< ミカ書 2 >

1 その床の上で不義を計り、悪を行う者はわざわいである。彼らはその手に力あるゆえ、夜が明けるとこれを行う。
Baba na mi ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi be yewoawɔ kple ame siwo ɖoa nu vɔ̃ɖi le woƒe abawo dzi. Ŋdi kanya la, wowɔa nu siwo woɖo elabena ŋusẽ le wo si be woawɔe.
2 彼らは田畑をむさぼってこれを奪い、家をむさぼってこれを取る。彼らは人をしえたげてその家を奪い、人をしえたげてその嗣業を奪う。
Ne agble dim wole la, woxɔnɛ sesẽtɔe; ne xɔ dim wole la, woxɔa eya hã kple akpasesẽ. Nenye be anyigba ɖeka alo xɔ ɖeka ma koe le amea si hã la, woxɔnɛ le esi. Ale mietea ŋu xɔa amea kple eƒe domenyinuwo siaa sesẽtɔe.
3 それゆえ、主はこう言われる、見よ、わたしはこのやからにむかって災を下そうと計る。あなたがたはその首をこれから、はずすことはできない。また、まっすぐに立って歩くことはできない。これは災の時だからである。
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi, “Meɖo gbegblẽ ɖe ame siawo ŋuti eye miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖa le gbegblẽ sia me o. Miate ŋu agazɔ dadatɔe o elabena anye ɣeyiɣi vɔ̃.
4 その日、人々は歌を作ってあなたがたをののしり、悲しみの歌をもって嘆き悲しみ、「われわれはことごとく滅ぼされる、わが民の分は人に与えられる。どうしてこれはわたしから離れるのであろう。われわれの田畑はわれわれを捕えた者の間に分け与えられる」と言う。
Le ŋkeke ma dzi la, amewo aɖu fewu le mia ŋu, eye woadzi konyifaha sia na mi amenuɖiatɔe be: ‘Wotsrɔ̃ mi keŋkeŋ; hema nye dukɔ ƒe nunɔamesiwo. Yehowa xɔe le asinye. Ema míaƒe anyigbawo na ame siwo ɖe aboyo mí.’”
5 それゆえ、主の会衆のうちにはくじによって測りなわを張る者はひとりもなくなる。
Eya ta ne ɣeyiɣi de be woadzidze nu ama anyigba la, ame aɖeke manɔ mía si le Yehowa ƒe asaɖa me amae na mí o.
6 彼らは言う、「あなたがたは説教してはならない。そのような事について説教してはならない。そうすればわれわれは恥をこうむることがない」と。
Woƒe Nyagblɔɖilawo gblɔ nam be: “Mègagblɔ nya ɖi tso nu siawo ŋuti o elabena ŋukpe mava mía dzi o.”
7 ヤコブの家よ、そんなことは言えるのだろうか。主は気短な方であろうか。これらは主のみわざなのであろうか。わが言葉は正しく歩む者に、益とならないのであろうか。
O Yakob ƒe aƒe, aleke woagblɔ nya siae? “Ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ado dɔmedzoea? Ɖe esiawo tso egbɔa? “Ɖe nye nyawo mewɔa nyui na ame siwo lé mɔ dzɔdzɔe tsɔ oa?
8 ところが、あなたがたは立ってわが民の敵となり、いくさのことを知らずに、安らかに過ぎゆく者から、平和な者から、上着をはぎ取り、
Ke nye dukɔ tso ɖe ŋunye abe woƒe futɔ ene. Mieɖe awu xɔasiwo le ame siwo va le eme tsom le ŋutifafa me la ŋuti abe asrafo siwo tso aʋa gbɔ la ene.
9 わが民の女たちをその楽しい家から追い出し、その子どもから、わが栄えをとこしえに奪う。
Mienya nyɔnu siwo le nye dukɔ me la le woƒe aƒe nyuiwo me. Miexɔ nye yayra le wo viwo si tegbee.
10 立って去れ、これはあなたがたの休み場所ではない。これは汚れのゆえに滅びる。その滅びは悲惨な滅びだ。
Mitso ne miadzo le afi sia, elabena esia menye dzudzɔƒe wònye na mi o; elabena wodo gu teƒe la, eye wogbãe, ale be womagate ŋu aɖɔe ɖo o.
11 もし人が風に歩み、偽りを言い、「わたしはぶどう酒と濃き酒とについて、あなたに説教しよう」と言うならば、その人はこの民の説教者となるであろう。
Ne alakpatɔ kple ameblela aɖe va gblɔ be magblɔ nya ɖi be, ‘Wain kple aha nabɔ na mi fũu’ la, eyae nye nyagblɔɖila si tɔgbi ame siawo lɔ̃na.”
12 ヤコブよ、わたしは必ずあなたをことごとく集め、イスラエルの残れる者を集める。わたしはこれをおりの羊のように、牧場の中の群れのように共におく。これは人の多きによって騒がしくなる。
“O Yakob, magaƒo mia nu ƒu. Maƒo Israel ƒe ame mamlɛawo nu ƒu godoo. Maƒo wo nu ƒu abe alẽwo ene ɖe lãkpɔ me eye woanɔ abe alẽha le gbeɖuƒe ene.
13 打ち破る者は彼らに先だって登りゆき、彼らは門を打ち破り、これをとおって外に出て行く。彼らの王はその前に進み、主はその先頭に立たれる。
Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”

< ミカ書 2 >