< 箴言 知恵の泉 5 >

1 わが子よ、わたしの知恵に心をとめ、わたしの悟りに耳をかたむけよ。
Vinye, lé to ɖe nye nunya ŋu eye nàƒu to anyi nyuie ɖe nye sidzedze ƒe nyawo ŋu,
2 これは、あなたが慎みを守り、あなたのくちびるに知識を保つためである。
be nànya nu si nàwɔ eye wò nuyiwo adzra gɔmesese ɖo
3 遊女のくちびるは蜜をしたたらせ、その言葉は油よりもなめらかである。
elabena nyɔnu ahasitɔ ƒe nuyiwo le anyitsi tsyɔm, eye eƒe numenyawo zrɔ̃ wu ami
4 しかしついには、彼女はにがよもぎのように苦く、もろ刃のつるぎのように鋭くなる。
gake le nuwuwu la evena wu veve eye wòɖana wu yi nuevee.
5 その足は死に下り、その歩みは陰府の道におもむく。 (Sheol h7585)
Eƒe afɔ yina ɖe tsĩeƒe ke eye eƒe afɔɖeɖewo yina ɖe yɔdo me tẽe (Sheol h7585)
6 彼女はいのちの道に心をとめず、その道は人を迷わすが、彼女はそれを知らない。
Mebua ta me le ale si wòanɔ agbee ŋu kura o, eƒe toƒewo glɔ̃ gake menyae o
7 子供らよ、今わたしの言うことを聞け、わたしの口の言葉から、離れ去ってはならない。
eya ta azɔ la, vinyewo, miɖo tom, migaƒo asa na nu si megblɔ na mi o.
8 あなたの道を彼女から遠く離し、その家の門に近づいてはならない。
Miaƒe toƒewo nete ɖa xaa tso egbɔ, migagogo eƒe aƒe ƒe agbonu o,
9 おそらくはあなたの誉を他人にわたし、あなたの年を無慈悲な者にわたすに至る。
ne menye nenema o la, miava gblẽ miaƒe ɖekakpuime ƒe ŋusẽ ɖe ame bubuwo ŋu kple miaƒe ƒewo ɖe ame vɔ̃ɖi ŋu.
10 おそらくは他人があなたの資産によって満たされ、あなたの労苦は他人の家に行く。
Ne menye nenema o la, amedzrowo anye avuzi le miaƒe kesinɔnuwo dzi eye nu si nète fifia kpɔ la aɖo atsyɔ̃ na ame bubu ƒe aƒe me.
11 そしてあなたの終りが来て、あなたの身と、からだが滅びるとき、泣き悲しんで、
Le wò agbe ƒe nuwuwu la, ànɔ ŋeŋem, ne wò ŋutilã kple wò ameti blibo la vɔ le eme.
12 言うであろう、「わたしは教訓をいとい、心に戒めを軽んじ、
Àgblɔ be, “Metsri amehehe kɔkɔkɔ! Eye nye dzi do vlo ɖɔɖɔɖo!
13 教師の声に聞き従わず、わたしを教える者に耳を傾けず、
Nyemaɖo to nye nufialawo alo aƒu to anyi ɖe nye amegãwo ŋu o.
14 集まりの中、会衆のうちにあって、わたしは、破滅に陥りかけた」と。
Esusɔ vie donyeme nagblẽ keŋkeŋ le ameha la katã dome.”
15 あなたは自分の水ためから水を飲み、自分の井戸から、わき出す水を飲むがよい。
No tsi tso wò ŋutɔ wò tsiʋe me kple tsi dzidzi tso wò ŋutɔ wò vudo me.
16 あなたの泉を、外にまきちらし、水の流れを、ちまたに流してよかろうか。
Ɖe wòle be wò tsitsetsewo nagbagba ɖe mɔtatawo dzi kple wò tsi sisi ɖe du ƒe ablɔwo mea?
17 それを自分だけのものとし、他人を共にあずからせてはならない。
Wonenye wò ɖeka ko tɔ, mègamae kple ame tutɔwo gbeɖe o.
18 あなたの泉に祝福を受けさせ、あなたの若い時の妻を楽しめ。
Woayra wò vudo eye nàkpɔ dzidzɔ ɖe wò ɖekakpuimesrɔ̃ ŋu.
19 彼女は愛らしい雌じか、美しいしかのようだ。いつも、その乳ぶさをもって満足し、その愛をもって常に喜べ。
Eyae nye zinɔ lɔlɔ̃a kple sãde dzeani la, eƒe nowo neɖi kɔ na wò ɣe sia ɣi, eye eƒe lɔlɔ̃ nede dzo mewò ɖaa.
20 わが子よ、どうして遊女に迷い、みだらな女の胸をいだくのか。
Vinye, nu ka ŋuti nàƒo kpakpakpa ɖe nyɔnu ahasitɔ ŋu? Nu ka ŋuti nàlé alime na ame bubu srɔ̃?
21 人の道は主の目の前にあり、主はすべて、その行いを見守られる。
Elabena ame sia ame ƒe mɔ le ƒuƒlu le Yehowa ŋkume eye wòdoa woƒe mɔwo katã kpɔ.
22 悪しき者は自分のとがに捕えられ、自分の罪のなわにつながれる。
Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.
23 彼は、教訓がないために死に、その愚かさの大きいことによって滅びる。
Aku le ɖokuidzimaɖumaɖu ta eye eƒe bometsitsi gã la akplɔe atrae.

< 箴言 知恵の泉 5 >