< Job 15 >

1 Så tog Temaniten Elifaz til Orde og sagde:
Temanitɔ, Elifaz ɖo Hiob ƒe nyawo ŋu be,
2 "Mon Vismand svarer med Mundsvejr og fylder sit Indre med Østenvind
“Ɖe nunyala aɖo nya ŋu kple susu gbɔlo alo ana ɣedzeƒeya xɔdzo nayɔ eƒe dɔ mea?
3 for at hævde sin Ret med gavnløs Tale, med Ord, som intet båder?
Ɖe wòatsɔ nya manyatalenuwo ahe nya alo atsɔ nuƒoƒo si nye nya dzodzro ahe nyaea?
4 Desuden nedbryder du Gudsfrygt og krænker den Stilhed, som tilkommer Gud.
Kura gɔ̃ hã la, èɖi gbɔ̃ mawuvɔvɔ̃ eye nèhe mawusubɔsubɔ adodoea ɖe megbe.
5 Din Skyld oplærer din Mund, du vælger de listiges Sprog.
Wò nu vɔ̃e ƒoe ɖe nuwò ale nètia ayetɔwo ƒe aɖe.
6 Din Mund domfælder dig, ikke jeg, dine Læber vidner imod dig!
Wò ŋutɔ wò nue bu fɔ wò, menye tɔnyee o, eye wò ŋutɔ wò nuyiwoe ɖu ɖasefo ɖe ŋuwò.
7 Var du den første, der fødtes, kom du til Verden, før Højene var?
“Wòe nye ame gbãtɔ si wodzi kpɔa? Ɖe wodzi wò hafi togbɛwo va dzɔa?
8 Mon du lytted til, da Gud holdt Råd, og mon du rev Visdommen til dig?
Èse Mawu ƒe aɖaŋudede kple toa? Gbɔwò ko nunya tso aƒe ɖoa?
9 Hvad ved du, som vi ikke ved, hvad forstår du, som vi ikke kender?
Nu ka nènya si míawo ya míenya o? Nu ka gɔmee nèse esi gɔme míawo míese o?
10 Også vi har en gammel iblandt os, en Olding, hvis Dage er fler end din Faders!
Ta ƒowɔ tɔwo kple amegãɖeɖiwo le mía dzi, ame siwo tsi wu fofowò gɔ̃ hã.
11 Er Guds Trøst dig for lidt, det Ord, han mildelig talede til dig?
Ɖe Mawu ƒe akɔfanamenya siwo wògblɔ bɔlɔɔ la, mesɔ agbɔ na wò oa?
12 Hvi river dit Hjerte dig hen, hvi ruller dit Øje vildt?
Nu ka ŋuti wò dzi kplɔ wò dzoe, wò ŋkuwo le dzo dam,
13 Thi du vender din Harme mod Gud og udstøder Ord af din Mund.
ale be nènyɔ wò dziku ɖe Mawu ŋu eye nètrɔ nya siawo kɔ ɖi tso wò nu me?
14 Hvor kan et Menneske være rent, en kvindefødt have Ret?
“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?
15 End ikke sine Hellige tror han, og Himlen er ikke ren i hans Øjne,
Ne Mawu meka ɖe eƒe kɔkɔetɔwo dzi o eye dziƒowo gɔ̃ hã medza le eƒe ŋkume o,
16 hvad da den stygge, den onde, Manden, der drikker Uret som Vand!
aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!
17 Jeg vil sige dig noget, hør mig, jeg fortæller, hvad jeg har set,
“Ɖo tom ne maɖe nu me na wò; na magblɔ nu si teƒe mekpɔ la na wò,
18 hvad vise Mænd har forkyndt, deres Fædre ikke dulgt,
nu si nunyalawo ɖe gbeƒãe eye womeɣla naneke si woxɔ tso wo fofowo gbɔ o,
19 dem alene var Landet givet, ingen fremmed færdedes blandt dem:
ame siwo ko wotsɔ anyigba la na, esi amedzro aɖeke meto wo dome o.
20 Den gudløse ængstes hele sit Liv, de stakkede År, en Voldsmand lever;
Ame vɔ̃ɖi kpea fuwo ƒe fu le eƒe agbemeŋkekewo katã me, nenema ke ŋutasẽla hã kpea fu le ƒe siwo katã woɖo ɖi nɛ la me.
21 Rædselslyde fylder hans Ører, midt under Fred er Hærgeren over ham;
Gbeɖiɖi siwo ŋu ŋɔdzi le la yɔ eƒe tome fũu eye ne wòdze abe nuwo ɖe wole afɔ tsɔm ene la, adzohawo va dzea edzi.
22 han undkommer ikke fra Mørket, opsparet er han for Sværdet,
Dzi ɖe le eƒo be mate ŋu asi le viviti la nu o elabena wotsɔe de asi na yi.
23 udset til Føde for Gribbe, han ved, at han står for Fald;
Ele tsaglalã tsam le nuɖuɖu dim abe akaga ene elabena enya be vivitidogbe la tu aƒe kpokploe.
24 Mørkets Dag vil skræmme ham. Trængsel og Angst overvælde ham som en Konge, rustet til Strid.
Xaxa kple vevesese na ŋɔdzi lé eya amea ŋutɔ eye wova dze edzi abe fia si le klalo na aʋakpekpe ene.
25 Thi Hånden rakte han ud mod Gud og bød den Almægtige Trods,
Elabena eŋlɔ kɔ do ɖe mo na Mawu eye wòdze aglã ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ŋu,
26 stormed bårdnakket mod ham med sine tykke, buede Skjolde.
helũ ɖe edzi ɖekematsɔlemetɔe kple akpoxɔnu titri sesẽ aɖe.
27 Thi han dækked sit Ansigt med Fedt og samlede Huld på sin Lænd.
“Togbɔ be eda ami ɖe mo gbɔ eye wòlolo ɖe ali gbɔ hã la,
28 tog Bolig i Byer, der øde lå hen. i Huse, man ikke må bo i, bestemt til at ligge i Grus.
anɔ du gbagbãwo kple xɔ siwo me ame aɖeke mele o la me, xɔ siwo gbã zu glikpo.
29 Han bliver ej rig, hans Velstand forgår, til Jorden bøjer sig ikke hans Aks;
Magakpɔ hotsui o eye eƒe kesinɔnuwo maganɔ anyi alo eƒe nunɔamesiwo nagbagba ɖe anyigba dzi o.
30 han undkommer ikke fra Mørket. Solglød udtørrer hans Spire, hans Blomst rives bort af Vinden.
Masi le viviti la nu o, dzo ƒe aɖe ana eƒe alɔwo nayrɔ eye Mawu ƒe numegbɔgbɔ akplɔe adzoe.
31 Han stole ikke på Tomhed han farer vild thi Tomhed skal være hans Løn!
Megable eɖokui, atsɔ eƒe dzi aɖo nu si nye tofloko la ŋu o elabena ɖeke maɖe vi nɛ o.
32 I Utide visner hans Stamme, hans Palmegren skal ikke grønnes;
Hafi eƒe ɣeyiɣi nade la, woaɖo eteƒe nɛ abe ale si dze ene eye eƒe alɔdzewo matsi ɖe edzi o.
33 han ryster som Ranken sin brue af og kaster som Olietræet sin Blomst.
Anɔ abe wainka si ŋu wogbe waintsetse gbogbowo katã le la ene alo abe amiti si dudu eƒe seƒoƒowo ene.
34 Thi vanhelliges Samfund er goldt, og Ild fortærer Bestikkelsens Telte;
Elabena mawumavɔ̃lawo ƒe ha madzi ɖe edzi o eye dzo afia ame siwo lɔ̃a zãnuxɔxɔ ƒe agbadɔwo.
35 svangre med Kvide, føder de Uret, og deres Moderskød fostrer Svig!
Wofɔa fukpekpe ƒe fu, hedzia nu vɔ̃ɖi eye beble ɖoa atsyɔ̃ ɖe woƒe vidzidɔwo me.”

< Job 15 >