< Apocalipsis 20 >

1 Y vi un ángel descender del cielo, que tenía la llave del abismo, y una gran cadena en su mano. (Abyssos g12)
Eye mekpɔ mawudɔla aɖe wòɖi tso dziƒo gbɔna. Ʋe globo la ƒe safui kple gakɔsɔkɔsɔ gã aɖe nɔ esi. (Abyssos g12)
2 Y prendió al dragón, aquella serpiente antigua, que es el Diablo y Satanás, y lo ató por mil años;
Elé ʋɔ driba la, da xoxo ma si nye gbɔgbɔ vɔ̃ alo Satana, eye wòblae hena ƒe akpe ɖeka.
3 y lo envió al abismo, y lo encerró, y selló sobre él, para que no engañe más a los gentiles, hasta que mil años sean cumplidos; y después de esto es necesario que sea desatado un poco de tiempo. (Abyssos g12)
Etsɔe ƒu gbe ɖe ʋe gbobo la me, eye wòtui kple safui hetre enu be magable dukɔwo azɔ o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la nawu enu. Le ema megbe la, woaɖe gae hena ɣeyiɣi kpui aɖe. (Abyssos g12)
4 Y vi tronos, y se sentaron sobre ellos, y les fue dado juicio; y vi las almas de los degollados por el testimonio de Jesús, y por la palabra de Dios, que no adoraron la bestia, ni a su imagen, y que no recibieron su marca en sus frentes, ni en sus manos, y vivirán y reinarán con el Cristo los mil años.
Mekpɔ fiazikpui siwo dzi ame siwo wona ŋusẽe be woadrɔ̃ ʋɔnu la nɔ, eye mekpɔ ame siwo nu wotso ta le, le woƒe ɖaseɖiɖi na Yesu kple Mawu ƒe nya la ta la ƒe luʋɔwo. Mekpɔ ame siwo mede ta agu na lã la alo eƒe legba o la. Wogbɔ agbe, eye woɖu fia kple Kristo hena ƒe akpe ɖeka.
5 Mas los otros muertos no volvieron a vivir hasta que sean cumplidos los mil años. Esta es la primera resurrección.
Ame kuku mamlɛawo megbɔ agbe o, va se ɖe esime ƒe akpe ɖeka la wu enu. Esiae nye tsitretsitsi gbãtɔ.
6 Bienaventurado y santo el que tiene parte en la primera resurrección; la segunda muerte no tiene potestad en éstos; antes serán sacerdotes de Dios y del Cristo, y reinarán con él mil años.
Yayratɔwo kple ame kɔkɔewoe nye ame siwo kpɔ gome le tsitretsitsi gbãtɔ me. Ku evelia mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o, ke woanye nunɔlawo na Mawu kple Kristo, eye woaɖu dzi kplii hena ƒe akpe ɖeka.
7 Y cuando los mil años fueren cumplidos, Satanás será suelto de su prisión,
Ne ƒe akpe ɖeka la de la, woaɖe Satana tso eƒe gaxɔa me,
8 y saldrá para engañar los gentiles que están sobre los cuatro ángulos de la tierra, a Gog y a Magog, a fin de congregarlos para la batalla; el número de los cuales es como la arena del mar.
eye wòado go ayi aɖable dukɔwo le xexea me ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo ame siwo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ abe ƒutake ene la nu ƒu hena aʋawɔwɔ.
9 Y subieron sobre la anchura de la tierra, y circundaron el campo de los santos, y la Ciudad amada. Y de Dios descendió fuego del cielo, y los devoró.
Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie la. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã.
10 Y el diablo que los engañaba, fue lanzado en el lago de fuego y azufre, donde está la bestia y el falso Profeta; y serán atormentados día y noche para siempre jamás. (aiōn g165, Limnē Pyr g3041 g4442)
Wokɔ Abosam, ame si ble wo la ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me, afi si wotsɔ lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la hã ƒu gbe ɖo la. Woawɔ funyafunya wo zã kple keli tso mavɔ me yi mavɔ me. (aiōn g165, Limnē Pyr g3041 g4442)
11 Y vi un gran trono blanco y al que estaba sentado sobre él, de delante del cual huyó la tierra y el cielo; y no fue hallado el lugar de ellos.
Tete mekpɔ fiazikpui ɣi gã aɖe kple ame si nɔ anyi ɖe edzi la. Anyigba kple dziŋgɔli si le eŋkume, eye teƒe aɖeke meli na wo o.
12 Y vi los muertos, grandes y pequeños, que estaban delante de Dios; y los libros fueron abiertos; y otro libro fue abierto, el cual es el libro de la vida; y fueron juzgados los muertos por las cosas que estaban escritas en los libros, según sus obras.
Eye mekpɔ ame kukuwo, ame deŋgɔwo kple ame gblɔewo nɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Woʋu agbalẽ bubu si nye agbegbalẽ la. Wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu si wowɔ woŋlɔ ɖe agbalẽawo me la nu.
13 Y el mar dio los muertos que estaban en él; y la muerte y el infierno dieron los muertos que estaban en ellos; y fue hecho juicio de cada uno según sus obras. (Hadēs g86)
Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la hena. Ku kple tsiẽƒe hã ɖe woƒe ame kukuwo ɖe go, eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu. (Hadēs g86)
14 Y el infierno y la muerte fueron lanzados en el lago de fuego. Esta es la muerte segunda. (Hadēs g86, Limnē Pyr g3041 g4442)
Wotsɔ ku kple tsiẽƒe ƒu gbe ɖe dzota la me. Dzota siae nye ku evelia. (Hadēs g86, Limnē Pyr g3041 g4442)
15 Y el que no fue hallado escrito en el libro de la vida, fue lanzado en el lago de fuego. (Limnē Pyr g3041 g4442)
Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me. (Limnē Pyr g3041 g4442)

< Apocalipsis 20 >