< Иов 36 >

1 И продолжал Елиуй и сказал:
Elihu yi edzi be,
2 подожди меня немного, и я покажу тебе, что я имею еще что сказать за Бога.
“Kpɔ nye asinu vie eye maɖee afia wò be nya geɖewo li magblɔ ɖe Mawu nu.
3 Начну мои рассуждения издалека и воздам Создателю моему справедливость,
Mexɔa nye gɔmesese tso afi aɖeke ɖaa, eya ta matso na nye Wɔla.
4 потому что слова мои точно не ложь: пред тобою - совершенный в познаниях.
Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, nye nyawo menye aʋatso o eya ta ame si si gɔmesese deto le lae le gbɔwò.
5 Вот, Бог могуществен и не презирает сильного крепостью сердца;
“Mawu nye Ŋusẽtɔ, etri akɔ eye meʋãna le eƒe taɖodzinu me o gake medoa vlo amewo o.
6 Он не поддерживает нечестивых и воздает должное угнетенным;
Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, ke boŋ ekpɔa hiãtɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo.
7 Он не отвращает очей Своих от праведников, но с царями навсегда посаждает их на престоле, и они возвышаются.
Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eɖoa wo zi dzi ɖe fiawo xa eye wòdoa wo ɖe dzi tegbetegbe.
8 Если же они окованы цепями и содержатся в узах бедствия,
Ke ne wode ga amewo, hebla wo sesĩe kple hiã ƒe kawo la,
9 то Он указывает им на дела их и на беззакония их, потому что умножились,
egblɔa nu si wowɔ la na wo, esi nye be wowɔ nu vɔ̃ dadatɔe.
10 и открывает их ухо для вразумления и говорит им, чтоб они отстали от нечестия.
Enana woɖoa to ɖɔɖɔɖo eye wòɖea gbe na wo be woatrɔ le woƒe nu vɔ̃ɖi la me.
11 Если послушают и будут служить Ему, то проведут дни свои в благополучии и лета свои в радости;
Ne woɖo to eye wosubɔe la, woanɔ woƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le nukpɔkpɔ me eye woƒe ƒewo ayɔ fũu kple dzidzeme.
12 если же не послушают, то погибнут от стрелы и умрут в неразумии.
Ke ne womeɖo to o la, yi atsrɔ̃ wo eye woaku numanyamanyae.
13 Но лицемеры питают в сердце гнев и не взывают к Нему, когда Он заключает их в узы;
“Fuléle le dzi me na Mawumavɔ̃lawo, ne ede kunyowu woƒe afɔwo hã la, womedoa ɣli be woaxɔ na yewo o.
14 поэтому душа их умирает в молодости и жизнь их с блудниками.
Wokuna le woƒe ɖekakpui dzodzoe me, ɖe ŋutsu gbolowɔla siwo nɔa trɔ̃xɔwo me la dome.
15 Он спасает бедного от беды его и в угнетении открывает ухо его.
Ke eɖea ame siwo le fu kpem la le woƒe fukpekpewo me eye wòƒoa nu na wo le woƒe xaxa me.
16 И тебя вывел бы Он из тесноты на простор, где нет стеснения, и поставляемое на стол твой было бы наполнено туком;
“Ele nuwò blem be nàdo go tso xaxa ƒe glã me, ava teƒe keke, ahavo tso dzizizi me eye nànɔ wò kplɔ̃ si dzi nuɖuɖu damiwo le fũu la ŋu le dziɖeɖi me.
17 но ты преисполнен суждениями нечестивых: суждение и осуждение - близки.
Ke azɔ la, wotsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze na ame vɔ̃ɖiwo la do agbae na wò, ale nège ɖe afiatsotso kple tohehe ƒe asi me.
18 Да не поразит тебя гнев Божий наказанием! Большой выкуп не спасет тебя.
Kpɔ nyuie be ame aɖeke metsɔ kesinɔnuwo ble nuwòe o eye zãnu si le kpekpem segee la nana nàdze ɖe aga o.
19 Даст ли Он какую цену твоему богатству? Нет, - ни золоту и никакому сокровищу.
Ɖe wò kesinɔnuwo alo wò kutrikuku veviwo katã alé wò ɖe asi be màɖo xaxa me oa?
20 Не желай той ночи, когда народы истребляются на своем месте.
Wò dzi megatsi dzi ɖe zã ƒe dodo ŋu ne nàhe amewo ado goe le woƒe aƒewo me o.
21 Берегись, не склоняйся к нечестию, которое ты предпочел страданию.
Kpɔ nyuie be mètrɔ ɖe nu vɔ̃ɖi, si nèdi wu hiã la ŋu o.
22 Бог высок могуществом Своим, и кто такой, как Он, наставник?
“Kpɔ ɖa, wodo Mawu ɖe dzi bobobo le eƒe ŋusẽ me. Ame kae nye nufiala abe eya ene?
23 Кто укажет Ему путь Его; кто может сказать: Ты поступаешь несправедливо?
Ame kae tia mɔ siwo wòato la nɛ alo gblɔ nɛ be, ‘Èwɔ nu gbegblẽ?’
24 Помни о том, чтобы превозносить дела Его, которые люди видят.
Ɖo ŋku edzi, nàdo eƒe dɔwɔwɔwo ɖe dzi, siwo amewo kafuna le woƒe hadzidziwo me.
25 Все люди могут видеть их; человек может усматривать их издали.
Amegbetɔwo katã kpɔe eye agbagbeawo ɖea ŋku ɖee tso adzɔge.
26 Вот, Бог велик, и мы не можем познать Его; число лет Его неисследимо.
Mawu lolo loo, ekɔ gbɔ míaƒe gɔmesese ta! Eƒe ƒewo ƒe gɔmedidi gbɔ míaƒe nudidi ƒe ŋutete ta.
27 Он собирает капли воды; они во множестве изливаются дождем:
“Ehea tsi si le gegem toŋtoŋtoŋ la ƒoa ƒu, si dzana abe tsi ene ɖe tɔʋuwo me,
28 из облаков каплют и изливаются обильно на людей.
lilikpowo hã lolõa tsi si le wo me, eye tsi dzana bababa ɖe amegbetɔwo dzi.
29 Кто может также постигнуть протяжение облаков, треск шатра Его?
Ame kae ase ale si wòkeke lilikpowo, kple ale si wòɖea gbe tso eƒe agbadɔ me la gɔme?
30 Вот, Он распространяет над ним свет Свой и покрывает дно моря.
Kpɔ ale si wòkaka eƒe dzikedzo ƒo xlã eɖokui eye wòblu atsiaƒu ƒe gogloƒewo ke hã ɖa.
31 Оттуда Он судит народы, дает пищу в изобилии.
Aleae wòkplɔa dukɔwoe eye wònaa nuɖuɖu wo le agbɔsɔsɔ me.
32 Он сокрывает в дланях Своих молнию и повелевает ей, кого разить.
Etsɔa dzikedzo yɔa eƒe asiwo mee eye wòdɔnɛ be wòake dzo ɖe nu si wòɖoe na la dzi.
33 Треск ее дает знать о ней; скот также чувствует происходящее.
Eƒe dziɖegbe ɖea gbeƒã ahom si gbɔna, nyiwo gɔ̃ hã ɖea gbeƒã, ne egbɔna.

< Иов 36 >