mèna tsi ame siwo nu ti kɔ na la wono o eye nète nuɖuɖu dɔwuitɔwo,
8 Den mægtige - hans var Landet, den hædrede boede der.
evɔ nèhenye ŋusẽtɔ, anyigba le asiwò eye nèle anyigba dzi, bubu le ŋuwò.
9 Du lod Enker gå tomhændet bort, knuste de faderløses Arme.
Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.
10 Derfor var der Snaret omkring dig, og Rædsel ængsted dig brat.
Eya ta mɔkawo ɖe to ɖe wò ɖo eya ta dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe dziwò kpoyi hedo ŋɔdzi na wò
11 Dit Lys blev Mørke, du kan ej se, og Strømme af Vand går over dig!
eya ta viviti do ale gbegbe be màgate ŋu akpɔ nu o eye eya tae tɔɖɔɖɔ va tsyɔ dziwò ɖo.
12 Er Gud ej i højen Himmel? Se Stjernernes Tinde, hvor højt de står!
“Ɖe Mawu mele dziƒo kɔkɔtɔ oa? Ɖe mekpɔ ale si ɣletivi kɔkɔtɔwo kɔkɔe oa?
13 Dog siger du: "Hvad ved Gud, holder han Dom bag sorten Sky?
Gake ègblɔ be, ‘Nu ka Mawu nya? Ɖe wòdrɔ̃a ʋɔnu to viviti ma tɔgbi mea?
14 Skyerne skjuler ham, så han ej ser, på Himlens Runding går han!"
Lilikpo dodowo xe eŋkume eya ta mekpɔa mí ne ele tsatsam le dziƒo ƒe agbo sesẽwo me o.’
15 Vil du følge Fortidens Sti, som Urettens Mænd betrådte,
Ɖe nàgalé mɔ xoxo si dzi ame vɔ̃ɖiwo zɔ va yi la me ɖe asia?
16 de, som i Utide reves bort, hvis Grundvold flød bort som en Strøm,
Wokplɔ wo dzoe hafi woƒe ɣeyiɣi de eye tsiɖɔɖɔ kplɔ woƒe gɔmeɖokpewo dzoe.
17 som sagde til Gud: "Gå fra os! Hvad kan den Almægtige gøre os?"
Wogblɔ na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Nu kae Ŋusẽkatãtɔ la awɔ mí?’
18 Og han havde dog fyldt deres Huse med godt. Men de gudløses Råd er ham fjernt.
Evɔ wònye eyae tsɔ nu nyuiwo yɔ xɔ na wo fũu, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede.
19 De retfærdige så det og glædede sig, den uskyldige spottede dem:
Ame dzɔdzɔewo kpɔ woƒe gbegblẽ eye dzi dzɔ wo, ame maɖifɔwo gblɔ ɖe wo ŋu fewuɖutɔe be,
20 For vist, vore Fjender forgik, og Ild fortæred de sidste af dem.
‘Wotsrɔ̃ míaƒe futɔwo vavã eye dzo va fia woƒe kesinɔnuwo.’
21 Bliv Ven med ham og hold Fred. derved vil der times dig Lykke;
“Tsɔ ɖokuiwò na Mawu eye nànɔ ŋutifafa me kplii, to esia me la, dzɔgbenyui ava wò mɔ dzi.
22 tag dog mod Lærdom af ham og læg dig hans Ord på Sinde!
Xɔ nufiame tso eƒe nu me, eye nàtsɔ eƒe nyawo adzra ɖo ɖe wò dzi me
23 Vender du ydmygt om til den Almægtige, fjerner du Uretten fra dit Telt,
Ne ètrɔ va Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ la, agaɖo wò te. Ne èɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖa xaa tso wò agbadɔ gbɔ,
24 kaster du Guldet på Jorden, Ofirguldet blandt Bækkenes Sten,
eye nètsɔ wò dzonu veviwo kɔ ɖe ke me, tsɔ wò sika adodoe si tso Ofir ƒu gbe ɖe agakpewo tome la,
25 så den Almægtige bliver dit Guld, hans Lov dit Sølv,
ekema Ŋusẽkatãtɔ la anye wò sika kple klosalo nyuitɔ.
26 ja, da skal du fryde dig over den Almægtige og løfte dit Åsyn til Gud.
Ekema le nyateƒe me la, Ŋusẽkatãtɔ ƒe nu ado dzidzɔ na wò eye àwu wò mo dzi ɖe Mawu ŋu.
27 Beder du til ham, hører han dig, indfri kan du, hvad du har lovet;
Àdo gbe ɖa nɛ, wòaɖo to wò eye àxe wò adzɔgbeɖefewo nɛ.
28 hvad du sætter dig for, det lykkes, det lysner på dine Veje;
Nu si nèɖo la, ava eme na wò eye kekeli aklẽ ɖe wò mɔwo dzi.
29 thi stolte, hovmodige ydmyger han, men hjælper den, der slår Øjnene ned;
Ne woɖiɖi amewo ɖe anyi, eye nègblɔ be, ‘Fɔ wo ɖe dzi!’ la, ekema woafɔ ame siwo wote ɖe anyi la ɖe dzi.
30 han frelser uskyldig Mand; det sker ved hans Hænders Renhed!
Aɖe ame si ŋu fɔɖiɖi le gɔ̃ hã, ame si woaɖe to wò asi ƒe kɔkɔenɔnɔ me.”

< Job 22 >