< Ezechiela 25 >

1 I doszło do mnie słowo PANA mówiące:
Yehowa ƒe nya va nam be,
2 Synu człowieczy, zwróć swoją twarz przeciwko Ammonitom i prorokuj przeciwko nim.
“Ame vi, trɔ mo ɖe Amonitɔwo ŋu, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu.
3 Powiedz Ammonitom: Słuchajcie słowa Pana BOGA. Tak mówi Pan BÓG: Ponieważ mówiłeś: Ha! na moją świątynię, gdy została zbezczeszczona, i na ziemię Izraela, gdy była spustoszona, i na dom Judy, gdy poszedł w niewolę;
Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la,
4 Oto wydam cię w posiadanie narodom Wschodu. Pobudują swoje pałace u ciebie i urządzą u ciebie swoje mieszkania. Będą jeść twoje plony i będą pić twoje mleko.
matsɔ mi ade asi na Ɣedzeƒenyigbadzitɔwo, miazu wo tɔ. Woatso nɔƒe, eye woatu woƒe agbadɔwo ɖe mia dome; woaɖu miaƒe kutsetsewo, eye woano miaƒe notsi.
5 I uczynię z Rabby legowisko dla wielbłądów, a z [miast] Ammonitów – legowisko dla trzód. I poznacie, że ja jestem PANEM.
Matrɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amoninyigba azu gbɔɖemeƒe na alẽwo. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.
6 Tak bowiem mówi Pan BÓG: Ponieważ klaskałeś rękami, tupałeś nogami i cieszyłeś się w sercu z całą pogardą wobec ziemi Izraela;
Elabena alea Aƒetɔ Yehowa gblɔ: esi mieƒo asikpe, tu afɔ anyi le dzidzɔkpɔkpɔ me kple ta me vɔ̃ ɖoɖo le miaƒe dzi me ɖe Israelnyigba ŋu ta la,
7 Oto wyciągnę swą rękę przeciwko tobie i wydam cię na łup poganom; wytnę cię spośród narodów, wytracę cię z ziem i wyniszczę cię. I poznasz, że ja jestem PANEM.
mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo abe nuhaha ene. Maɖe mi ɖa le dukɔwo dome, eye matsrɔ̃ mi le anyigbawo dzi. Matsrɔ̃ mi, eye mianya be nyee nye Yehowa.’”
8 Tak mówi Pan BÓG: Ponieważ Moab i Seir mówią: Oto dom Judy jest jak wszystkie inne narody;
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Esi Moabtɔwo kple Seirtɔwo gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Yuda ƒe aƒe zu abe dukɔ bubuwo ene” ta la,
9 Dlatego odsłonię zbocze Moabu od miast, od jego granicznych miast, [które są] ozdobą ziemi: Bet-Jeszimot, Baal-Meon i Kiriataim;
maɖe Moab ƒe abɔta ɖe go, madze egɔme tso liƒodziduwo, Bet Yesimot, Baal Meon kple Kiriataim, du siwo nye anyigba ma ƒe atsyɔ̃ la dzi.
10 Przed narodami Wschodu wraz z Ammonitami; dam je w posiadanie, aby nie wspominano Ammonitów między narodami.
Matsɔ Moabtɔwo kple Amonitɔ na ɣedzeƒetɔwo woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome o,
11 I dokonam sądów nad Moabem, i poznają, że ja jestem PANEM.
eye mahe to na Moabtɔwo vevie. Ekema woanya be nyee nye Yehowa.’”
12 Tak mówi Pan BÓG: Ponieważ Edom srodze się mścił nad domem Judy i ciężko zawinił, mszcząc się nad nim;
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esi Edomtɔwo bia hlɔ̃ Yuda ƒe aƒe eye wodze agɔ vevie to nu sia wɔwɔ me ta la,
13 Tak mówi Pan BÓG: Wyciągnę też swoją rękę na [ziemię] Edomu i wytracę z niej ludzi i zwierzęta, i zamienię ją w pustynię; od Temanu aż do Dedanu polegną od miecza.
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si, ‘Mado nye asi ɖa ɖe Edom ŋu, eye mawu eƒe amewo kple woƒe lãwo. Mana wòazu gbegbe, eye eƒe amewo atsi yi nu tso Teman va se ɖe Dedan.
14 I dokonam swojej zemsty na Edomie przez ręce mego ludu Izraela, a postąpią z Edomem według mojej zapalczywości i według mojego gniewu. I poznają moją pomstę, mówi Pan BÓG.
Mabia hlɔ̃ Edom to nye amewo, Israel ƒe asi dzi, eye woatu nu kple Edom le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ nu. Woadze si nye hlɔ̃biabia.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
15 Tak mówi Pan BÓG: Ponieważ Filistyni się mścili i dokonali zemsty złośliwym sercem, aby prowadzić do zguby z powodu odwiecznej nieprzyjaźni;
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi Filistitɔwo wɔ nu le hlɔ̃biabia me, eye wobia hlɔ̃ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo si le dzi me na wo kple fuléle si nɔ wo me tso blema ke, be yewoatsrɔ̃ Yuda ta la,
16 Dlatego tak mówi Pan BÓG: Oto wyciągnę swoją rękę na Filistynów, wykorzenię Keretytów i wytracę resztkę wybrzeża morskiego.
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Mele nye asi ɖo ge ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, mawu Keretitɔwo, eye matsrɔ̃ ame siwo susɔ ɖe atsiaƒu la nu.
17 I dokonam na nich wielkiej pomsty, karząc [ich] w zapalczywości; i poznają, że ja jestem PANEM, gdy wywrę na nich swoją pomstę.
Mabia hlɔ̃ wo vevie, eye mahe to na wo le nye dɔmedzoe helĩhelĩ me. Ekema woanya be nyee nye Yehowa, ne mebia hlɔ̃ wo.’”

< Ezechiela 25 >