< دوم تواریخ 7 >

و چون سلیمان از دعا کردن فارغ شد، آتش از آسمان فرود آمده، قربانی های سوختنی و ذبایح را سوزانید و جلال خداوند خانه را مملوساخت. ۱ 1
Esi Solomo wu gbedodoɖa nu la, dzo ge tso dziƒo, fia numevɔsa kple vɔsa la eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la me.
و کاهنان به خانه خداوند نتوانستندداخل شوند، زیرا جلال یهوه خانه خداوند را پرکرده بود. ۲ 2
Nunɔlaawo mete ŋu ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o elabena Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔe fũu.
و چون تمامی بنی‌اسرائیل آتش را که فرود می‌آمد و جلال خداوند را که بر خانه می‌بوددیدند، روی خود را به زمین بر سنگفرش نهادند وسجده نموده، خداوند را حمد گفتند که او نیکواست، زیرا که رحمت او تا ابدالاباد است. ۳ 3
Israel blibo la kpɔ nu sia teƒe eye wotsyɔ mo anyi, kafu Yehowa eye woda akpe nɛ hedo ɣli bena, “Eƒe dɔme nyo eye eƒe amenuveve li tegbee!”
و پادشاه و تمامی قوم قربانی‌ها در حضورخداوند گذرانیدند. ۴ 4
Fia la kple ameawo katã sa vɔwo le Yehowa ŋkume
و سلیمان پادشاه بیست ودو هزار گاو و صد و بیست هزار گوسفند برای قربانی گذرانید و پادشاه و تمامی قوم، خانه خدا را تبریک نمودند. ۵ 5
eye Fia Solomo sa vɔ kple nyi akpe blaeve-vɔ-eve kple ale kple gbɔ̃ akpe alafa ɖeka blaeve. Ale fia la kple ameawo katã kɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu.
و کاهنان بر سر شغلهای مخصوص خود ایستاده بودند و لاویان، آلات نغمه خداوند را (به‌دست گرفتند) که داود پادشاه آنها را ساخته بود، تا خداوند را به آنها حمدگویند، زیرا که رحمت او تا ابدالاباد است، و داودبه وساطت آنها تسبیح می‌خواند و کاهنان پیش ایشان کرنا می‌نواختند و تمام اسرائیل ایستاده بودند. ۶ 6
Nunɔlawo nɔ tsitre ɖe woƒe dɔwɔƒewo le esime Levitɔwo nɔ woƒe akpedahawo dzim be, “Eƒe amenuveve li tegbee” kpe ɖe haƒonu siwo Fia David ŋutɔ wɔ eye wòna wowɔa wo ŋu dɔ hena Yehowa kafukafu ŋuti. Esi nunɔlaawo ku kpẽawo la, Israel ƒe ameha blibo la tsi tsitre.
و سلیمان وسط صحنی را که پیش خانه خداوند بود، تقدیس نمود زیرا که در آنجاقربانی های سوختنی و پیه ذبایح سلامتی رامی گذرانید، چونکه مذبح برنجینی که سلیمان ساخته بود، قربانی های سوختنی وهدایای آردی و پیه ذبایح را گنجایش نداشت. ۷ 7
Solomo kɔ xɔxɔnu emetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ ŋgɔ la ŋuti eye le afi ma wòsa numevɔ, nuɖuvɔ kple akpedavɔ ƒe amiwo le elabena akɔblivɔsamlekpui si wòwɔ la le sue akpa na numevɔ, nuɖuvɔ kple amiawo.
و در آنوقت سلیمان و تمامی اسرائیل با وی هفت روز را عید نگاه داشتند و آن انجمن بسیاربزرگ از مدخل حمات تا نهر مصر بود. ۸ 8
Azɔ la, Solomo ɖu ŋkekenyui le ɣe ma ɣi me eye Israel katã ɖui kplii. Ameha gã aɖe ŋutɔe wònye, ameawo tso Lebo Hamat va se ɖe Egipte tɔʋu la gbɔ ke.
و درروز هشتم محفلی مقدس برپا داشتند، زیرا که برای تبریک مذبح هفت روز و برای عید هفت روز نگاه داشتند. ۹ 9
Wode ŋkekenyui sia ƒe akpedasɔleme mamlɛtɔ le ŋkeke enyia gbe.
و در روز بیست و سوم ماه هفتم قوم را به خیمه های ایشان مرخص فرمود وایشان به‌سبب احسانی که خداوند به داود وسلیمان و قوم خود اسرائیل کرده بود، شادمان وخوشدل بودند. ۱۰ 10
Fia Solomo ɖo ameawo ɖe aƒe le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-etɔ̃lia gbe. Ameawo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le ale si Yehowa ve David kple Solomo kpakple eƒe dukɔ, Israel nu la ta.
پس سلیمان خانه خداوند و خانه پادشاه راتمام کرد و هرآنچه سلیمان قصد نموده بود که درخانه خداوند و در خانه خود بسازد، آن را نیکو به انجام رسانید. ۱۱ 11
Esi Solomo wu Yehowa ƒe gbedoxɔ kple fiasã la tutu kple nu siwo katã wòɖo ɖe ta me be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple eya ŋutɔ ƒe fiasã me nu la,
و خداوند بر سلیمان در شب ظاهر شده، اورا گفت: «دعای تو را اجابت نمودم و این مکان رابرای خود برگزیدم تا خانه قربانی‌ها شود. ۱۲ 12
Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã me eye wògblɔ nɛ be, “Mese wò gbedodoɖa eye metia teƒe sia na ɖokuinye be wòanye gbedoxɔ na vɔsawo.
اگرآسمان را ببندم تا باران نبارد و اگر امر کنم که ملخ، حاصل زمین را بخورد و اگر وبا در میان قوم خودبفرستم، ۱۳ 13
“Ne metu dziƒowo nu ale be tsi megale dzadzam o alo meɖe gbe na ʋetsuviwo be woaɖu nu siwo le anyigba dzi alo medɔ dɔvɔ̃ ɖe dukɔ la dome la,
و قوم من که به اسم من نامیده شده اندمتواضع شوند، و دعا کرده، طالب حضور من باشند، و از راههای بد خویش بازگشت نمایند، آنگاه من از آسمان اجابت خواهم فرمود، وگناهان ایشان را خواهم آمرزید و زمین ایشان راشفا خواهم داد. ۱۴ 14
ekema ne nye dukɔ, ame siwo ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo abɔbɔ wo ɖokui, ado gbe ɖa, adi nye ŋkume eye woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu la, mase woƒe gbedodoɖa le dziƒo, matsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo eye mayɔ dɔ woƒe anyigba.
و از این به بعد چشمان من گشاده، و گوشهای من به دعایی که در این مکان کرده شود شنوا خواهد بود. ۱۵ 15
Azɔ la, nye ŋkuwo anɔ ʋuʋu eye nye towo anɔ te ɖe gbe ɖe sia ɖe si woado ɖa le teƒe sia ŋuti.
و حال این خانه رااختیار کرده، و تقدیس نموده‌ام که اسم من تا به ابددر آن قرار گیرد و چشم و دل من همیشه بر آن باشد. ۱۶ 16
Metia eye mekɔ gbedoxɔ sia ŋuti ale be nye ŋkɔ anɔ afi ma tegbetegbee. Nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣe sia ɣi.
و اگر تو به حضور من سلوک نمایی، چنانکه پدرت داود سلوک نمود و برحسب هرآنچه تو را امر فرمایم عمل نمایی و فرایض واحکام مرا نگاه داری، ۱۷ 17
“Ke wò la, ne àzɔ le ŋkunye me, aɖi anukware abe fofowò, David ene eye nàwɔ nye seawo dzi, alé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
آنگاه کرسی سلطنت تورا استوار خواهم ساخت چنانکه با پدرت داودعهد بسته، گفتم کسی‌که بر اسرائیل سلطنت نماید از تو منقطع نخواهد شد. ۱۸ 18
ekema makpɔ egbɔ be, wò fiaɖuƒe nali ke abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene hegblɔ nɛ be, ‘Wò ame siwo aɖu fia ɖe Israel dzi la matso o.’
«لیکن اگر شما برگردید و فرایض و احکام مرا که پیش روی شما نهاده‌ام ترک نمایید و رفته، خدایان غیر را عبادت کنید، و آنها را سجده نمایید، ۱۹ 19
“Ke ne mènɔ yonyeme o, ne ègbe se siwo mena mi dzi la wɔwɔ eye miesubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,
آنگاه ایشان را از زمینی که به ایشان داده‌ام خواهم کند و این خانه را که برای اسم خودتقدیس نموده‌ام، از حضور خود خواهم افکند وآن را در میان جمیع قوم‌ها ضرب‌المثل و مسخره خواهم ساخت. ۲۰ 20
mate nye amewo le nye anyigba si metsɔ na wo la dzi eye maɖe gbedoxɔ sia togbɔ be mekɔ eŋuti na ɖokuinye hã. Mana wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
و این خانه که اینقدر رفیع است هرکه از آن بگذرد متحیر شده، خواهدگفت: برای چه خداوند به این زمین و به این خانه چنین عمل نموده است؟ ۲۱ 21
Gbedoxɔ sia azu xɔ gbagbã si ƒe xɔtunuwo woali kɔe ɖi eye ame sia ame si ava tso eme yina la ƒe nu aku, eye wòabia be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu siawo ɖe anyigba sia kple gbedoxɔ sia ŋu?’
و جواب خواهندداد: چونکه یهوه خدای پدران خود را که ایشان رااز زمین مصر بیرون آورد ترک کردند و به خدایان غیر متمسک شده، آنها را سجده و عبادت نمودند از این جهت تمامی این بلا را بر ایشان وارد آورده است.» ۲۲ 22
Woaɖo eŋu be, ‘Elabena ameawo ɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ame si kplɔ wo do goe le Egiptenyigba dzi la ŋu eye wosubɔ mawu bubuwo eya tae wòhe dzɔgbevɔ̃e sia va wo dzi ɖo!’”

< دوم تواریخ 7 >