< Hiob 10 >

1 “Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me. 2 Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o gake gblɔ nu siwo nye nya nètsɔ ɖe ŋutinye la nam. 3 Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to, be nètsɔ wò asinudɔwɔwɔ ƒu gbe eye nèle alɔgbɔnu kom na ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖowoa? 4 Ŋutilãmeŋkue le tawòa? Ɖe nèkpɔa nu abe ale si amegbetɔ kodzogbea kpɔa nu enea? 5 Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene alo wò ƒewo le abe amegbetɔ tɔ ene, 6 be nàtsa adi nye vodadawo, aku nye nu vɔ̃wo gɔme, 7 evɔ nènya be nyemedze agɔ o eye ame aɖeke mate ŋu axɔm le wò asi me oa? 8 “‘Wò asiwoe wɔm eye womem. Ɖe nàtrɔ azɔ atsrɔ̃ma? 9 Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem. Ɖe nàgatrɔm azɔ mazu anyia? 10 Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene eye nèna mebla abe notsi babla ene oa? 11 Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye eye nètem ƒo ƒu ɖe nye ƒuwo kple lãmekawo ŋuti oa? 12 Èna agbem henyo dɔ me nam eye le wò ametakpɔkpɔ la ta nèdzɔ nye gbɔgbɔ ŋuti. 13 “‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me eye menya be esia le wò susu me be, 14 Ne mewɔ nu vɔ̃ la, wò ŋkuwo anɔ ŋutinye eye màgbe tohehe nam le nye vodada ta o. 15 Ne meɖi fɔ la, baba nam! Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nyemate ŋu afɔ mo dzi o elabena ŋukpe yɔ menye fũu eye menyrɔ ɖe nye vevesese me. 16 Ne mefɔ mo dzi la, ekema èɖeam ɖe nu abe dzata ene eye nèɖea wò ŋusẽ dziŋɔ la fiana ɖe ŋutinye. 17 Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye eye nèdoa dziku ɖe ŋutinye ɖe edzi, ale wò aʋakɔwo tsona ɖe ŋunye ɖe wo nɔewo yome abe ƒutsotsoewo ene. 18 “‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o. 19 Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye ƒe dɔ me yi yɔdo mee la, ne enyo ta! 20 Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa? Ɖe mo ɖa le ŋunye ale be nye hã makpɔ dzidzɔ vi aɖe, 21 hafi ayi demagbɔnugbe, ne mayi ɖe viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi, 22 anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le, teƒe si nye blukɔ tsiɖitsiɖi kple tɔtɔ teƒe, afi si kekeli le ko abe viviti ene.’”

< Hiob 10 >