< Притчи 16 >

1 Человеку принадлежат предположения сердца, но от Господа ответ языка.
Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.
2 Все пути человека чисты в его глазах, но Господь взвешивает души.
Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ.
3 Предай Господу дела твои, и предприятия твои совершатся.
Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
4 Все сделал Господь ради Себя; и даже нечестивого блюдет на день бедствия.
Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta, eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la.
5 Мерзость пред Господом всякий надменный сердцем; можно поручиться, что он не останется ненаказанным.
Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o.
6 Милосердием и правдою очищается грех, и страх Господень отводит от зла.
Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me.
7 Когда Господу угодны пути человека, Он и врагов его примиряет с ним.
Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la, enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me.
8 Лучше немногое с правдою, нежели множество прибытков с неправдою.
Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo.
9 Сердце человека обдумывает свой путь, но Господь управляет шествием его.
Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.
10 В устах царя - слово вдохновенное; уста его не должны погрешать на суде.
Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o.
11 Верные весы и весовые чаши - от Господа; от Него же все гири в суме.
Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ.
12 Мерзость для царей - дело беззаконное, потому что правдою утверждается престол.
Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi.
13 Приятны царю уста правдивые, и говорящего истину он любит.
Nuyi siwo dzi alakpa mele o la, doa dzidzɔ na fiawo, wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu.
14 Царский гнев - вестник смерти; но мудрый человек умилостивит его.
Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui.
15 В светлом взоре царя - жизнь, и благоволение его - как облако с поздним дождем.
Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene.
16 Приобретение мудрости гораздо лучше золота, и приобретение разума предпочтительнее отборного серебра.
Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o!
17 Путь праведных - уклонение от зла: тот бережет душу свою, кто хранит путь свой.
Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti.
18 Погибели предшествует гордость, и падению - надменность.
Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
19 Лучше смиряться духом с кроткими, нежели разделять добычу с гордыми.
Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo.
20 Кто ведет дело разумно, тот найдет благо, и кто надеется на Господа, тот блажен.
Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.
21 Мудрый сердцем прозовется благоразумным, и сладкая речь прибавит к учению.
Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ.
22 Разум для имеющих его - источник жизни, а ученость глупых - глупость.
Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo.
23 Сердце мудрого делает язык его мудрым и умножает знание в устах его.
Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ.
24 Приятная речь - сотовый мед, сладка для души и целебна для костей.
Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.
25 Есть пути, которые кажутся человеку прямыми, но конец их путь к смерти.
Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
26 Трудящийся трудится для себя, потому что понуждает его к тому рот его.
Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi.
27 Человек лукавый замышляет зло, и на устах его как бы огонь палящий.
Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene.
28 Человек коварный сеет раздор, и наушник разлучает друзей.
Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.
29 Человек неблагонамеренный развращает ближнего своего и ведет его на путь недобрый;
Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi.
30 прищуривает глаза свои, чтобы придумать коварство; закусывая себе губы, совершает злодейство; он - печь злобы.
Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo.
31 Венец славы - седина, которая находится на пути правды.
Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ.
32 Долго-терпеливый лучше храброго, и владеющий собою лучше завоевателя города.
Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
33 В полу бросается жребий, но все решение его - от Господа.
Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ.

< Притчи 16 >