< Псалтирь 55 >

1 Начальнику хора. На струнных орудиях. Учение Давида. Услышь, Боже, молитву мою и не скрывайся от моления моего;
David ƒe nufiameha na hɛnɔ la. Woadzii ɖe kasaŋku ŋu. O! Mawu, ɖo to nye gbedodoɖa, mègado toku nye kokoƒoƒo o.
2 внемли мне и услышь меня; я стенаю в горести моей, и смущаюсь
Ɖo tom, eye nàtɔ nam. Nye tamesusuwo ɖea fu nam, eye metɔtɔna,
3 от голоса врага, от притеснения нечестивого, ибо они возводят на меня беззаконие и в гневе враждуют против меня.
ne mese futɔ la ƒe gbe, alo ne ame vɔ̃ɖi la tro ŋku ɖem. Elabena wohe fukpekpe va dzinye, eye wogblɔa nya vɔ̃wo ɖe ŋunye le woƒe dɔmedzoe me.
4 Сердце мое трепещет во мне, и смертные ужасы напали на меня;
Nye dzi le nu xam vevie le menye; ku ƒe ŋɔdzi ɖe to ɖem.
5 страх и трепет нашел на меня, и ужас объял меня.
Vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya lém, eye ŋɔdzi gbagba blam.
6 И я сказал: “кто дал бы мне крылья, как у голубя? я улетел бы и успокоился бы;
Megblɔ be, “O! Ɖe wònye aʋala le asinye abe ahɔnɛ ene la, anye ne madzo aɖadzudzɔ le teƒe aɖe.
7 далеко удалился бы я, и оставался бы в пустыне;
Madzo ayi keke gbegbe, aɖanɔ afi ma. (Sela)
8 поспешил бы укрыться от вихря, от бури”.
Maɖe abla ayi ɖe nye bebeƒe, ate ɖe aga tso ya sesẽwo kple ahom gbɔ.”
9 Расстрой, Господи, и раздели языки их, ибо я вижу насилие и распри в городе;
O! Aƒetɔ, tɔtɔ ame vɔ̃ɖiwo, tɔtɔ woƒe nyagbɔgblɔwo, elabena mekpɔ ŋutasesẽ kple ʋunyaʋunya le dua me.
10 днем и ночью ходят они кругом по стенам его; злодеяния и бедствие посреди его;
Zã kple keli wole tatam le eƒe gliwo dzi, eye nugbeɖoɖo kple hiãkame le eme.
11 посреди его пагуба; обман и коварство не сходят с улиц его:
Ŋusẽ siwo gblẽa nu la le dɔ wɔm le dua me; ŋutasesẽ kple alakpadada medzona le eƒe ablɔ dzi o.
12 ибо не враг поносит меня, - это я перенес бы; не ненавистник мой величается надо мною, от него я укрылся бы;
Ne futɔe le dzu yem la, mate ŋu atsɔe; ne ketɔe kɔ eɖokui ɖe dzi ɖe ŋunye la, mate ŋu aɣla ɖee,
13 но ты, который был для меня то же, что я, друг мой и близкий мой,
gake wò, ŋutsu abe nye ene, xɔ̃nye vevi kple nye kpeɖeŋutɔ,
14 с которым мы разделяли искренние беседы и ходили вместе в дом Божий.
nye kple ame si dome habɔbɔ vivi aɖe nɔ, eye míezɔna aduadu le amehawo dome le gbedoxɔ me lae.
15 Да найдет на них смерть; да сойдут они живыми в ад, ибо злодейство в жилищах их, посреди их. (Sheol h7585)
Ku neƒo ɖe nye ketɔwo dzi kpoyi; woneyi yɔdo me agbagbe, elabena nu vɔ̃ɖi wɔwɔ xɔ aƒe ɖe wo dome. (Sheol h7585)
16 Я же воззову к Богу, и Господь спасет меня.
Ke meyɔ Mawu, eye wòtɔ nam, heɖem.
17 Вечером и утром и в полдень буду умолять и вопиять, и Он услышит голос мой,
Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe.
18 избавит в мире душу мою от восстающих на меня, ибо их много у меня;
Eɖem tso aʋa si le edzi yim kplim la me le dedinɔnɔ me, togbɔ be ame geɖewo tso ɖe ŋutinye hã.
19 услышит Бог, и смирит их от века Живущий, потому что нет в них перемены; они не боятся Бога,
Mawu, ame si le fiazikpui dzi tegbee la asee, eye wòabɔbɔ wo ɖe anyi, (Sela) ame siwo gbe tɔtrɔ le woƒe mɔwo dzi, eye womevɔ̃a Mawu o lae.
20 простерли руки свои на тех, которые с ними в мире, нарушили союз свой;
Nye zɔhɛ wɔ avu kple exɔlɔ̃wo hegblẽ kɔ ɖo na eƒe nubabla.
21 уста их мягче масла, а в сердце их вражда; слова их нежнее елея, но они суть обнаженные мечи.
Eƒe nuƒo zrɔ̃ dredredre abe notsi kpekpe ene, evɔ aʋawɔwɔ le eƒe dzi me; eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami, gake wonye yi siwo woɖe le aku me lé ɖe asi.
22 Возложи на Господа заботы твои, и Он поддержит тебя. Никогда не даст Он поколебаться праведнику.
Tsɔ wò dzimaɖiwo da ɖe Yehowa dzi, eye akpɔ tawò, elabena mana ame dzɔdzɔe la nadze anyi akpɔ gbeɖe o.
23 Ты, Боже, низведешь их в ров погибели; кровожадные и коварные не доживут и до половины дней своих. А я на Тебя, Господи, уповаю.
O! Mawu, ke wò la, àhe ame vɔ̃ɖiwo ayi yɔdo me. Ŋutsu hlɔ̃dolawo kple ameblelawo manɔ agbe wòade agbemeŋkeke siwo nèna wo la ƒe afã hã o. Ke nye la, wò ko dzi meka ɖo.

< Псалтирь 55 >