< 2-я Паралипоменон 8 >

1 По окончании двадцати лет, в которые Соломон строил дом Господень и свой дом,
Le ƒe blaeve megbe esi Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ la,
2 Соломон обстроил и города, которые дал Соломону Хирам, и поселил в них сынов Израилевых.
Solomo gbugbɔ kɔƒe siwo Hiram tso nɛ la tu eye wòna Israelviwo yi ɖanɔ wo me.
3 И пошел Соломон на Емаф-Сува и взял его.
Ɣeyiɣi sia me kee Solomo ho aʋa ɖe Hamat Zoba du la ŋu eye wòɖu edzi.
4 И построил он Фадмор в пустыне, и все города для запасов, какие основал в Емафе.
Etso Tadmɔ du la ɖe gbegbe kple du bubuwo ɖe Hamat abe nudzraɖoƒe duwo ene.
5 Он обстроил Вефорон верхний и Вефорон нижний, города укрепленные, со стенами, воротами и запорами,
Eglã Bet Horon du dzigbetɔ kple Bet Horon anyigbetɔ siaa. Eɖo gli ƒo xlã wo, de gakpogbowo kple gametiwo wo nu.
6 и Ваалаф и все города для запасов, которые были у Соломона, и все города для колесниц, и города для конных, и все, что хотел Соломон построить в Иерусалиме и на Ливане и во всей земле владения своего.
Etu Baalat kple nudzraɖoƒe du bubuwo le ɣeyiɣi sia me, etso du siwo me wòda eƒe tasiaɖamwo kple sɔwo ɖo eye wòtu xɔ siwo katã dzroe la ɖe Yerusalem kple Lebanon kple teƒe bubu vovovowo le anyigba si dzi wònye fia ɖo.
7 Весь народ, оставшийся от Хеттеев, и Аморреев, и Ферезеев, и Евеев и Иевусеев, которые были не из сынов Израилевых, -
Ame siwo katã susɔ le Hititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo dome (ame siwo menye Israelviwo o),
8 детей их, оставшихся после них на земле, которых не истребили сыны Израилевы, - сделал Соломон оброчными до сего дня.
Woawoe nye ame siwo nɔ anyigba la dzi tsã ƒe dzidzimeviwo ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ o la. Fia Solomo na wowɔ dɔ abe kluviwo ene abe ale si wòle va se ɖe egbe ene.
9 Сынов же Израилевых не делал Соломон работниками по делам своим, но они были воинами, и начальниками телохранителей его, и вождями колесниц его и всадников его.
Ke metsɔ Israelviwo ya wɔ kluviwo o, ke boŋ ena wozu asrafowo, asrafomegãwo, le aʋafiawo, tasiaɖamkulawo dzikpɔlawo kple sɔdolawo nu;
10 И было главных приставников у царя Соломона, управлявших народом, двести пятьдесят.
hekpe ɖe dziɖuɖu ƒe dɔdzikpɔla alafa eve blaatɔ̃, ame siwo kpɔa dukɔmenyawo katã dzi la ŋu.
11 А дочь фараонову перевел Соломон из города Давидова в дом, который построил для нее, потому что, говорил он, не должна жить женщина у меня в доме Давида, царя Израилева, ибо свят он, так как вошел в него ковчег Господень.
Solomo kplɔ srɔ̃a si nye Fia Farao ƒe vinyɔnu la dzoe tso Yerusalem ƒe akpa si woyɔna be David ƒe Du la me yi fiasã yeye si wotu nɛ la me elabena egblɔ be, “Mele be srɔ̃nye nanɔ Fia David ƒe fiasã me o elabena Yehowa ƒe nubablaɖaka la nɔ afi ma kpɔ eye wònye teƒe kɔkɔe.”
12 Тогда стал возносить Соломон всесожжения Господу на жертвеннике Господнем, который он устроил пред притвором,
Solomo sa numevɔwo na Yehowa le Yehowa ƒe vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata si le gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.
13 чтобы по уставу каждого дня приносить всесожжения, по заповеди Моисеевой, в субботы, и в новомесячия, и в праздники три раза в год: в праздник опресноков, и в праздник седмиц, и в праздник кущей.
Wosaa vɔ siawo ɖe gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu abe ale si dze ene, ɖe Dzudzɔgbewo, Dzinu Yeyewo kple ŋkekenyui etɔ̃ siwo woɖuna le ƒea me la nu. Esiawoe nye Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyui, Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui kple Agbadɔ ƒe Ŋkekenyui.
14 И установил он, по распоряжению Давида, отца своего, череды священников по службе их и левитов по стражам их, чтобы они славословили и служили при священниках по уставу каждого дня, и привратников по чередам их, к каждым воротам, потому что таково было завещание Давида, человека Божия.
Be wòalé fofoa David ƒe ɖoɖowo me ɖe asi la, etia nunɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ eye Levitɔwo hã be woanɔ ŋgɔ le kafukafuhawo dzidzime eye woakpe ɖe nunɔlaawo ŋu le gbe sia gbe ƒe hiahiãwo nu. Nenema ke wòtia agbonudzɔlawo ɖe woƒe hatsotsowo me hena agbo vovovoawo ŋu dzɔdzɔ elabena esiae David, Mawu ƒe ame la, ɖo da ɖi.
15 И не отступали от повелений царя о священниках и левитах ни в чем, ни в отношении сокровищ.
Womeda le fia la ƒe sededewo na nunɔlawo alo Levitɔwo dzi le nya aɖeke me o. Nenema kee nye nudzraɖoƒewo ƒe nyawo hã.
16 Так устроено было все дело Соломоново от дня основания дома Господня до совершенного окончания его - дома Господня.
Wowɔ dɔ siwo katã Solomo de tome be yeawɔ la tso gbe si gbe wòɖo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe gɔmeɖokpe anyi va se ɖe esime wowu enu. Ale wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu nu.
17 Тогда пошел Соломон в Ецион-Гавер и в Елаф, который на берегу моря, в земле Идумейской.
Solomo yi Ezion Geber kple Elat le Edom ƒuta.
18 И прислал ему Хирам чрез слуг своих корабли и рабов, знающих море, и отправились они с слугами Соломоновыми в Офир, и добыли оттуда четыреста пятьдесят талантов золота, и привезли царю Соломону.
Hiram ɖo tɔdziʋu siwo eya ŋutɔ ƒe amewo, ame siwo nya atsiaƒu ŋu dɔ wɔwɔ nyuie la ku la ɖee. Ame siawo kple Solomo ƒe amewo yi Ofir eye wotsɔ sika kilo akpe wuiatɔ̃ vɛ na Fia Solomo.

< 2-я Паралипоменон 8 >