< 2-я Паралипоменон 17 >

1 И воцарился Иосафат, сын его, вместо него; и укрепился он против Израильтян.
Yehosafat ɖu fia ɖe fofoa, Asa teƒe eye wòglã eɖokui ɖe Israel fia ŋu.
2 И поставил он войско во все укрепленные города Иудеи и расставил охранное войско по земле Иудейской и по городам Ефремовым, которыми овладел Аса, отец его.
Eda asrafowo ɖe Yuda du siwo woglã la me kple teƒe vovovowo le dukɔ la me kple Efraim, du siwo fofoa Asa xɔ la me.
3 И был Господь с Иосафатом, потому что он ходил первыми путями Давида, отца своего, и не взыскал Ваалов,
Yehowa nɔ kple Yehosafat elabena ewɔ nu nyui abe ale si fofoa wɔ le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔwo me ene eye mesubɔ legbawo o.
4 но взыскал он Бога отца своего и поступал по заповедям Его, а не по деяниям Израильтян.
Ewɔ fofoa ƒe Mawu ƒe sewo dzi eye menɔ abe ame siwo nɔ Israel ene la kura o.
5 И утвердил Господь царство в руке его, и давали все Иудеи дары Иосафату, и было у него много богатства и славы.
Esia ta Yehowa na wòli ke abe Yuda fia ene. Yuda ƒe viwo katã xea woƒe dugawo ale wòzu kesinɔtɔ gã aɖe eye amewo lɔ̃e ŋutɔ.
6 И возвысилось сердце его на путях Господних; притом и высоты отменил он и дубравы в Иудее.
Ezɔ Mawu ƒe mɔwo dzi dzideƒotɔe; ekaka trɔ̃subɔlawo ƒe vɔsamlekpuiwo le togbɛawo dzi eye wòho aƒeliwo gɔ̃ hã.
7 И в третий год царствования своего он послал князей своих Бенхаила и Овадию, и Захарию и Нафанаила и Михея, чтоб учили по городам Иудиным народ,
Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, eɖo ame aɖewo ɖa be woafia nu amewo le Yuda duwo me. Ame siawoe nye Ben Hail, Obadia, Zekaria, Netanel kple Mikaya.
8 и с ними левитов: Шемаию и Нефанию, и Зевадию и Азаила, и Шемирамофа и Ионафана, и Адонию и Товию и Тов-Адонию, и с ними Елишаму и Иорама, священников.
Levi ƒe vi asieke kple nunɔla eve kpe ɖe wo ŋu. Levi ƒe viawoe nye Semaya, Netania, Zebadia, Asahel, Semiramɔt, Yehonatan, Adoniya, Tobiya, Tob Adoniya kpakple nunɔlawo Elisama kple Yehoram.
9 И они учили в Иудее, имея с собою книгу закона Господня; и обходили все города Иудеи и учили народ.
Wotsɔ Yehowa ƒe Segbalẽ la ɖe asi, hetsa le Yuda duwo katã me eye wofia Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la ameawo.
10 И был страх Господень на всех царствах земель, которые вокруг Иудеи, и не воевали с Иосафатом.
Vɔvɔ̃ na Yehowa dze fiaɖuƒe siwo ƒo xlã Yuda la dzi ale wo dometɔ aɖeke meho aʋa ɖe Yehosafat ŋu o.
11 А от Филистимлян приносили Иосафату дары и в дань серебро; также Аравитяне пригоняли к нему мелкий скот: овнов семь тысяч семьсот и козлов семь тысяч семьсот.
Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre.
12 И возвышался Иосафат все более и более и построил в Иудее крепости и города для запасов.
Ale Yehosafat kpɔ ŋusẽ ŋutɔ; etu mɔwo eye wòtso nudzraɖoƒe duwo ɖe Yudanyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe dzi.
13 Много было у него запасов в городах Иудейских, а в Иерусалиме людей военных, храбрых.
Ewɔ ɖoɖowo ɖe dukɔmedɔ geɖewo wɔwɔ ŋu eye wòda aʋakɔ gã aɖe ɖe Yerusalem, si nye eƒe fiadu la me.
14 И вот список их по поколениям их: у Иуды начальники тысяч: Адна начальник, и у него отличных воинов триста тысяч;
Woƒe xexlẽme le woƒe ƒomewo nu nɔ ale: tso Yuda la, aʋawɔla akpe ɖekaɖekawo nunɔlawo nɔ anyi eye aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ nɔ woƒe aʋafia, Adna te.
15 за ним Иоханан начальник, и у него двести восемьдесят тысяч;
Yehohanan nye aʋafia si kplɔe ɖo eye wònɔ aʋawɔla akpe alafa eve blaenyi nu.
16 за ним Амасия, сын Зихри, посвятивший себя Господу, и у него двести тысяч воинов отличных.
Ame si kplɔ eya hã ɖoe nye Amasia, Zikri ƒe vi, ame si nye mawuvɔ̃la akuaku aɖe; eya kpɔ aʋawɔla akpe alafa eve dzi.
17 У Вениамина: отличный воин Елиада, и у него вооруженных луком и щитом двести тысяч;
Aʋawɔla akpe alafa eve tso Benyamin ƒe viwo dome; wotsɔ datiwo, aŋutrɔwo kple akpoxɔnuwo eye wonɔ aʋafia xɔŋkɔ Eliada te.
18 за ним Иегозавад, и у него сто восемьдесят тысяч вооруженных воинов.
Ame si kplɔe ɖo lae nye Yehozabad eye wòkplɔ aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi, ame siwo xɔ hehe nyuie.
19 Вот служившие царю, сверх тех, которых расставил царь в укрепленных городах по всей Иудее.
Aʋawɔla siawo nɔ Yerusalem kpe ɖe esiwo fia la da ɖe du siwo woglã le dukɔ blibo la me la ŋuti.

< 2-я Паралипоменон 17 >