< مکاشفهٔ یوحنا 15 >

و علامت دیگر عظیم و عجیبی درآسمان دیدم، یعنی هفت فرشته‌ای که هفت بلایی دارند که آخرین هستند، زیرا که به آنها غضب الهی به انجام رسیده است. ۱ 1
Eye mekpɔ dzesi gã wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo, elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe nu le.
و دیدم مثال دریایی از شیشه مخلوط به آتش و کسانی راکه بر وحش و صورت او و عدد اسم او غلبه می یابند، بر دریای شیشه ایستاده و بربطهای خدارا بدست گرفته، ۲ 2
Azɔ la, mekpɔ nane si le abe atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e si me biã hẽe abe dzo ene la, eye ame siwo ɖu lã wɔadã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒu la to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi,
سرود موسی بنده خدا و سرودبره را می‌خوانند و می‌گویند: «عظیم و عجیب است اعمال تو‌ای خداوند خدای قادر مطلق! عدل و حق است راههای تو‌ای پادشاه امت‌ها. ۳ 3
eye wodzi Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be, “Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ, Wò nuwɔnawo lolo, eye wowɔ nuku. Wò dukɔwo ƒe fia, wò mɔwo le dzɔdzɔe, eye wonye nyateƒe.
کیست که از تو نترسد، خداوندا و کیست که نام تو را تمجید ننماید؟ زیرا که تو تنها قدوس هستی و جمیع امت‌ها آمده، در حضور توپرستش خواهند کرد، زیرا که احکام تو ظاهرگردیده است. ۴ 4
O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò, eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o? Elabena wò koe le kɔkɔe. Dukɔwo katã ava, eye woasubɔ wò, elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo fia.”
و بعد از این دیدم که قدس خیمه شهادت درآسمان گشوده شد، ۵ 5
Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la wònɔ ʋuʋu.
و هفت فرشته‌ای که هفت بلا داشتند، کتانی پاک و روشن دربر کرده و کمرایشان به کمربند زرین بسته، بیرون آمدند. ۶ 6
Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la do tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo, eye wotsɔ sikalidziblaka tso gae ɖe akɔta.
ویکی از آن چهار حیوان، به آن هفت فرشته، هفت پیاله زرین داد، پر از غضب خدا که تا ابدالاباد زنده است. (aiōn g165) ۷ 7
Tete nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo, (aiōn g165)
و قدس از جلال خدا و قوت او پر دودگردید. و تا هفت بلای آن هفت فرشته به انجام نرسید، هیچ‌کس نتوانست به قدس درآید. ۸ 8
eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la. Ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

< مکاشفهٔ یوحنا 15 >