< Isaiæ 43 >

1 et nunc haec dicit Dominus creans te Iacob et formans te Israhel noli timere quia redemi te et vocavi nomine tuo meus es tu
Ke azɔ la, ale Yehowa, ame si wɔ wò, O! Yakob, eye wòme wò, O! Israel, la gblɔe nye esi, “Mègavɔ̃ o, elabena meɖe wò. Metsɔ wò ŋkɔ yɔ wò be tɔnye nènye.
2 cum transieris per aquas tecum ero et flumina non operient te cum ambulaveris in igne non conbureris et flamma non ardebit in te
Ne èto tɔ me, mato eme kpli wò, ne èto tɔsisiwo me, mato wo me kpli wò be tɔsisi la malé wò o. Ne èto dzo me mame wò o, eye dzo ƒe aɖewo hã mafia wò o,
3 quia ego Dominus Deus tuus Sanctus Israhel salvator tuus dedi propitiationem tuam Aegyptum Aethiopiam et Saba pro te
elabena nye Yehowa, wò Mawu, Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò ɖela. Metsɔ Egipte ƒle tawò, eye Kus kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.
4 ex quo honorabilis factus es in oculis meis et gloriosus ego dilexi te et dabo homines pro te et populos pro anima tua
Esi asixɔxɔ kple bubu le ŋutiwò le ŋkunye me, eye melɔ̃ wò ta la, matsɔ ŋutsuwo ana ɖe tewòƒe. Matsɔ amegbetɔwo ana ɖe wò agbe teƒe.
5 noli timere quoniam tecum ego sum ab oriente adducam semen tuum et ab occidente congregabo te
Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò, makplɔ viwòwo tso ɣedzeƒe, eye maƒo mia nu ƒu tso ɣetoɖoƒe.
6 dicam aquiloni da et austro noli prohibere adfer filios meos de longinquo et filias meas ab extremis terrae
Magblɔ na anyiehe be, ‘Ɖe asi le wo ŋu.’ Na dziehe be, ‘Megasika wo o.’ Mikplɔ vinye ŋutsuwo tso didiƒe kple vinyenyɔnuwo tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke vɛ,
7 et omnem qui invocat nomen meum in gloriam meam creavi eum et formavi eum et feci eum
ame sia ame si ko ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo, ame siwo mewɔ hena nye ŋutikɔkɔe, ame siwo meme, eye mewɔ.”
8 educ foras populum caecum et oculos habentem surdum et aures ei sunt
Mikplɔ ame siwo ŋku li na, gake womele nu kpɔm o la kple ame siwo to li na, gake womesea nu o la do goe.
9 omnes gentes congregatae sunt simul et collectae sunt tribus quis in vobis adnuntiet istud et quae prima sunt audire nos faciat dent testes eorum et iustificentur et audiant et dicant vere
Dukɔwo katã kpe ta, eye amewo ƒo takpli. Wo dometɔ kae gblɔ esia da ɖi, eye wòɖe gbeƒã nu siwo dzɔ va yi la na mi? Womekplɔ woƒe ɖasefowo vɛ, ne woaɖee fia be woƒe nya dzɔ, ale be ame bubuwo asee agblɔ be, “Nyateƒee” o.
10 vos testes mei dicit Dominus et servus meus quem elegi ut sciatis et credatis mihi et intellegatis quia ego ipse sum ante me non est formatus deus et post me non erit
Yehowa be, “Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla si metia be mianya, eye miaxɔ dzinye ase, ase egɔme be nyee. Mawu aɖeke medo ŋgɔ nam o, eye ɖeke hã mado ŋgɔ nam o.
11 ego sum ego sum Dominus et non est absque me salvator
Nyee, ɛ̃, nyee. Nyee nye Yehowa. Ɖela aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.
12 ego adnuntiavi et salvavi auditum feci et non fuit in vobis alienus vos testes mei dicit Dominus et ego Deus
Nye la, meɖee fia. Meɖe eme, eye meɖe gbeƒã be nyee, ke menye dzromawu siwo le mia dome lae o. Miawoe nye nye ɖasefowo.”
13 et ab initio ego ipse et non est qui de manu mea eruat operabor et quis avertet illud
Yehowae gblɔe. “Mianyae be nyee nye Mawu. Ɛ̃, nye koe tso blema ke. Ame aɖeke mate ŋu axɔ ame le asinye o. Ne mewɔ nu la, ame kae ate ŋu atrɔe?”
14 haec dicit Dominus redemptor vester Sanctus Israhel propter vos emisi Babylonem et detraxi vectes universos et Chaldeos in navibus suis gloriantes
Ale Yehowa, wò Ɖela, Israel ƒe Kɔkɔetɔ la gblɔe nye esi, “Le tawò madɔ ame ɖo ɖe Babilonia woaɖakplɔ Babiloniatɔwo vɛ abe aʋasilawo ene, eye woalɔ wo ɖe woƒe tɔdziʋu siwo dzi wodana ɖo la me.
15 ego Dominus Sanctus vester creans Israhel Rex vester
Nyee nye Yehowa, miaƒe Kɔkɔetɔ la, Israel Wɔla kple miaƒe Fia.”
16 haec dicit Dominus qui dedit in mari viam et in aquis torrentibus semitam
Ale Yehowa, ame si ɖe mɔ to atsiaƒu me, ame si ɖe mɔ to tɔsisi gãwo me,
17 qui eduxit quadrigam et equum agmen et robustum simul obdormierunt nec resurgent contriti sunt quasi linum et extincti sunt
ame si na tasiaɖamwo, sɔwo, aʋakɔwo, kple kalẽtɔwo ho aʋa, va tsi afi si womagafɔ le gbeɖe o. Ame si na wotsrɔ̃, eye wotsi abe akaɖimeɖovu ene la gblɔe nye esi:
18 ne memineritis priorum et antiqua ne intueamini
“Miŋlɔ blemanuwo be. Migaɖo ŋu ɖe gbe aɖe gbe nuwo ŋu o.
19 ecce ego facio nova et nunc orientur utique cognoscetis ea ponam in deserto viam et in invio flumina
Kpɔ ɖa, mele nu yeye wɔm! Edo mo ɖa xoxo, mèle ekpɔm oa? Mele mɔ tam ɖe gbedzi, eye mana tɔsisiwo nado ɖe kuɖiɖinyigba dzi.
20 glorificabit me bestia agri dracones et strutiones quia dedi in deserto aquas flumina in invio ut darem potum populo meo electo meo
Gbemelãwo, amegaxiwo kple golowo ade bubu ŋunye, elabena mena tsi do tso gbegbe, eye tɔsisiwo do ɖe kuɖiɖinyigba dzi be mana tsi nye amewo, nye ame tiatiawo,
21 populum istum formavi mihi laudem meam narrabit
ame siwo mewɔ na ɖokuinye be woaɖe gbeƒã nye kafukafu.
22 non me invocasti Iacob nec laborasti in me Israhel
“Ke wò, Yakob, mèyɔm o. O! Israel, mèkpe fu ɖe tanye o.
23 non obtulisti mihi arietem holocausti tui et victimis tuis non glorificasti me non te servire feci in oblatione nec laborem tibi praebui in ture
Mètsɔa wò alẽwo saa numevɔ nam loo alo tsɔa wò akpedavɔsa dea bubu ŋunye o. Nyemetsɔ nuɖuvɔsawo do agbae na wò o alo ɖe fu na wo be nàtsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu vɛ nam o.
24 non emisti mihi argento calamum et adipe victimarum tuarum non inebriasti me verumtamen servire me fecisti in peccatis tuis praebuisti mihi laborem in iniquitatibus tuis
Mètsɔ atikeʋeʋĩ aɖeke vɛ nam alo tsɔa wò lãwo ƒe ami sãa vɔ̃e nam agbadree o, ke boŋ ètsɔ wò nu vɔ̃wo do agbae nam, eye nèɖe fu nam kple wo vodadawo.
25 ego sum ego sum ipse qui deleo iniquitates tuas propter me et peccatorum tuorum non recordabor
“Nyee, ɛ̃, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemagaɖo ŋku wò nu vɔ̃wo dzi o.
26 reduc me in memoriam et iudicemur simul narra si quid habes ut iustificeris
Ɖo ŋku tsãnuwo dzi nam. Na míahe nya sia kple mía nɔewo. Gblɔ ale si wò nya dzɔe.
27 pater tuus primus peccavit et interpretes tui praevaricati sunt in me
Fofowò gbãtɔ wɔ nu vɔ̃. Wò nyanuɖelawo dze aglã ɖe ŋutinye,
28 et contaminavi principes sanctos dedi ad internicionem Iacob et Israhel in blasphemiam
eya ta mado ŋunyɔ ame ŋkuta siwo le wò gbedoxɔ me. Matsɔ Yakob ade asi na gbegblẽ, eye Israel na fewuɖuɖu.”

< Isaiæ 43 >