< Psalmorum 128 >

1 Canticum graduum. Beati omnes, qui timent Dominum, qui ambulant in viis eius.
Mɔzɔha. Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.
2 Labores manuum tuarum quia manducabis: beatus es, et bene tibi erit.
Àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ ƒe kutsetse, eye yayra kple dzidzedze anye tɔwò gome.
3 Uxor tua sicut vitis abundans, in lateribus domus tuæ. Filii tui sicut novellæ olivarum, in circuitu mensæ tuæ.
Srɔ̃wò anɔ abe wainka si tse kplanyaa la ene anɔ aƒewò me; viwò ŋutsuwo anɔ abe amitiɖɔmi ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.
4 Ecce sic benedicetur homo, qui timet Dominum.
Kpɔ ɖa, aleae woyraa ŋutsu si vɔ̃a Yehowa lae.
5 Benedicat tibi Dominus ex Sion: et videas bona Ierusalem omnibus diebus vitæ tuæ.
Yehowa neyra wò tso Zion le wò agbemeŋkekewo katã me, eye àkpɔ Yerusalem ƒe dzidzedze.
6 Et videas filios filiorum tuorum, pacem super Israel.
Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.

< Psalmorum 128 >