< Псалтирь 72 >

1 О Соломоне. Боже! даруй царю Твой суд и сыну царя Твою правду,
Ha na Solomo. O! Mawu, tsɔ wò afia nyui tsotso do na fia la, kple wò dzɔdzɔenyenye na fiavi la.
2 да судит праведно людей Твоих и нищих Твоих на суде;
Adrɔ̃ ʋɔnu na wò dukɔ la le dzɔdzɔenyenye me, eye wòatso afia nyui na ame siwo ƒe dzi gbã la.
3 да принесут горы мир людям и холмы правду;
Towo atsɔ kesinɔnuwo vɛ na wò dukɔ, eye togbɛwo atsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse vɛ na wo.
4 да судит нищих народа, да спасет сынов убогого и смирит притеснителя, -
Aʋli ame siwo ƒe dzi gbã la ta, axɔ na hiãtɔwo ƒe viwo, eye wòagbã ameteɖetola la nyanyanya.
5 и будут бояться Тебя, доколе пребудут солнце и луна, в роды родов.
Zi ale si ɣe kple ɣleti li la, anɔ te le dzidzimewo katã me.
6 Он сойдет, как дождь на скошенный луг, как капли, орошающие землю;
Anɔ abe tsidzadza ɖe anyigba si dzi woƒo gbe le kple agbafie si dza ɖe anyigba hede tsii ene.
7 во дни его процветет праведник, и будет обилие мира, доколе не престанет луна;
Ame dzɔdzɔewo ayi ŋgɔ le eƒe ɣeyiɣiwo me, eye kesinɔnuwo ado agbogbo va se ɖe esime ɣleti magaɖi o.
8 он будет обладать от моря до моря и от реки до концов земли;
Aɖu fia tso atsiaƒu ƒe go sia dzi ayi go kemɛ dzi, tso tɔsisi to ase ɖe anyigba la ƒe mlɔenuwo ke.
9 падут пред ним жители пустынь, и враги его будут лизать прах;
Dukɔ siwo le gbegbe la ade ta agu nɛ, eye eƒe futɔwo aɖuɖɔ ʋuʋudedi.
10 цари Фарсиса и островов поднесут ему дань; цари Аравии и Савы принесут дары;
Tarsis fia kple didiƒe ƒutatɔwo ahe adzɔ vɛ nɛ, eye Sieba kple Seba fiawo atsɔ nunanawo vɛ nɛ.
11 и поклонятся ему все цари; все народы будут служить ему;
Fiawo katã ade ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe,
12 ибо он избавит нищего, вопиющего и угнетенного, у которого нет помощника.
elabena aɖe hiãtɔ si le avi fam kple wɔmenɔ si xɔnametɔ aɖeke meli na o.
13 Будет милосерд к нищему и убогому, и души убогих спасет;
Akpɔ nublanui na ame gblɔewo kple hiãtɔwo, eye wòaɖe ame dahewo tso ku me.
14 от коварства и насилия избавит души их, и драгоценна будет кровь их пред очами его;
Aɖe wo le teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, elabena woƒe ʋu xɔ asi le eŋkume.
15 и будет жить, и будут давать ему от золота Аравии, и будут молиться о нем непрестанно, всякий день благословлять его;
Fia la nenɔ agbe tegbee! Wonetsɔ Seba sika nɛ. Amewo nedo gbe ɖa ɖe eta ɖaa, eye wòayra ŋkeke blibo la.
16 будет обилие хлеба на земле, наверху гор; плоды его будут волноваться, как лес на Ливане, и в городах размножатся люди, как трава на земле;
Bli nedo agbogbo ɖe anyigba la katã dzi; eye neʋã ɖe togbɛwo katã dzi. Blitiawo netri abe Lebanontɔwo ene, eye woanɔ abe gbe le gbedzi ene.
17 будет имя его вовек; доколе пребывает солнце, будет передаваться имя его; и благословятся в нем племена, все народы ублажат его.
Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.
18 Благословен Господь Бог, Бог Израилев, един творящий чудеса,
Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, eya ame si ko wɔa nu dzɔatsuwo.
19 и благословенно имя славы Его вовек, и наполнится славою Его вся земля. Аминь и аминь.
Woakafu eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me; eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi.
20 Кончились молитвы Давида, сына Иесеева.
Esiawo wu Yese ƒe vi, David ƒe gbedodoɖawo nu.

< Псалтирь 72 >