< До євреїв 9 >

1 Мала ж і перва скиня установи служби, і сьвятиню людську.
Azɔ la, nubabla gbãtɔ ɖo ɖoɖowo anyi na subɔsubɔ, eye wotu anyigba dzi kɔkɔeƒe hã.
2 Споруджено бо перву скиню, а в ній сьвітильник і стіл і предложеннє хлібів, котра зветь ся: Сьвята.
Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.
3 За другою ж завісою скина, що звана: Сьвятая Сьвятих;
Wotsɔ xɔmetsovɔ tso xɔ sia mee, eye woyɔ agbadɔ si le xɔmetsovɔa megbe la be, Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe.
4 мала вона золоту кадильницю і ковчег завіта, окований усюди золотом, а в ньому посудина золота з манною, і жезло Ааронове зацьвівше, і скрижалї завіта,
Nu siwo le xɔ sia mee nye Sikavɔsamlekpui kple aɖaka si woyɔna be nubablaɖaka. Wofa sika ɖe aɖaka sia ŋuti kpe ɖo. Le aɖaka sia me la, míakpɔ kpe eve siwo dzi woŋlɔ se ewoawo ɖo, eye sikazɔ si me mana le la hã le aɖaka la me hekpe ɖe Aron ƒe atikplɔ si ƒo se la ŋuti.
5 а над ним херувими слави, отїнюючі ублагальню. Про се не слїд менї говорити порізно.
Ŋutikɔkɔkɔe ƒe Kerubiwo nɔ nubablaɖaka la tame, eye wokeke woƒe aʋalawo ɖe teƒe si wotsɔa nu vɔ̃ kena le. Ke míate ŋu adzro nya siawo me ayi edzi fifia o.
6 Як же се так устроєно, то в перву скиню завсїди входили сьвященики, правлячи служби;
Ne nu sia nu sɔ gbe vɔ la, nunɔlawo gena ɖe xɔ ŋgɔgbetɔ me ɖaa edzedzi, eye wowɔa mawusubɔsubɔdɔ.
7 у другу ж раз у рік сам архиєрей, не без крові, котру приносить за себе і за людські провини.
Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.
8 Сим ясує Дух сьвятий, що дорога у сьвятиню ще не явилась, доки перва скиня стоїть.
Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖee fia to esia dzi be womeklo nu le mɔ si yi Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la dzi haɖe o, zi ale si Agbadɔ gbãtɔ la gale te nu ko.
9 Котра єсть образ часу настоящого, в котрому приносять ся і дари і жертви, що не можуть звершити по совісті того, хто служить,
Esiae nye nufiafia tso fifia ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti, esi le asi tɔm edzi be nunana kple vɔsa siwo wowɔna na Mawu la mate ŋu aɖe vɔ̃ ɖa le ame si le subɔsubɔ wɔm la ƒe susu me o.
10 а були тілько в їжах і напитках, та у всяких обливаннях і установах тіла, накинуті аж до часу направи.
Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.
11 Хрйстос же, прийшовши яко Архиєрей грядущих благ, із більшою і звершенїщою скинею, нерукотвореною, се єсть не такого будування,
Esi Kristo va abe nu nyui siwo li xoxo ƒe nunɔlagã ene la, eto agbadɔ si lolo hede blibo wu la me, agbadɔ si wometsɔ asi tui o alo míagblɔ be menye nuwɔwɔ la ƒe akpa aɖe o.
12 анї з кровю козлиною, ні телячою, а своєю кровю, увійшов раз у сьвятиню, знайшовши вічне відкупленнє. (aiōnios g166)
Mege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me to gbɔ̃wo kple nyiviwo ƒe ʋu me o, ke boŋ ege ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me zi ɖeka hɔ̃ɔ hena ɣeyiɣiwo katã to eya ŋutɔ ƒe ʋu me, esia me wòto xɔ ɖeɖe mavɔ na mí. (aiōnios g166)
13 Бо коли кров волова та козина і попід з яловиці, окроплюючи осквернених, осьвячує на тілесну чистоту;
Nenye be gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyiviwo ƒe afi si wohlẽ ɖe ame siwo ŋuti mekɔ o la ŋu wɔnɛ be woƒe ŋuti kɔna le gotagome la,
14 то скілько більше кров Христа, що Духом вічнїм принїс себе непорочного Богу, очистить совість вашу від мертвих діл, щоб служити Богу живому? (aiōnios g166)
ekema Kristo, ame si to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu fɔɖiɖimanɔmee la ƒe ʋu aklɔ míaƒe dzitsinyawo ŋuti tso nu siwo hea ku vanɛ la me wu, ale be míate ŋu asubɔ Mawu gbagbe la. (aiōnios g166)
15 І задля того Він посередник нового завіту, щоб, як станеть ся смерть, на одкупленнє переступів, що (були) у первому завіті, прийняли покликані обітницю вічнього наслїддя. (aiōnios g166)
Le susu sia tae Kristo nye nubabla yeye la ƒe avuléla be ame siwo woyɔ la naxɔ domenyinyi mavɔ la ƒe ŋugbedodo. Azɔ la, eku be wòazu fexexe ɖe ame siwo wɔ nu vɔ̃ le nubabla xoxoa te la ta. (aiōnios g166)
16 Де бо єсть завіт, там мусить прийти й смерть завітуючого.
Afi si woŋlɔ domenyigbalẽ da ɖi le la, ehiã be ame si ŋlɔ agbalẽ sia naku hafi,
17 Завіт бо після мертвих має силу: яко ж бо нїчого не стоїть, доки жив завітуючий.
elabena wowɔa domenyigbalẽa me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔe da ɖi la megava li o. Womewɔa domenyigbalẽ me nyawo ŋuti dɔ ne ame si ŋlɔ agbalẽ la le agbe o.
18 Тим же й первий не був осьвячений без крови.
Esia tae womewɔ nubabla gbãtɔ me nyawo dzi ʋumanɔmee o.
19 Як вирік бо Мойсей всяку заповідь по закону всім людям, то взявши крови телячої та козлиної з водою та червоної вовни та гисопу, покропив і саму книгу і ввесь народ,
Esi Mose ɖe gbeƒã se ɖe sia ɖe si le segbalẽa me na dukɔa la, etsɔ nyiviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu, tsi, ɖetifufu dzĩ kple kakle, eye wòtsɔe hlẽ ʋu ɖe segbalẽ kple dukɔ la katã ŋuti.
20 глаголючи: "Се кров завіту, котрий завітував вам Бог."
Tete wògblɔ be, “Esia nye nubabla la ƒe ʋu, nubabla si Mawu de se na mi be mialé ɖe asi.”
21 І скиню і ввесь посуд служебний кровю так само покропив.
Nenema ke wòhlẽ ʋu ɖe agbadɔ la kple nu siwo katã ŋuti dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la ŋuti.
22 А мало не все кровю очищаєть ся по закону, і без пролиття крови не буває оставлення (гріхів).
Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.
23 Оце ж треба було, щоб образи небесного сим очищались, саме ж небесне луччими жертвами, ніж сї.
Eya ta ehiã kokoko be woakɔ nu siwo nye dziƒonuwo ƒe vɔvɔli ŋuti kple vɔsa siawo, gake woakɔ dziƒonuawo ŋutɔ ŋu kple vɔsa siwo de ŋgɔ wu esiawo.
24 Не в рукотворену бо сьвятиню ввійшов Христос, зроблену взором правдивої, а в саме небо, щоб нинї являтись лицю Божому за нас,
Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi la me esi nye vavãtɔ ƒe vɔvɔli la me o, ke boŋ eyi ɖe dziƒotɔ la ŋutɔ me afi si wòdo ɖe Mawu ŋkume le azɔ ɖe mía teƒe
25 анї щоб много раз приносити себе, яко ж архиєрей входить у святиню по всї роки з чужою кровю;
Nenema ke meyi ɖe dziƒo be wòatsɔ eɖokui ana zi geɖe abe ale si nunɔlagã la gena ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ƒe sia ƒe kple ʋu si menye eya ŋutɔ tɔ o la ene o.
26 (а то б треба було Йому много раз страдати від настання сьвіту) а нинї раз у концї віків явив ся на знївеченнє гріха жертвою своєю. (aiōn g165)
Ne ele alea la, ele na Kristo be wòatsɔ eɖokui ana fukpekpe zi geɖe tso esime ke woɖo xexea me gɔme anyi, gake azɔ la, eva zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã le ɣeyiɣi siawo ƒe nuwuwu be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa to eɖokui tsɔtsɔ sa vɔe me. (aiōn g165)
27 І як призначено людям раз умерти, а потім суд,
Abe ale si woɖoe na ame be wòaku zi ɖeka, eye le esia megbe wòadze ŋgɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ene la,
28 так і Христос, один раз принесений, щоб понести гріхи многих, удруге без гріха явить ся ждучим Його на спасеннє.
nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.

< До євреїв 9 >