< Job 23 >

1 Y respondió Job, y dijo:
Tete Hiob ɖo eŋu be,
2 Hoy también hablaré con amargura, y será más grave mi llaga que mi gemido.
“Egbe gɔ̃ hã nye konyifafa do gã ɖe edzi, eƒe asi sẽ ɖe dzinye, evɔ mele hũu ɖem hafi.
3 ¡Quién diese que le conociese, y le hallase! yo iría hasta su trono.
Nenye ɖe manya afi si makpɔe le, nenye ɖe mayi enɔƒe la, anyo ŋutɔ!
4 Ordenaría juicio delante de él, y mi boca henchiría de argumentos.
Matsɔ nye nya aɖo eŋkume eye nye nu me ayɔ fũu kple nya siwo matsɔ aɖe ɖokuinye nu
5 Yo sabría lo que él me respondería, y entendería lo que me dijese.
Ne makpɔ ale si wòaɖo eŋu nam eye mabu nya si wòagblɔ la ŋuti.
6 ¿Pleitearía conmigo con multitud de fuerza? No: antes él la pondría en mí.
Ɖe wòatsi tsitre ɖe ŋunye kple ŋusẽ gã aɖea? Ao, ke boŋ aɖo tom
7 Allí el recto disputaría con él; y escaparía para siempre de él que me condena.
Afi ma ame dzɔdzɔe ate ŋu atsɔ eƒe nyawo aɖo eŋkume le eye woaɖem tegbee tso nye ʋɔnudrɔ̃la ƒe asi me.
8 He aquí, yo iré al oriente, y no le hallaré, y al occidente, y no le entenderé.
“Gake ne meyi ɣedzeƒe la, mele afi ma o, ne meyi ɣetoɖoƒe la, nyemekpɔe le afi ma hã o.
9 Si al norte él obrare, yo no le veré: al mediodía se esconderá, y no le veré.
Ne ele dɔ wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o, ne etrɔ ɖe dziehe hã la, nye ŋku melɔnɛ o.
10 Mas él conoció mi camino: probóme, y salí como oro.
Gake enya mɔ si dzi mele, ne edom kpɔ la, mato eme abe sika ene.
11 Mis pies tomaron su rastro: guardé su camino, y no me aparté.
Nye afɔwo le eƒe afɔtoƒewo yome kplikplikpli, melé eƒe mɔ tsɔ eye nyemedze ɖe aga o.
12 Del mandamiento de sus labios nunca me quité: las palabras de su boca guardé más que mi comida.
Nyemete ɖe aga tso eƒe nuyiwo ƒe sededewo gbɔ o, mede asixɔxɔ eƒe nyawo ŋu wu nye gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu.
13 Y si él se determina en una cosa, ¿quién le apartará? Su alma deseó, e hizo.
“Ke eya ɖekae li, ame ka ate ŋu axe mɔ nɛ? Nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna.
14 Por tanto él acabará lo que ha determinado de mí; y muchas cosas como estas hay en él.
Ena se siwo wòde ɖi la va eme ɖe ŋutinye eye ɖoɖo siawo tɔgbi gale esi ɖe ŋunye.
15 Por lo cual yo me espantaré delante de su rostro: consideraré, y temerle he.
Esia ta ŋɔ dzim le eŋkume eye ne mebu esiawo katã ŋuti la, mevɔ̃na nɛ.
16 Dios ha enternecido mi corazón, y el Omnipotente me ha espantado.
Mawu na dzi ɖe le ƒonye, Ŋusẽkatãtɔ la do ŋɔdzi nam.
17 ¿Por qué yo no fui cortado delante de las tinieblas, y cubrió con oscuridad mi rostro?
Ke hã la, viviti la alo blukɔ tsiɖitsiɖi si tsyɔ mo nam la mena ɖoɖoe zi le nunye o.

< Job 23 >