< Salmos 121 >

1 Cántico gradual. ALZARÉ mis ojos á los montes, de donde vendrá mi socorro.
Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe togbɛawo ŋu, afi ka nye xɔname atso ava?
2 Mi socorro [viene] de Jehová, que hizo los cielos y la tierra.
Nye xɔname atso Yehowa, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
3 No dará tu pie al resbaladero; ni se dormirá el que te guarda.
Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
4 He aquí, no se adormecerá ni dormirá el que guarda á Israel.
Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.
5 Jehová es tu guardador: Jehová es tu sombra á tu mano derecha.
Yehowae nye tawòkpɔla, Yehowae nye wò vɔvɔli le wò nuɖusime
6 El sol no te fatigará de día, ni la luna de noche.
eya ta ɣe maɖu wò le ŋkeke me loo, alo ɣleti le zã me o.
7 Jehová te guardará de todo mal: él guardará tu alma.
Yehowa aɖe wò le vɔ̃wo katã me, eye wòakpɔ wò agbe ta.
8 Jehová guardará tu salida y tu entrada, desde ahora y para siempre.
Yehowa adzɔ wò vava kple wò dzodzo ŋuti, fifia yi ɖase mavɔmavɔ me.

< Salmos 121 >