< داوران 13 >

و بنی‌اسرائیل بار دیگر در نظر خداوندشرارت ورزیدند، و خداوند ایشان را به‌دست فلسطینیان چهل سال تسلیم کرد. ۱ 1
Israelviwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume, ale Yehowa tsɔ wo de asi na Filistitɔwo ƒe blaene sɔŋ.
و شخصی از صرعه از قبیله دان، مانوح نام بود، و زنش نازاد بوده، نمی زایید. ۲ 2
Ŋutsu aɖe nɔ Zora du la me, eŋkɔe nye Manoa, tso Dan ƒe to la me. Manoa srɔ̃ tsi ko, medzi vi kpɔ o.
و فرشته خداوند به آن زن ظاهر شده، او را گفت: «اینک توحال نازاد هستی و نزاییده‌ای لیکن حامله شده، پسری خواهی زایید. ۳ 3
Yehowa ƒe dɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be, “Wò la, ètsi ko eye mèdzi vi o gake èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi.
و الان باحذر باش و هیچ شراب و مسکری منوش و هیچ‌چیز نجس مخور. ۴ 4
Azɔ la, kpɔ egbɔ be mèno wain alo aha muame aɖeke o, eye màɖu naneke si ŋuti mekɔ o
زیرا یقین حامله شده، پسری خواهی زایید، واستره بر سرش نخواهد آمد، زیرا آن ولد از رحم مادر خود برای خدا نذیره خواهد بود، و او به رهانیدن اسرائیل از دست فلسطینیان شروع خواهد کرد.» ۵ 5
elabena àfɔ fu eye àdzi ŋutsuvi. Talũhɛ maka eƒe ta ŋu o, elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ, ame si woɖe ɖe aga na Mawu tso dadaa ƒe dɔ me, eye eyae adze Israelviwo ɖeɖe tso Filistitɔwo ƒe asi me gɔme.”
پس آن زن آمده، شوهر خود را خطاب کرده، گفت: «مرد خدایی نزد من آمد، و منظر اومثل منظر فرشته خدا بسیار مهیب بود. و نپرسیدم که از کجاست و از اسم خود مرا خبر نداد. ۶ 6
Tete nyɔnu la yi srɔ̃a gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mawu ƒe ame aɖe va gbɔnye, edzi ŋɔ ŋutɔ eye wòdze abe Mawudɔla ene. Nyemebia afi si wòtso lae o, eye meyɔ eƒe ŋkɔ hã nam o.
و به من گفت اینک حامله شده، پسری خواهی زایید، و الان هیچ شراب و مسکری منوش، و هیچ‌چیزنجس مخور زیرا که آن ولد از رحم مادر تا روزوفاتش برای خدا نذیره خواهد بود.» ۷ 7
Egblɔ nam be, ‘Èle fu fɔ ge, àdzi ŋutsuvi, eya ta azɔ la, mègano wain alo aha muame bubu aɖeke o eye mègaɖu nu makɔmakɔ aɖeke o elabena ŋutsuvi la anye Naziritɔ na Mawu tso eƒe dzigbe va se ɖe eƒe kugbe.’”
و مانوح از خداوند استدعا نموده، گفت: «آه‌ای خداوند تمنا اینکه آن مرد خدا که فرستادی بار دیگر نزد ما بیاید و ما را تعلیم دهد که با ولدی که مولود خواهد شد، چگونه رفتار نماییم.» ۸ 8
Tete Manoa do gbe ɖa na Yehowa be, “Oo, Aƒetɔ, míeɖe kuku, na ame si tso Mawu gbɔ la, nagava mía gbɔ eye wòafia nu mí tso ale si míahe ɖevi si dzi ge míala la ŋu.”
و خدا آواز مانوح را شنید و فرشته خدا باردیگر نزد آن زن آمد و او در صحرا نشسته بود، اماشوهرش مانوح نزد وی نبود. ۹ 9
Mawu se Manoa ƒe gbedodoɖa eye Mawudɔla la gaɖe eɖokui fia srɔ̃a esime wònɔ agble me. Eya ɖeka koe nɔ afi ma: Manoa menɔ afi ma o
و آن زن به زودی دویده، شوهر خود را خبر داده، به وی گفت: «اینک آن مرد که در آن روز نزد من آمد، باردیگر ظاهر شده است.» ۱۰ 10
eya ta nyɔnu la ƒu du sesĩe ɖagblɔ na srɔ̃a be, “Eyae nye ekem! Ŋutsu si va gbɔnye nyitsɔ la, eya kee gava.”
و مانوح برخاسته، در عقب زن خود روانه شد، و نزد آن شخص آمده، وی را گفت: «آیا توآن مرد هستی که با این زن سخن گفتی؟» او گفت: «من هستم.» ۱۱ 11
Manoa ƒu du kple srɔ̃a yi ŋutsu la gbɔ eye Manoa biae be, “Wòe nye ŋutsu si ƒo nu kple srɔ̃nye nyitsɔa?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nyee.”
مانوح گفت: «کلام تو واقع بشوداما حکم آن ولد و معامله با وی چه خواهد بود؟» ۱۲ 12
Ale Manoa biae be, “Ne wò nyawo va eme la, ɖoɖo kawoe anɔ ɖevia ƒe agbenɔnɔ kple eƒe dɔwɔna ŋu?”
و فرشته خداوند به مانوح گفت: «از هر‌آنچه به زن گفتم اجتناب نماید. ۱۳ 13
Yehowa ƒe dɔla ɖo eŋu nɛ be, “Ele be srɔ̃wò nawɔ nu sia nu si megblɔ nɛ.
از هر حاصل مو زنهارنخورد و هیچ شراب و مسکری ننوشد، و هیچ‌چیز نجس نخورد و هر‌آنچه به او امر فرمودم، نگاهدارد.» ۱۴ 14
Mele be wòaɖu waintsetse alo ano wain alo aha muame o eye mele be wòaɖu nu makɔmakɔ aɖeke hã o. Ele be wòawɔ nu sia nu si ƒe se mede nɛ.”
و مانوح به فرشته خداوند گفت: «تو راتعویق بیندازیم و برایت گوساله‌ای تهیه بینیم.» ۱۵ 15
Manoa gblɔ na Yehowa ƒe dɔla la be, “Míadi be nànɔ mía gbɔ va se ɖe esime míalé gbɔ̃vi aɖe aɖa nui na wò.”
فرشته خداوند به مانوح گفت: «اگر‌چه مراتعویق اندازی، از نان تو نخواهم خورد، و اگرقربانی سوختنی بگذرانی آن را برای یهوه بگذران.» زیرا مانوح نمی دانست که فرشته خداوند است. ۱۶ 16
Yehowa ƒe dɔla la ɖo eŋu be, “Togbɔ be mielém ɖi hã la, nyemaɖu miaƒe nuɖaɖa ƒe ɖeke o gake ne miedzra numevɔsa aɖe ɖo la, mitsɔe na Yehowa.” Manoa menya be Yehowa ƒe dɔlae wònye o.
و مانوح به فرشته خداوند گفت: «نام تو چیست تا چون کلام تو واقع شود، تو رااکرام نماییم.» ۱۷ 17
Manoa bia Yehowa ƒe dɔla la be “Wò ŋkɔ ɖe? Ale be ne wò nya la va eme la, ne míade bubu ŋuwò.”
فرشته خداوند وی را گفت: «چرا درباره اسم من سوال می‌کنی چونکه آن عجیب است.» ۱۸ 18
Eɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nèle nye ŋkɔ biam ɖo? Nye ŋkɔ ƒo gɔmesese ta.”
پس مانوح گوساله و هدیه آردی را گرفته، بر آن سنگ برای خداوند گذرانید، و فرشته کاری عجیب کرد و مانوح و زنش می‌دیدند. ۱۹ 19
Manoa lé gbɔ̃vi aɖe kpe ɖe nuɖuvɔsa ŋu eye wòsa vɔ na Yehowa le agakpe aɖe dzi. Tete Yehowa wɔ nukunu aɖe le Manoa kple srɔ̃a ŋkume.
زیراواقع شد که چون شعله آتش از مذبح به سوی آسمان بالا می‌رفت، فرشته خداوند در شعله مذبح صعود نمود، و مانوح و زنش چون دیدند، رو به زمین افتادند. ۲۰ 20
Esi dzo ƒe aɖewo tso vɔsamlekpui la dzi ɖo ta dziŋgɔli me la, Yehowa ƒe dɔla la to dzo la me yi dziƒo. Esi Manoa kple srɔ̃a kpɔ esia la, wotsyɔ mo anyi.
و فرشته خداوند بر مانوح وزنش دیگر ظاهر نشد، پس مانوح دانست که فرشته خداوند بود. ۲۱ 21
Esi Yehowa ƒe dɔla la megaɖe eɖokui fia Manoa kple srɔ̃a o la, Manoa kpɔe dze sii be Yehowa ƒe dɔlae.
و مانوح به زنش گفت: «البته خواهیم مرد، زیرا خدا را دیدیم.» ۲۲ 22
Manoa do ɣli gblɔ na srɔ̃a be, “Aléle, míedze na ku elabena míekpɔ Mawu.”
امازنش گفت: «اگر خداوند می‌خواست ما را بکشدقربانی سوختنی و هدیه آردی را از دست ما قبول نمی کرد، و همه این چیزها را به ما نشان نمی داد، ودر این وقت مثل این امور را به سمع ما نمی رسانید.» ۲۳ 23
Ke srɔ̃a gblɔ nɛ be, “Nenye ɖe Yehowa le mía wu ge la, anye ne maxɔ míaƒe numevɔsa kple nuɖuvɔsa o eye maɖe eɖokui afia mí, agblɔ nya wɔnuku sia na mí eye wòawɔ nukunu siawo o.”
و آن زن پسری زاییده، او را شمشون نام نهاد، و پسر نمو کرد و خداوند او را برکت داد. ۲۴ 24
Esi wodzi ɖevia la, wona ŋkɔe be Samson. Mawu yrae eye wòtsi.
و روح خداوند در لشکرگاه دان در میان صرعه و اشتاول به برانگیختن او شروع نمود. ۲۵ 25
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ de asi edzidzedze me le Dan ƒe asaɖa me le Zora kple Estaol duawo dome.

< داوران 13 >