< Псалтирь 145 >

1 Хвала Давида. Буду превозносить Тебя, Боже мой, Царь мой, и благословлять имя Твое во веки и веки.
David ƒe kafukafuha. Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
2 Всякий день буду благословлять Тебя и восхвалять имя Твое во веки и веки.
Makafu wò gbe sia gbe, eye mado wò ŋkɔ ɖe dzi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.
3 Велик Господь и достохвален, и величие Его неисследимо.
Gãe nye Yehowa, eye eya koe dze na kafukafu, elabena ame aɖeke mate ŋu anya eƒe gãnyenye ƒe goglome o.
4 Род роду будет восхвалять дела Твои и возвещать о могуществе Твоем.
Dzidzime ɖeka akafu wò dɔwɔwɔwo na dzidzime bubu, eye woatu xo le wò nu dzɔatsuwo ŋu.
5 А я буду размышлять о высокой славе величия Твоего и о дивных делах Твоих.
Woaƒo nu le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋuti.
6 Будут говорить о могуществе страшных дел Твоих, и я буду возвещать о величии Твоем.
Woaƒo nu le wò ŋɔdzidɔwɔwɔwo ƒe ŋusẽ ŋuti, eye maɖe gbeƒã wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo.
7 Будут провозглашать память великой благости Твоей и воспевать правду Твою.
Woaɖu wò nyuiwɔwɔ gbogboawo ƒe azã, eye woadzi ha atso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ŋuti.
8 Щедр и милостив Господь, долготерпелив и многомилостив.
Yehowa nye amenuvela kple nublanuikpɔla; medoa dɔmedzoe kabakaba o, eye lɔlɔ̃ bɔ ɖe esi.
9 Благ Господь ко всем, и щедроты Его на всех делах Его.
Yehowa nyoa dɔ me na ame sia ame, eye wòkpɔa nublanui na ame siwo katã wòwɔ.
10 Да славят Тебя, Господи, все дела Твои, и да благословляют Тебя святые Твои;
O! Yehowa, ame siwo katã nèwɔ la akafu wò, eye wò ame kɔkɔewo ado wò ɖe dzi.
11 да проповедуют славу царства Твоего, и да повествуют о могуществе Твоем,
Woaƒo nu le wò fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu, eye woagblɔ nya tso wò ŋusẽ ŋuti,
12 чтобы дать знать сынам человеческим о могуществе Твоем и о славном величии царства Твоего.
ale be amewo katã nanya wò nuwɔwɔ dzɔatsuwo kple wò fiaɖuƒe ƒe ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃.
13 Царство Твое - царство всех веков, и владычество Твое во все роды. Верен Господь во всех словах Своих и свят во всех делах Своих.
Wò fiaɖuƒe la nye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ anyi le dzidzimewo katã me. Yehowa awɔ nuteƒe le eƒe ŋugbedodowo katã me, eye wòaɖe lɔlɔ̃ afia ame siwo katã wòwɔ.
14 Господь поддерживает всех падающих и восставляет всех низверженных.
Yehowa léa ame siwo katã dze anyi la ɖe asi, eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe dzi.
15 Очи всех уповают на Тебя, и Ты даешь им пищу их в свое время;
Ŋkuwo katã le wò asinu kpɔm, eye nèna nuɖuɖu wo le enaɣi.
16 открываешь руку Твою и насыщаешь все живущее по благоволению.
Èʋu wò asiwo me, eye nètsɔ nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe nu si wòdi la nɛ.
17 Праведен Господь во всех путях Своих и благ во всех делах Своих.
Yehowa nye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã dzi, eye wòlɔ̃a eƒe nu siwo katã wòwɔ.
18 Близок Господь ко всем призывающим Его, ко всем призывающим Его в истине.
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo yɔnɛ la gbɔ, ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me.
19 Желание боящихся Его Он исполняет, вопль их слышит и спасает их.
Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.
20 Хранит Господь всех любящих Его, а всех нечестивых истребит.
Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta, gake atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã.
21 Уста мои изрекут хвалу Господню, и да благословляет всякая плоть святое имя Его во веки и веки.
Nye nu agblɔ Yehowa ƒe kafukafu. Nu gbagbe ɖe sia ɖe nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

< Псалтирь 145 >