< 1-я Паралипоменон 14 >

1 И послал Хирам, царь Тирский, к Давиду послов, и кедровые деревья, и каменщиков, и плотников, чтобы построить ему дом.
Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ.
2 Когда узнал Давид, что утвердил его Господь царем над Израилем, что вознесено высоко царство его, ради народа его Израиля,
Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.
3 тогда взял Давид еще жен в Иерусалиме, и родил Давид еще сыновей и дочерей.
Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.
4 И вот имена родившихся у него в Иерусалиме: Самус, Совав, Нафан, Соломон,
Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo,
5 Евеар, Елисуа, Елфалет,
Ibhar, Elisua, Elpelet,
6 Ногах, Нафек, Иафиа,
Noga, Nefeg, Yafia,
7 и Елисама, Веелиада и Елифалеф.
Elisama, Beeliada kple Elifelet.
8 И услышали Филистимляне, что помазан Давид в царя над всем Израилем, и поднялись все Филистимляне искать Давида. И услышал Давид об этом и пошел против них.
Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge.
9 И Филистимляне пришли и расположились в долине Рефаимов.
Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime.
10 И вопросил Давид Бога, говоря: идти ли мне против Филистимлян, и предашь ли их в руки мои? И сказал ему Господь: иди, и Я предам их в руки твои.
David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?” Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”
11 И пошли они в Ваал-Перацим, и поразил их там Давид; и сказал Давид: сломил Бог врагов моих рукою моею, как прорыв воды. Посему и дали имя месту тому: Ваал-Перацим.
Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”
12 И оставили там Филистимляне богов своих, и повелел Давид, и сожжены они огнем.
Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã.
13 И пришли опять Филистимляне и расположились по долине.
Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me.
14 И еще вопросил Давид Бога, и сказал ему Бог: не ходи прямо на них, уклонись от них и иди к ним со стороны тутовых дерев;
David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ.
15 и когда услышишь шум как бы шагов на вершинах тутовых дерев, тогда вступи в битву, ибо вышел Бог пред тобою, чтобы поразить стан Филистимлян.
Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”
16 И сделал Давид, как повелел ему Бог; и поразили стан Филистимский, от Гаваона до Газера.
Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.
17 И пронеслось имя Давидово по всем землям, и Господь сделал его страшным для всех народов.
David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e.

< 1-я Паралипоменон 14 >