< عزرا 1 >

و در سال اول کورش، پادشاه فارس تا کلام خداوند به زبان ارمیا کامل شود، خداوندروح کورش پادشاه فارس را برانگیخت تا درتمامی ممالک خود فرمانی نافذ کرد و آن را نیزمرقوم داشت و گفت: ۱ 1
Le Sirus ƒe fiaɖuɖu ɖe Persia dzi ƒe ƒe gbãtɔ me la, be yeawɔ Yehowa ƒe nya si Yeremia gblɔ dzi la, Yehowa ʋã Sirus, Persia fia ƒe dzi be wòaɖe gbeƒã le eƒe anyigba blibo la dzi, eye wòaŋlɔ gbeƒãɖeɖe sia ɖe agbalẽ me be:
«کورش پادشاه فارس چنین می‌فرماید: یهوه خدای آسمانها جمیع ممالک زمین را به من داده و مرا امر فرموده است که خانه‌ای برای وی در اورشلیم که در یهودااست بنا نمایم. ۲ 2
Nu si Sirus, Persia fia gblɔe nye esi: “Yehowa, dziƒo ƒe Mawu, tsɔ anyigbadzidukɔwo katã dzi ɖuɖu de asi nam, eye wòtiam be matu gbedoxɔ na ye le Yerusalem, le Yuda.
پس کیست از شما از تمامی قوم او که خدایش با وی باشد؟ او به اورشلیم که دریهودا است، برود و خانه یهوه را که خدای اسرائیل و خدای حقیقی است، در اورشلیم بنانماید. ۳ 3
Ame siwo nye Yehowa ƒe amewo, eye wole mia dome la, ate ŋu ayi Yerusalem le Yuda, eye woatu Yehowa, Israel ƒe Mawu, Mawu si le Yerusalem ƒe gbedoxɔ la. Woƒe Mawu nanɔ kpli wo.
و هر‌که باقی‌مانده باشد، در هر مکانی ازمکان هایی که در آنها غریب می‌باشد، اهل آن مکان او را به نقره و طلا و اموال و چهارپایان علاوه بر هدایای تبرعی به جهت خانه خدا که دراورشلیم است اعانت نمایند.» ۴ 4
Mikpe ɖe ame siwo katã susɔ, afi ka ke wole o ŋu kple klosalo, sika, nunɔmesiwo, lãhawo kple lɔlɔ̃nununana hena Mawu ƒe gbedoxɔ la tutu le Yerusalem.”
پس روسای آبای یهودا و بنیامین و کاهنان ولاویان با همه کسانی که خدا روح ایشان رابرانگیزانیده بود برخاسته، روانه شدند تا خانه خداوند را که در اورشلیم است بنا نمایند. ۵ 5
Tete ƒometatɔ siwo le Yuda kple Benyamin, nunɔlawo kple Levitɔwo kple ame sia ame si ƒe dzi Mawu ʋã ko la, dzra ɖo be woayi Yerusalem aɖatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la.
وجمیع همسایگان ایشان، ایشان را به آلات نقره وطلا و اموال و چهارپایان و تحفه‌ها، علاوه بر همه هدایای تبرعی اعانت کردند. ۶ 6
Woƒe aƒelikawo kpe ɖe wo ŋu kple klosalo kple sikanuwo, nunɔamesiwo, lãhawo kple nunana xɔasi bubuwo, hekpe ɖe lɔlɔ̃nununana bubuwo katã ŋu.
و کورش پادشاه ظروف خانه خداوند را که نبوکدنصر آنها را از اورشلیم آورده و در خانه خدایان خود گذاشته بود، بیرون آورد. ۷ 7
Gawu la, Fia Sirus ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siwo Nebukadnezar lɔ le Yerusalem dzoe, eye wòtsɔ wo da ɖe eƒe mawuxɔ me la ɖe go.
و کورش پادشاه فارس، آنها رااز دست متردات، خزانه‌دار خود بیرون آورده، به شیشبصر رئیس یهودیان شمرد. ۸ 8
Persia Fia Sirus na Mitreda, fiasãmenuwo dzikpɔla ɖe wo ɖe go, eye wòxlẽ wo de asi na Sesbazar, mɔmefia si nɔ Yuda dzi kpɔm.
و عدد آنها این است: سی طاس طلا و هزار طاس نقره و بیست ونه کارد، ۹ 9
Nuawo ƒe xexlẽ me yi ale: Sikanuɖugba blaetɔ̃, Klosalonuɖugba akpe ɖeka, Klosalohɛ blaeve-vɔ-asiekɛ,
و سی جام طلا و چهارصد و ده جام نقره از قسم دوم و هزار ظرف دیگر. ۱۰ 10
Sikagagba blaetɔ̃, Klosalogagba alafa ene kple ewo, nu bubuwo akpe ɖeka.
تمامی ظروف طلا و نقره پنجهزار و چهارصد بود وشیشبصر همه آنها را با اسیرانی که از بابل به اورشلیم می‌رفتند برد. ۱۱ 11
Sika kple klosalonuwo katã le akpe atɔ̃ alafa ene. Sesbazar lɔ nu siawo katã ɖe asi, esi aboyomeawo tso Babilonia va Yerusalem.

< عزرا 1 >