< Psalmowo 1 >

1 Woayra ame si mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu alo nɔa tsitre ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe mɔ dzi loo alo nɔa anyi ɖe fewuɖulawo dome o, 2 ke boŋ ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eŋu zã kple keli. 3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie. 4 Mele alea na ame vɔ̃ɖi ya o! Wole abe blitsro si ya ƒona dzonae la ene. 5 Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o. 6 Elabena Yehowa kpɔa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ ta, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ atsrɔ̃ gbidii.

< Psalmowo 1 >