< Иеремия 16 >

1 И было ко мне слово Господне:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 не бери себе жены, и пусть не будет у тебя ни сыновей, ни дочерей на месте сем.
“Mègaɖe srɔ̃ be nàdzi ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ɖe teƒe sia o”
3 Ибо так говорит Господь о сыновьях и дочерях, которые родятся на месте сем, и о матерях их, которые родят их, и об отцах их, которые произведут их на сей земле:
Elabena ale Yehowa gblɔ tso ŋutsuvi kple nyɔnuvi siwo wodzi ɖe anyigba sia dzi, wo dadawo kple wo fofowo ŋutie nye esi:
4 тяжкими смертями умрут они и не будут ни оплаканы, ни похоронены; будут навозом на поверхности земли; мечом и голодом будут истреблены, и трупы их будут пищею птицам небесным и зверям земным.
“Dɔ vɔ̃wo ava wu wo, womafa na wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene le anyigba. Woatsrɔ̃ le yi kple dɔwuame ta, eye woƒe ŋutilã kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple lã wɔadã siwo le anyigba dzi.”
5 Ибо так говорит Господь: не входи в дом сетующих и не ходи плакать и жалеть с ними; ибо Я отнял от этого народа, говорит Господь, мир Мой и милость и сожаление.
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe.
6 И умрут великие и малые на земле сей; и не будут погребены, и не будут оплакивать их, ни терзать себя, ни стричься ради них.
“Amegãwo kple ame gblɔewo siaa aku le anyigba sia dzi. Womaɖi wo alo afa na wo o, eye ame aɖeke maxa ɖe wo ta asi eɖokui alo alũ eƒe taɖa o.
7 И не будут преломлять для них хлеб в печали, в утешение об умершем; и не подадут им чаши утешения, чтобы пить по отце их и матери их.
Ame aɖeke maɖa nu aka na konyifalawo, atsɔ afa akɔe na wo o. Nenye wo fofo alo wo dada gɔ̃ hãe la, ame aɖeke mana aha wo teti atsɔ afa akɔe na wo o.
8 Не ходи также и в дом пиршества, чтобы сидеть с ними, есть и пить;
“Ne wole nu ɖum le dzidzɔ kpɔm le aƒe aɖe me la, mègage ɖe aƒe ma me nanɔ anyi be yeaɖu nu, ano nu o.
9 ибо так говорит Господь Саваоф, Бог Израилев: вот, Я прекращу на месте сем в глазах ваших и во дни ваши голос радости и голос веселья, голос жениха и голос невесты.
Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Le wò ŋkume kple wò ŋkekewo me, matɔ te dzidzɔkpɔkpɔ kple aglotutu ƒe ɣliwo eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbewo le teƒe sia o.’
10 Когда ты перескажешь народу сему все эти слова, и они скажут тебе: “за что изрек на нас Господь все это великое бедствие, и какая наша неправда, и какой наш грех, которым согрешили мы пред Господом Богом нашим?” -
“Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la,
11 тогда скажи им: за то, что отцы ваши оставили Меня, говорит Господь, и пошли вослед иных богов, и служили им, и поклонялись им, а Меня оставили, и закона Моего не хранили.
ekema nàgblɔ na wo be elabena mia fofowo gblẽm ɖi hedze mawu bubuwo yome; wosubɔ wo eye wode ta agu na wo. Wogbem eye womelé nye seawo me ɖe asi o.
12 А вы поступаете еще хуже отцов ваших и живете каждый по упорству злого сердца своего, чтобы не слушать Меня.
Ke miawo la, miewɔ nu vɔ̃ɖi wu mia fofowo. Kpɔ ale si mia dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe aglãdzedze yomee hegbe toɖoɖom ɖa!
13 За это выброшу вас из земли сей в землю, которой не знали ни вы, ни отцы ваши, и там будете служить иным богам день и ночь; ибо Я не окажу вам милосердия.
Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe.
14 Посему вот, приходят дни, говорит Господь, когда не будут уже говорить: “жив Господь, Который вывел сынов Израилевых из земли Египетской”;
“Yehowa be, gake ŋkekewo li gbɔna esi amewo magagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso Egipte ƒe agbe’ o.
15 но: “жив Господь, Который вывел сынов Израилевых из земли северной и из всех земель, в которые изгнал их”: ибо возвращу их в землю их, которую Я дал отцам их.
Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa si kplɔ Israelviwo tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me wonya wo ɖo ɖa la ƒe agbe.’ Elabena magbugbɔ wo aɖo te le anyigba si metsɔ na wo fofowo la dzi.
16 Вот, Я пошлю множество рыболовов, говорит Господь, и будут ловить их; а потом пошлю множество охотников, и они погонят их со всякой горы, и со всякого холма, и из ущелий скал.
“Yehowa be, ‘Ke azɔ la, madɔ ame ɖe ɖɔkplɔla geɖewo eye woaɖe wo. Le esia megbe la, madɔ ame ɖe adela geɖewo eye woayɔ wo ɖe nu tso towo, togbɛwo dzi kple agadowo me.
17 Ибо очи Мои на всех путях их; они не скрыты от лица Моего, и неправда их не сокрыта от очей Моих.
Elabena nye ŋku le woƒe mɔwo katã ŋu, womele ɣaɣla ɖem o eye woƒe nu vɔ̃wo hã meɣla ɖe nye ŋkuwo o.
18 И воздам им прежде всего за неправду их и за сугубый грех их, потому что осквернили землю Мою, трупами гнусных своих и мерзостями своими наполнили наследие Мое.
Maɖo eteƒe na wo zi eve le woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple woƒe nu vɔ̃wo ta, elabena wodo gu nye anyigba kple woƒe aklamakpakpɛwo, eye woli legba nyɔŋuwo ɖe nye domenyinu la dzi fũu.’”
19 Господи, сила моя и крепость моя и прибежище мое в день скорби! к Тебе придут народы от краев земли и скажут: “только ложь наследовали наши отцы, пустоту и то, в чем никакой нет пользы”.
O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.
20 Может ли человек сделать себе богов, которые впрочем не боги?
Ɖe amewo wɔa woawo ŋutɔ ƒe mawuwoa? Ɛ̃, gake menye mawuwoe wonye o!”
21 Посему, вот Я покажу им ныне, покажу им руку Мою и могущество Мое, и узнают, что имя Мое - Господь.
“Eya ta mafia wo, ke azɔ la, mafia nye ŋusẽ kple nye sesẽ wo. Ekema woadze sii be nye ŋkɔe nye Yehowa.

< Иеремия 16 >