< اعداد 27 >

و دختران صلفحاد بن حافر بن جلعادبن ماکیر بن منسی، که از قبایل منسی ابن یوسف بود نزدیک آمدند، و اینهاست نامهای دخترانش: محله و نوعه و حجله و ملکه و ترصه. ۱ 1
Zelofehad, Hefer ƒe vi, Gilead ƒe vi, Makir ƒe vi, Manase ƒe vi, tso Manase, ame si nye Yosef ƒe vi la ƒe ƒome me. Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.
و به حضور موسی و العازار کاهن، و به حضورسروران و تمامی جماعت نزد در خیمه اجتماع ایستاده، گفتند: ۲ 2
Gbe ɖeka la, Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo yi agbadɔ la ƒe mɔnu, eye wotsi tsitre ɖe Mose, nunɔla Eleazar, ameha blibo la ƒe kplɔlawo ŋkume, eye wogblɔ be,
«پدر ما در بیابان مرد و او از آن گروه نبود که در جمعیت قورح به ضد خداوندهمداستان شدند، بلکه در گناه خود مرد و پسری نداشت. ۳ 3
“Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o.
پس چرا نام پدر ما از این جهت که پسری ندارد از میان قبیله‌اش محو شود، لهذا ما رادر میان برادران پدر ما نصیبی بده.» ۴ 4
Nu ka ta mía fofo ƒe ŋkɔ nabu le eƒe hlɔ̃ me, elabena viŋutsu menɔ esi o? Na domenyinui ɖe mía fofowo ƒe ƒometɔwo dome.”
پس موسی دعوی ایشان را به حضورخداوند آورد. ۵ 5
Mose tsɔ woƒe nya la da ɖe Yehowa ŋkume,
و خداوند موسی را خطاب کرده، گفت: ۶ 6
eye Yehowa gblɔ nɛ be,
«دختران صلفحاد راست می‌گویند، البته در میان برادران پدر ایشان ملک موروثی به ایشان بده، و نصیب پدر ایشان را به ایشان انتقال نما. ۷ 7
“Nya si gblɔm Zelofehad ƒe vinyɔnuwo le la le eteƒe. Ele be miana domenyinu wo ɖe wo fofowo ƒe ƒometɔwo dome, eye miatsɔ wo fofowo ƒe domenyinu ana wo.
و بنی‌اسرائیل را خطاب کرده، بگو: اگر کسی بمیرد و پسری نداشته باشد، ملک او را به دخترش انتقال نمایید. ۸ 8
“Gawu la, gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne ame aɖe ku, eye viŋutsu aɖeke menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi via nyɔnuwo ƒe asi me.
و اگر او رادختری نباشد، ملک او را به برادرانش بدهید. ۹ 9
Ne vinyɔnu aɖeke menɔ esi o hã la, ekema eƒe domenyinu ayi nɔvia ŋutsu ƒe asi me.
واگر او را برادری نباشد، ملک او را به برادران پدرش بدهید. ۱۰ 10
Ne nɔviŋutsu aɖeke hã menɔ esi o la, ekema eƒe domenyinu ayi fofoa nɔviŋutsu gbɔ.
و اگر پدر او را برادری نباشد، ملک او را به هر کس از قبیله‌اش که خویش نزدیکتر او باشد بدهید، تا مالک آن بشود، پس این برای بنی‌اسرائیل فریضه شرعی باشد، چنانکه خداوند به موسی‌امر فرموده بود.» ۱۱ 11
Ke ne fofoa nɔviŋutsu aɖeke meli o la, woatsɔe ana eƒe ƒometɔ tututu aɖe. Esia nanye se kple ɖoɖo na Israelviwo, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.’”
و خداوند به موسی گفت: «به این کوه عباریم برآی و زمینی را که به بنی‌اسرائیل داده‌ام، ببین. ۱۲ 12
Gbe ɖeka la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Yi Abarim to dzi, eye nàkpɔ anyigba si metsɔ na Israelviwo la ɖa to tɔsisi la dzi.
و چون آن را دیدی تو نیز به قوم خودملحق خواهی شد، چنانکه برادرت هارون ملحق شد. ۱۳ 13
Ne èkpɔe vɔ megbe la, àku abe nɔviwò Aron ene,
زیرا که در بیابان صین وقتی که جماعت مخامصه نمودند شما از قول من عصیان ورزیدید، و مرا نزد آب در نظر ایشان تقدیس ننمودید.» این است آب مریبه قادش، در بیابان صین. ۱۴ 14
elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)
و موسی به خداوند عرض کرده، گفت: ۱۵ 15
Mose gblɔ na Yehowa be,
«ملتمس اینکه یهوه خدای ارواح تمامی بشر، کسی را بر این جماعت بگمارد ۱۶ 16
“O! Yehowa, amegbetɔƒome la katã ƒe gbɔgbɔwo ƒe Mawu, meɖe kuku, hafi madzo le xexea me la, tia kplɔla bubu na ameawo,
که پیش روی ایشان بیرون رود، و پیش روی ایشان داخل شود، و ایشان را بیرون برد و ایشان را درآورد، تاجماعت خداوند مثل گوسفندان بی‌شبان نباشند.» ۱۷ 17
ame si akplɔ wo ayi aʋa, eye wòakpɔ wo dzi, ale be Yehowa ƒe amewo manɔ abe alẽha si nu kplɔla aɖeke mele ene o.”
و خداوند به موسی گفت: «یوشع بن نون را که مردی صاحب روح است گرفته، دست خود را بر او بگذار. ۱۸ 18
Yehowa ɖo eŋu be, “Yi nàkplɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si me Gbɔgbɔ la le la,
و او را به حضورالعازار کاهن و به حضور تمامی جماعت برپاداشته، در نظر ایشان به وی وصیت نما. ۱۹ 19
yi nunɔla Eleazar gbɔ, eye nàtsɔ ameawo kpɔkplɔ de esi le ameawo katã ŋkume.
و ازعزت خود بر او بگذار تا تمامی جماعت بنی‌اسرائیل او را اطاعت نمایند. ۲۰ 20
Ɖe wò amekpɔkplɔ ƒe ŋusẽ da ɖe edzi ale be Israelviwo katã naɖo toe.
و او به حضور العازار کاهن بایستد تا از برای او به حکم اوریم به حضور خداوند سوال نماید، و به فرمان وی، او و تمامی بنی‌اسرائیل با وی و تمامی جماعت، بیرون روند، و به فرمان وی داخل شوند.» ۲۱ 21
Ele be wòayi nunɔla Eleazar gbɔ, eye wòaxɔ ɖoɖowo tso Yehowa gbɔ. Yehowa agblɔ nu si woawɔ la na Eleazar to akɔdada kple ‘Urim’ me, eye Eleazar agblɔ Mawu ƒe ɖoɖowo na Yosua kple Israel dukɔ la. Yehowa ayi wo kpɔkplɔ dzi le mɔ sia nu.”
پس موسی به نوعی که خداوند او راامر فرموده بود عمل نموده، یوشع را گرفت و اورا به حضور العازار کاهن و به حضور تمامی جماعت برپا داشت. ۲۲ 22
Mose zɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo nu, eye wòkplɔ Yosua yi nunɔla Eleazar gbɔ. Le ha blibo la ŋkume la,
و دستهای خود را بر اوگذاشته، او را به طوری که خداوند به واسطه موسی گفته بود، وصیت نمود. ۲۳ 23
Mose da asi ɖe Yosua dzi, eye wòtsɔ eƒe dɔdeasiwo de asi nɛ abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.

< اعداد 27 >