< 1-я Царств 21 >

1 И пришел Давид в Номву к Ахимелеху священнику, и смутился Ахимелех при встрече с Давидом и сказал ему: почему ты один, и никого нет с тобою?
David yi Nɔb dua me be yeakpɔ Abimelek, nunɔla la. Ke esi Ahimelek kpɔe la vɔvɔ̃ ɖoe eye wòbiae be, “Nu ka ta wò ɖeka nèva? Nu ka ta ame aɖeke mele ŋuwò o?”
2 И сказал Давид Ахимелеху священнику: царь поручил мне дело и сказал мне: “пусть никто не знает, за чем я послал тебя и что поручил тебе”; поэтому людей я оставил на известном месте;
David da alakpa na Ahimelek be, “Fia la de dɔ ɣaɣlɛ aɖe asi nam. Egblɔ nam be magana ame aɖeke nanya nu si ta meva afi sia o. Mefia teƒe si nye amewo ado gom le emegbe la wo.
3 итак, что есть у тебя под рукою, дай мне, хлебов пять, или что найдется.
Nuɖuɖu aɖe le asiwòa? Na abolo atɔ̃ alo nu bubu ɖe sia ɖe si nàte ŋui lam.”
4 И отвечал священник Давиду, говоря: нет у меня под рукою простого хлеба, а есть хлеб священный; если только люди твои воздержались от женщин, пусть съедят.
Nunɔla la ɖo eŋu be, “Abolo dzodzro ya ƒe ɖeke meli o; abolo kɔkɔe koe li. Mexɔe se be miate ŋu aɖui ne wò ɖekakpuiwo medɔ kple nyɔnuwo le ŋkeke siawo me o ko.”
5 И отвечал Давид священнику и сказал ему: женщин при нас не было ни вчера, ни третьего дня, со времени, как я вышел, и сосуды отроков чисты, а если дорога нечиста, то хлеб останется чистым в сосудах.
David do eŋu be, “Meka ɖe edzi na wò elabena nyemeɖea mɔ na nye ɖekakpuiwo be woade ha kple nyɔnuwo ne míezɔ mɔ o. Ne wole kɔkɔe ne míezɔ mɔ dzodzrowo la, ekema eme kɔ ƒãa be woanɔ kɔkɔe esi míeva dɔ tɔxɛ sia gbe!”
6 И дал ему священник священного хлеба; ибо не было у него хлеба, кроме хлебов предложения, которые взяты были от лица Господа, чтобы по снятии их положить теплые хлебы.
Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii.
7 Там находился в тот день пред Господом один из слуг Сауловых, по имени Доик, Идумеянин, начальник пастухов Сауловых.
Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.
8 И сказал Давид Ахимелеху: нет ли здесь у тебя под рукою копья или меча? ибо я не взял с собою ни меча, ни другого оружия, так как поручение царя было спешное.
David bia Ahimelek ne akplɔ alo yi aɖe le esi si ŋu dɔ yeate ŋu awɔ. Eɖe eme nɛ be, “Ele be matsɔ dzo ɖe fia ƒe dɔ la ŋu eye mawɔe kaba ale gbegbe be nyemete ŋu tsɔ aʋawɔnu aɖeke ɖe asi o!”
9 И сказал священник: вот меч Голиафа Филистимлянина, которого ты поразил в долине дуба, завернутый в одежду, позади ефода; если хочешь, возьми его; другого кроме этого нет здесь. И сказал Давид: нет ему подобного, дай мне его.
Nunɔla la ɖo eŋu be, “Goliat, Filistitɔ si nèwu le Ela balime la ƒe yi le asinye. Woblae ɖe avɔ aɖe me le awuwo dzraɖoƒe le kɔmewu la megbe. Ne èlɔ̃ la, àte ŋu atsɔe elabena aʋawɔnu bubu aɖeke megale afi sia o.” David ɖo eŋu be, “Eya tututu dim mele; tsɔe nam!”
10 И встал Давид, и убежал в тот же день от Саула, и пришел к Анхусу, царю Гефскому.
David ɖe abla dzo elabena enɔ vɔvɔ̃m na Saul eye wòyi Fia Akis gbɔ le Gat.
11 И сказали Анхусу слуги его: не это ли Давид, царь той страны? не ему ли пели в хороводах и говорили: “Саул поразил тысячи, а Давид десятки тысяч”?
Ke David ƒe afi ma nɔnɔ medzɔ dzi na Akis ƒe aʋakplɔlawo o. Wobia be, “Menye eyae nye Israel ƒe kplɔla gã la oa? Menye eya ŋue ameawo dea bubui le woƒe ɣeɖuƒewo henɔa ha dzim bena, “‘Saul wu akpe eye David wu akpewo’ oa?”
12 Давид положил слова эти в сердце своем и сильно боялся Анхуса, царя Гефского.
David se nya siawo eye wòvɔ̃ nu si Gat fia Akis ate ŋu awɔe.
13 И изменил лице свое пред ними, и притворился безумным в их глазах, и чертил на дверях, и пускал слюну по бороде своей.
Ale wòwɔ eɖokui abe tsukunɔ ene! Ete fli ɖe ʋɔtruwo ŋu eye wòna ade do tso eƒe nu me hetsyɔ ɖe eƒe ge me.
14 И сказал Анхус рабам своим: видите, он человек сумасшедший; для чего вы привели его ко мне?
Fia Akis gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Mikpɔ ame sia ɖa! Ele tsu kum! Nu ka tae miekplɔe vɛ nam ɖo?
15 разве мало у меня сумасшедших, что вы привели его, чтобы он юродствовал предо мною? неужели он войдет в дом мой?
Tsukunɔ ƒe koe si le wɔyem tae miekplɔ ame sia vɛ be woava anɔ nu siawo ƒomevi wɔm le nye ŋkutaa? Ɖe wòdze be miakplɔ ame sia ƒomevi va nye aƒe mea?”

< 1-я Царств 21 >