< 2-я Паралипоменон 27 >

1 Двадцати пяти лет был Иоафам, когда воцарился, и шестнадцать лет царствовал в Иерусалиме; имя матери его Иеруша, дочь Садока.
Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu.
2 И делал он угодное в очах Господних точно так, как делал Озия, отец его, только он не входил в храм Господень, и народ продолжал еще грешить.
Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi.
3 Он построил верхние ворота дома Господня, и многое построил на стене Офела;
Yotam tu Dzigbegbo ɖe gbedoxɔ la ŋu eye wògbugbɔ gli siwo le Ofel toa dzi, afi si gbedoxɔ la le la ƒe akpa gã aɖe tu.
4 и города построил на горе Иудейской, и в лесах построил дворцы и башни.
Etso duwo ɖe Yuda ƒe tonyigba la dzi eye wòtu mɔwo kple xɔ kɔkɔwo ɖe avewo me le toawo dzi.
5 Он воевал с царем Аммонитян и одолел их, и дали ему Аммонитяне в тот год сто талантов серебра и десять тысяч коров пшеницы и ячменя десять тысяч. Это давали ему Аммонитяне и на другой год, и на третий.
Yotam wɔ aʋa kple Amonitɔwo ƒe fia eye wòɖu edzi. Le ƒe ma me la, Amonitɔwo tsɔ klosalo si ƒe kpekpeme nye kilogram akpe etɔ̃ alafa ene, lu tɔn akpe eve alafa eve kple ƒo tɔn akpe eve alafa eve vɛ nɛ. Amonitɔwo tsɔ nu siawo ke vɛ nɛ le ƒe evelia kple etɔ̃lia siaa me.
6 Так силен был Иоафам потому, что устроял пути свои пред лицем Господа Бога своего.
Fia Yotam kpɔ ŋusẽ ŋutɔ elabena ekpɔ egbɔ be yezɔ nyuie le Yehowa, eƒe Mawu la ƒe mɔ dzi ɣe sia ɣi.
7 Прочие деяния Иоафама и все войны его и поведение его описаны в книге царей Израильских и Иудейских:
Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me.
8 двадцати пяти лет был он, когда воцарился, и шестнадцать лет царствовал в Иерусалиме.
Le ŋutinya la nu la, Yotam xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe wuiade.
9 И почил Иоафам с отцами своими, и похоронили его в городе Давидовом. И воцарился Ахаз, сын его, вместо него.
Esi wòku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Ahaz ɖu fia ɖe eteƒe.

< 2-я Паралипоменон 27 >