< 1-я Паралипоменон 24 >

1 И вот распределения сыновей Аароновых: сыновья Аарона: Надав, Авиуд, Елеазар и Ифамар.
Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me. Aron ƒe viŋutsuwo nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.
2 Надав и Авиуд умерли прежде отца своего, сыновей же не было у них, и потому священствовали Елеазар и Ифамар.
Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene.
3 И распределил их Давид - Садока из сыновей Елеазара, и Ахимелеха из сыновей Ифамара, поочередно на службу их.
David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me.
4 И нашлось, что между сынами Елеазара глав поколений более, нежели между сынами Ифамара. И он распределил их так: из сынов Елеазара шестнадцать глав семейств, а из сынов Ифамара восемь.
Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu.
5 Распределял же их по жребиям, потому что главными во святилище и главными пред Богом были из сынов Елеазара и из сынов Ифамара,
Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.
6 и записывал их Шемаия, сын Нафанаила, писец из левитов, пред лицем царя и князей и пред священником Садоком и Ахимелехом, сыном Авиафара, и пред главами семейств священнических и левитских: брали при бросании жребия одно семейство из рода Елеазарова, потом брали из рода Ифамарова.
Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.
7 И вышел первый жребий Иегоиариву, второй Иедаии,
Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu: Hatsotso gbãtɔ ƒe tatɔe nye Yehoyarib. Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Yedaia.
8 третий Хариму, четвертый Сеориму,
Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim. Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Seorim.
9 пятый Малхию, шестой Миямину,
Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya. Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Miyamin.
10 седьмой Гаккоцу, восьмой Авии,
Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz. Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Abiya.
11 девятый Иешую, десятый Шехании,
Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua. Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Sekania.
12 одиннадцатый Елиашиву, двенадцатый Иакиму,
Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib. Hatsotso wuievelia ƒe kplɔlae nye Yakim.
13 тринадцатый Хушаю, четырнадцатый Иешеваву,
Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa. Hatsotso wuienelia ƒe kplɔlae nye Yesebeab.
14 пятнадцатый Вилге, шестнадцатый Имеру,
Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga. Hatsotso wuiadelia ƒe kplɔlae nye Imer.
15 семьнадцатый Хезиру, восемнадцатый Гапицецу,
Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir. Hatsotso wuienyilia ƒe kplɔlae nye Hapizez.
16 девятнадцатый Петахии, двадцатый Иезекиилю,
Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia. Hatsotso blaevelia ƒe kplɔlae nye Hezekiel.
17 двадцать первый Иахину, двадцать второй Гамулу, у
Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin. Hatsotso blaeve-vɔ-evelia ƒe kplɔlae nye Gamul.
18 двадцать третий Делаии, двадцать четвертый Маазии.
Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya eye hatsotso blaeve-vɔ-enelia ƒe kplɔlae nye Mazia.
19 Вот порядок их при служении их, как им приходить в дом Господень, по уставу их чрез Аарона, отца их, как заповедал ему Господь Бог Израилев.
Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.
20 У прочих сыновей Левия - распределение: из сынов Амрама: Шуваил; из сынов Шуваила: Иедия;
Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo: Yehdeia dzɔ tso Amram me to Sebuel dzi;
21 от Рехавии: из сынов Рехавии Ишшия был первый;
Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;
22 от Ицгара: Шеломоф; из сыновей Шеломофа: Иахав;
Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;
23 из сыновей Хеврона: первый Иерия, второй Амария, третий Иахазиил, четвертый Иекамам.
Hebron viwoe nye: Yeria nye gbãtɔ, Amaria nye evelia, Yahaziel nye etɔ̃lia eye Yekameam nye enelia.
24 Из сыновей Озиила: Миха; из сыновей Михи: Шамир.
Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;
25 Брат Михи Ишшия; из сыновей Ишшии: Захария.
Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;
26 Сыновья Мерари: Махли и Муши; из сыновей Иаазии: Бено.
Mahli Musi kple Yaazia nye Merari ƒe dzidzimeviwo;
27 Из сыновей Мерари у Иаазии: Бено и Шогам, и Заккур и Иври.
Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si; woawoe nye: Soham, Zakur kple Ibri;
28 У Махлия - Елеазар; у него сыновей не было.
Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.
29 У Киса: из сыновей Киса: Иерахмиил;
Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.
30 сыновья Мушия: Махли, Едер и Иеримоф. Вот сыновья левитов по поколениям их.
Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si. Esiawoe nye Leviviwo le woƒe ƒome nu.
31 Бросали и они жребий, наравне с братьями своими, сыновьями Аароновыми, пред лицем царя Давида и Садока и Ахимелеха, и глав семейств священнических и левитских: Глава семейства наравне с меньшим братом своим.
Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.

< 1-я Паралипоменон 24 >