< Исаия 19 >

1 Пророчество о Египте. - Вот, Господь восседит на облаке легком и грядет в Египет. И потрясутся от лица Его идолы Египетские, и сердце Египта растает в нем.
Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu. Kpɔ ɖa, Yehowa ɖi tso dziƒo gbɔna va Egipte kple du le lilikpowo dzi. Egipte legbawo dzo nyanyanya le eŋkume, eye vɔvɔ̃ na be, Egiptetɔwo ƒe dzi lolo ɖe dɔ me na wo.
2 Я вооружу Египтян против Египтян; и будут сражаться брат против брата и друг против друга, город с городом, царство с царством.
“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo, nɔvi kple nɔvi nawɔ avu, zɔhɛ natso ɖe zɔhɛ ŋu, du natso ɖe du ŋu, eye fiaɖuƒe natso ɖe fiaɖuƒe ŋuti.
3 И дух Египта изнеможет в нем, и разрушу совет его, и прибегнут они к идолам и к чародеям, и к вызывающим мертвых и к гадателям.
Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo. Woayi aɖabia nu le legbawo, ŋɔligbɔgbɔwo, ŋɔliyɔlawo kple afakalawo gbɔ.
4 И предам Египтян в руки властителя жестокого, и свирепый царь будет господствовать над ними, говорит Господь, Господь Саваоф.
Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te, eye fia vɔ̃ɖi aɖe aɖu wo dzi.” Aƒetɔ, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
5 И истощатся воды в море, и река иссякнет и высохнет;
Nil tɔsisi la amie, eye eme aƒu kplakplakpla.
6 и оскудеют реки, и каналы Египетские обмелеют и высохнут; камыш и тростник завянут.
Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm. Egipte tɔʋuwo hã amie, eye wo me aƒu. Aƒla kple aɖa siwo le tɔsisi la me la ayrɔ.
7 Поля при реке, по берегам реки, и все, посеянное при реке, засохнет, развеется и исчезнет.
Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to kple esiwo mie ɖe tɔsisi la kple ƒu la ƒe godoƒe la hã ayrɔ. Nuku siwo le bo dzi le Nil tɔsisi la to la afia, eye ya aƒo wo adzoe.
8 И восплачут рыбаки, и возрыдают все, бросающие уду в реку, и ставящие сети в воде впадут в уныние;
Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi, eye nenema ke ame siwo daa asabu ɖe tɔa me la hã axa nu.
9 и будут в смущении обрабатывающие лен и ткачи белых полотен;
Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ, nenema kee nye aklalavɔ biɖibiɖiwo lɔ̃lawo hã.
10 и будут сокрушены сети, и все, которые содержат садки для живой рыбы, упадут в духе.
Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa eye agbatedɔwɔlawo katã ƒe dzi axa nu.
11 Так! обезумели князья Цоанские; совет мудрых советников фараоновых стал бессмысленным. Как скажете вы фараону: “я сын мудрецов, сын царей древних?”
Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo. Farao ƒe aɖaŋuɖola nyanuwo ɖo aɖaŋu manyatalenuwo. Aleke nàte ŋu agblɔ na Farao be, “Menye nunyalawo dometɔ ɖeka, menye blemafiawo ƒe nusrɔ̃la?”
12 Где они? где твои мудрецы? пусть они теперь скажут тебе; пусть узнают, что Господь Саваоф определил о Египте.
Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ. Wonegblɔ nu siwo Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ɖe Egipte ŋu la na mí.
13 Обезумели князья Цоанские; обманулись князья Мемфисские, и совратил Египет с пути главы племен его.
Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo. Woble Memfis ƒe dukplɔlawo, eye ame siwo nye eƒe dzogoedzikpewo la kplɔ Egipte trae.
14 Господь послал в него дух опьянения; и они ввели Египет в заблуждение во всех делах его, подобно тому, как пьяный бродит по блевотине своей.
Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me. Ale wòna Egipte mu sɔgɔsɔgɔ le nu siwo katã wòwɔna la me abe ale si ahanomunɔtɔ mlina le xe si eya ŋutɔ ɖe la me ene.
15 И не будет в Египте такого дела, которое совершить умели бы голова и хвост, пальма и трость.
Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike, deʋaya alo keti mate ŋu awɔ naneke na Egipte o.
16 В тот день Египтяне будут подобны женщинам, и вострепещут и убоятся движения руки Господа Саваофа, которую Он поднимет на них.
Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta.
17 Земля Иудина сделается ужасом для Египта; кто вспомнит о ней, тот затрепещет от определения Господа Саваофа, которое Он постановил о нем.
Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.
18 В тот день пять городов в земле Египетской будут говорить языком Ханаанским и клясться Господом Саваофом; один назовется городом солнца.
Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.
19 В тот день жертвенник Господу будет посреди земли Египетской, и памятник Господу - у пределов ее.
Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa.
20 И будет он знамением и свидетельством о Господе Саваофе в земле Египетской, потому что они воззовут к Господу по причине притеснителей, и Он пошлет им спасителя и заступника, и избавит их.
Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me.
21 И Господь явит Себя в Египте; и Египтяне в тот день познают Господа и принесут жертвы и дары, и дадут обеты Господу, и исполнят.
Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.
22 И поразит Господь Египет; поразит и исцелит; они обратятся к Господу, и Он услышит их, и исцелит их.
Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.
23 В тот день из Египта в Ассирию будет большая дорога, и будет приходить Ассур в Египет, и Египтяне - в Ассирию; и Египтяне вместе с Ассириянами будут служить Господу.
Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae.
24 В тот день Израиль будет третьим с Египтом и Ассириею; благословение будет посреди земли,
Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi.
25 которую благословит Господь Саваоф, говоря: благословен народ Мой - Египтяне, и дело рук Моих - Ассирияне, и наследие Мое - Израиль.
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”

< Исаия 19 >