< ナホム書 2 >

1 撃ち破る者があなたに向かって上って来る。城を守れ、道をうかがえ。腰に帯せよ、大いに力を強くせよ。
Ninive, futɔwo ƒe asrafowo ƒo ɖe dziwò vɔ. Kpɔ wò mɔ sẽsewo ta. Wò ŋkuwo nenɔ mɔ la ŋu. Mibla ali dzi sesĩe eye miƒo aʋawɔlawo nu ƒu.
2 主はヤコブの栄えを回復して、イスラエルの栄えのようにされる。かすめる者が彼らをかすめ、そのぶどうづるを、そこなったからである。
Yehowa agbugbɔ Yakob ƒe atsyɔ̃ nɛ, eye wòanɔ abe Israel tɔ ene. Togbɔ be futɔwo gblẽ wò, Yakob ƒe anyigba, eye woha wò waingblewo hã.
3 その勇士の盾は赤くいろどられ、その兵士は紅に身をよろう。戦車はその備えの日に、火のように輝き、軍馬はおどる。
Futɔwo ƒe asrafowo ƒe akpoxɔnu biã dzẽe, eye wodo awu dzĩ. Tasiaɖamŋugawo le dzo dam gbe si gbe wobla akpa na aʋawɔwɔ, eye kalẽtɔwo le woƒe akplɔwo nyem le yame.
4 戦車はちまたに狂い走り、大路に飛びかける。彼らはたいまつのように輝き、いなずまのように飛びかける。
Tasiaɖamwo le zi nyem le mɔtatawo dzi, eye wole du ƒum le ablɔwo me le yiyim le gbɔgbɔm. Woƒe dzedzeme le abe akakatiwo ene, eye wole dzo kem abe dzikedzo ene.
5 将士らは召集され、彼らはその道でつまずき倒れ、城壁に向かって急いで行って大盾を備える。
Fia la ado ɣli ayɔ eƒe aʋafiawo; woanɔ du dzi anɔ anyi dzem, anɔ fɔfɔm be yewoayi aɖaɖo gli sesẽwo, ale be futɔwo mate ŋu akpɔ mɔ ava o.
6 川々の門は開け、宮殿はあわてふためく。
Agbo si le tɔsisi la nu la aʋu siaa, eye fiasã la ƒe gliwo anye kpo, amu adze anyi.
7 その王妃は裸にされて、捕われゆき、その侍女たちは悲しみ、胸を打って、はとのようにうめく。
Woɖe gbe be woaɖe aboyo dua me tɔwo. Eƒe kosiviwo anɔ xɔxlɔ̃m abe ahɔnɛ ene, eye woanɔ akɔta ƒom.
8 ニネベは池のようであったが、その水は注ぎ出された。「立ち止まれ、立ち止まれ」と呼んでも、ふりかえるものもない。
Ninive le abe ta si ƒe tsi le sisim ene. Ne woado ɣli be: “Mitɔ, mitɔ,” la, ame aɖeke manye kɔ akpɔ megbe o.
9 銀を奪え、金を奪え。その宝は限りなく、もろもろの尊い物はおびただしい。
Miha klosalowo! Mìha sika! Kesinɔnuwo sɔ gbɔ fũu, xexlẽme meli na nu xɔasi siawo o.
10 消えうせ、むなしくなり、荒れはてた。心は消え、ひざは震え、すべての腰には痛みがあり、すべての顔は色を失った。
Woɖi gbɔlo dua keŋkeŋ, wohae eye woɖe amae. Amewo ƒe dzi gbã, klowo le ƒoƒom kpakpakpa, ameti blibo la le dzodzom nyanyanya, eye ŋkume sia ŋkume afu tititi.
11 ししのすみかはどこであるか。若いししの穴はどこであるか。そこに雄じしはその獲物を携え行き、その子じしと共にいても、これを恐れさせる者はない。
Afi ka dzatawo ƒe do la le azɔ? Afi si wonyia dzataviwo le, afi si dzatatsu kple dzatanɔ kple dzatavi ɖia tsa le vɔvɔ̃manɔmee ɖe?
12 雄じしはその子じしのために引き裂き、雌じしのために獲物を絞め殺し、獲物をもってその穴を満たし、引き裂いた肉をもってそのすみかを満たした。
Dzatatsu léa nu si ade viawo kple dzatanɔ nu; etsɔa nuléleawo yɔa eƒe mlɔƒe kple eƒe dowo me fũu.
13 万軍の主は言われる、見よ、わたしはあなたに臨む。わたしはあなたの戦車を焼いて煙にする。つるぎはあなたの若いししを滅ぼす。わたしはまた、あなたの獲物を地から断つ。あなたの使者の声は重ねて聞かれない。
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be: “Metso ɖe ŋuwò; matɔ dzo wò tasiaɖamwo, eye wò dzataviwo atsi yi nu. Nyemagblẽ ame aɖeke ɖe anyigba dzi nàgada adzoe o, eye womagase wò ame dɔdɔwo ƒe gbe le teƒe aɖeke azɔ o.”

< ナホム書 2 >