< Псалтирь 22 >

1 Начальнику хора. При появлении зари. Псалом Давида. Боже мой! Боже мой! для чего Ты оставил меня? Далеки от спасения моего слова вопля моего.
David ƒe ha na hɛnɔ la, ne woadzi ɖe “Zinɔ le ŋdi kanyaa” ƒe gbeɖiɖi nu. Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi? Nu ka ta nèle adzɔge ʋĩi na xɔxɔ nam, eye nète ɖa xaa tso nye hũɖeɖe gbɔ?
2 Боже мой! я вопию днем, - и Ты не внемлешь мне, ночью, - и нет мне успокоения.
O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o.
3 Но Ты, Святый, живешь среди славословий Израиля.
Ke wò la, èle kɔkɔe, eye Israel ƒe kafukafuhawo zu fiazikpui nènɔ anyi ɖe edzi gli.
4 На Тебя уповали отцы наши; уповали, и Ты избавлял их;
Mewòe mía fofowo tsɔ woƒe xɔse dee, woka ɖe dziwò, eye nèɖe wo.
5 к Тебе взывали они, и были спасаемы; на Тебя уповали, и не оставались в стыде.
Wodo ɣli na wò, eye nèɖe wo, dziwòe woka ɖo, eye ŋu mekpe wo o.
6 Я же червь, а не человек, поношение у людей и презрение в народе.
Ke nye la, ŋɔ menye, menye amegbetɔ o, elabena amewo ɖu fewu le ŋunye, eye wodo vlom.
7 Все, видящие меня, ругаются надо мною, говорят устами, кивая головою:
Ame siwo katã kpɔm la ɖe alɔme le ŋunye; woflɔa dzu ɖe dzinye, eye woʋuʋua ta ɖe ŋunye gblɔna be:
8 “он уповал на Господа; пусть избавит его, пусть спасет, если он угоден Ему”.
“Eka ɖe Yehowa dzi, Yehowa neɖee míakpɔ. Yehowa neɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.”
9 Но Ты извел меня из чрева, вложил в меня упование у грудей матери моей.
Ke wòe hem tso vidzidɔ me, eye le danye ƒe no nu ke, èna meka ɖe dziwò.
10 На Тебя оставлен я от утробы; от чрева матери моей Ты - Бог мой.
Wòe nye nye Mawu tso danye ƒe dɔ me ke, eye tso ɖevime wotsɔm de asi na wò.
11 Не удаляйся от меня, ибо скорбь близка, а помощника нет.
Mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, elabena xaxa tum, eye ame aɖeke meli axɔ nam o.
12 Множество тельцов обступили меня; тучные Васанские окружили меня,
Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.
13 раскрыли на меня пасть свою, как лев, алчущий добычи и рыкающий.
Woke woƒe nuwo ɖe ŋunye baa abe dzata si le gbe tem hele nu si wòlé la vuvum ene.
14 Я пролился, как вода; все кости мои рассыпались; сердце мое сделалось, как воск, растаяло посреди внутренности моей.
Woƒom ɖe anyi abe tsi ene, eye nye ƒuwo katã gli le woƒe kpeƒewo. Nye dzi lolõ ɖe dɔ me nam gbanaa hesi to menye.
15 Сила моя иссохла, как черепок; язык мой прильнул к гортани моей, и Ты свел меня к персти смертной.
Ŋusẽ vɔ le ŋunye abe ze gbagbã ene, eye nye aɖe lé ɖe nye nu me, elabena ètsɔm mlɔ ku ƒe ʋuʋudedi me.
16 Ибо псы окружили меня, скопище злых обступило меня, пронзили руки мои и ноги мои.
Avuwo ƒo xlãm, ame vɔ̃ɖiwo ƒe ha ɖe to ɖem, eye wotsɔ nu ŋɔ nye asiwo kple afɔwo.
17 Можно было бы перечесть все кости мои; а они смотрят и делают из меня зрелище;
Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo, amewo fɔ ŋku ɖe dzinye, eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.
18 делят ризы мои между собою и об одежде моей бросают жребий.
Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awu ʋlaya dzi.
19 Но Ты, Господи, не удаляйся от меня; сила моя! поспеши на помощь мне;
Ke wò, O! Yehowa, mèganɔ adzɔge o; O! Nye ŋusẽ, va kaba nàɖem.
20 избавь от меча душу мою и от псов одинокую мою;
Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me, eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me.
21 спаси меня от пасти льва и от рогов единорогов, услышав, избавь меня.
Ɖem le dzatawo ƒe nu me, eye nàɖem le towo ƒe dzowo nu.
22 Буду возвещать имя Твое братьям моим, посреди собрания восхвалять Тебя.
Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ na nɔvinyewo, eye le amehawo dome, makafu wò.
23 Боящиеся Господа! восхвалите Его. Все семя Иакова! прославь Его. Да благоговеет пред Ним все семя Израиля,
Mi ame siwo vɔ̃a Yehowa, mikafui! Mi, Yakob ƒe dzidzimeviwo, mide bubu eŋuti! Misroe ɖa, mi Israel ƒe dzidzimeviwo!
24 ибо Он не презрел и не пренебрег скорби страждущего, не скрыл от него лица Своего, но услышал его, когда сей воззвал к Нему.
Elabena menyɔ ŋu alo do vlo ame siwo le fu kpem la ƒe hiãtuame o; meɣla eƒe mo ɖee o, ke boŋ eɖo to eƒe ɣlidodo na kpekpeɖeŋu.
25 О Тебе хвала моя в собрании великом; воздам обеты мои пред боящимися Его.
Gbɔwòe nye kafukafuha si medzina le ameha gãwo dome la ƒe tanya tsona. Maxe nye adzɔgbeɖefewo le ame siwo vɔ̃a wò la ŋkume.
26 Да едят бедные и насыщаются; да восхвалят Господа ищущие Его; да живут сердца ваши во веки!
Hiãtɔwo aɖu nu aɖi ƒo; ame siwo dia Yehowa la akafui. Miaƒe dziwo nenɔ agbe tegbee!
27 Вспомнят, и обратятся к Господу все концы земли, и поклонятся пред Тобою все племена язычников,
Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume.
28 ибо Господне есть царство, и Он - Владыка над народами.
Elabena fiaɖuɖu la nye Yehowa tɔ, eye wòɖu fia ɖe dukɔwo dzi.
29 Будут есть и поклоняться все тучные земли; преклонятся пред Ним все нисходящие в персть и не могущие сохранить жизни своей.
Kesinɔtɔ siwo katã le anyigba dzi la aɖu nu, eye woasubɔe; ame siwo katã mate ŋu anɔ agbe o, eye woyi ɖe ke ƒe tume la adze klo ɖe eŋkume.
30 Потомство мое будет служить Ему, и будет называться Господним вовек:
Dzidzimewo asubɔe, eye dzidzime siwo ava dzɔ la, woagblɔ nya na wo tso Aƒetɔ la ŋuti.
31 придут и будут возвещать правду Его людям, которые родятся, что сотворил Господь.
Woaɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye na ame siwo meva dzɔ haɖe o, elabena eyae wɔe.

< Псалтирь 22 >