< 士師記 1 >

1 ヨシュアが死んだ後、イスラエルの人々は主に問うて言った、「わたしたちのうち、だれが先に攻め上って、カナンびとと戦いましょうか」。
Le Yosua ƒe ku megbe la, Israel dukɔ la yi Yehowa gbɔ be wòana eƒe ɖoɖowo yewo. Wobia Yehowa be, “Mía dometɔ kae anye ƒome gbãtɔ si aho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu?”
2 主は言われた、「ユダが上るべきである。わたしはこの国を彼の手にわたした」。
Yehowa ɖo eŋu be, “Yuda ƒe to lae eye mana wòaɖu dzi.”
3 ユダはその兄弟シメオンに言った、「わたしと一緒に、わたしに割り当てられた領地へ上って行って、カナンびとと戦ってください。そうすればわたしもあなたと一緒に、あなたに割り当てられた領地へ行きましょう」。そこでシメオンは彼と一緒に行った。
Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu.
4 ユダが上って行くと、主は彼らの手にカナンびととペリジびととをわたされたので、彼らはベゼクで一万人を撃ち破り、
Yehowa na woɖu Kanaantɔwo kple Perizitɔwo dzi, wowu ame akpe ewo le Bezek.
5 またベゼクでアドニベゼクに会い、彼と戦ってカナンびととペリジびととを撃ち破った。
Wokpɔ Fia Adoni Bezek le afi ma eye wowɔ aʋa kplii,
6 アドニベゼクは逃げたが、彼らはそのあとを追って彼を捕え、その手足の親指を切り放った。
ke Adoni Bezek si eye wokplɔe ɖo, lée eye wolã eƒe degblefetsu asitɔwo kple afɔtɔwo siaa.
7 アドニベゼクは言った、「かつて七十人の王たちが手足の親指を切られて、わたしの食卓の下で、くずを拾ったことがあったが、神はわたしがしたように、わたしに報いられたのだ」。人々は彼をエルサレムへ連れて行ったが、彼はそこで死んだ。
Fia Adoni Bezek gblɔ be, “Mewɔ fia blaadre ƒe asiwo kple afɔwo nenema tututu eye mena wofɔa nu wuwlui siwo ge tso nye kplɔ̃ dzi la ɖuna. Azɔ la, Mawu ɖo nye nu vɔ̃ teƒe nam.” Wokplɔe yi Yerusalem eye wòku le afi ma.
8 ユダの人々はエルサレムを攻めて、これを取り、つるぎをもってこれを撃ち、町に火を放った。
Yuda ƒe viwo ɖu Yerusalem dzi, wowu ameawo katã eye wotɔ dzo dua.
9 その後、ユダの人々は山地とネゲブと平地に住んでいるカナンびとと戦うために下ったが、
Le esia megbe la, Yuda ƒe viwo wɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Negeb ƒe tonyigba dzi kple gbadzaƒe si le ƒuta.
10 ユダはまずヘブロンに住んでいるカナンびとを攻めて、セシャイとアヒマンとタルマイを撃ち破った。ヘブロンのもとの名はキリアテ・アルバであった。
Yuda ƒe viwo zɔ ɖe Kanaantɔwo dzi le Hebron, afi si woyɔna tsã be Kiriat Arba eye wogbã du siawo: Sesai, Ahiman kple Talmai.
11 またそこから進んでデビルの住民を攻めた。(デビルのもとの名はキリアテ・セペルであった。)
Emegbe wodze Debir, du si woyɔna tsã be Kiriat Sefer la dzi.
12 時にカレブは言った、「キリアテ・セペルを撃って、これを取る者には、わたしの娘アクサを妻として与えるであろう」。
Kaleb gblɔ be yeatsɔ ye vinyɔnu Aksa na ŋutsu si awɔ aʋa aɖu Kiriat Sefer dua dzi.
13 カレブの弟ケナズの子オテニエルがそれを取ったので、カレブは娘アクサを妻として彼に与えた。
Otniel, Kenaz ƒe vi, ame si nye Kaleb ƒe tɔɖiyɔvi la, ɖu dua dzi, ale Kaleb tsɔ via nyɔnu Aksa na Otniel wozu srɔ̃a.
14 アクサは行くとき彼女の父に畑を求めることを夫にすすめられたので、アクサがろばから降りると、カレブは彼女に言った、「あなたは何を望むのか」。
Esi Otniel kple Ahsa dze mɔ yina woƒe nɔƒe la, Ahsa gblɔ na Otniel be yeabia anyigba ye fofo kpe ɖe esi wòna ye xoxo la ŋu. Ale wòɖi le eƒe tedzi dzi be yeaƒo nu kple ye fofo, Kaleb, tso eŋuti. Kaleb biae be, “Nu kae hiã wò?”
15 アクサは彼に言った、「わたしに贈り物をください。あなたはわたしをネゲブの地へやられるのですから、泉をもください」。それでカレブは上の泉と下の泉とを彼女に与えた。
Ahsa ɖo eŋu be, “Ènyo dɔ me nam, eye nèna anyigbam le Negeb, ke meɖe kuku, na vudowo hãm.” Ale Kaleb tsɔ vudo si le to dzi kple balime la nɛ.
16 モーセのしゅうとであるケニびとの子孫はユダの人々と共に、しゅろの町からアラドに近いネゲブにあるユダの野に上ってきて、アマレクびとと共に住んだ。
Esi Yuda ƒe viwo ʋu yi woƒe anyigba yeye la dzi le Negeb gbegbe, le Arad ƒe anyigbeme la, Mose toa ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kenitɔwo ƒe to la me tɔwo la yi kple wo. Wodzo le Yeriko, “Detiwo ƒe Du,” la me eye to eveawo nɔ teƒe ɖeka tso ɣe ma ɣi.
17 そしてユダはその兄弟シメオンと共に行って、ゼパテに住んでいたカナンびとを撃ち、それをことごとく滅ぼした。これによってその町の名はホルマと呼ばれた。
Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.”
18 ユダはまたガザとその地域、アシケロンとその地域、エクロンとその地域を取った。
Yuda ƒe viwo xɔ Gaza, Askelon kple Ekron kple wo ŋu kɔƒewo.
19 主がユダと共におられたので、ユダはついに山地を手に入れたが、平地に住んでいた民は鉄の戦車をもっていたので、これを追い出すことができなかった。
Yehowa na Yuda ƒe viwo tsrɔ̃ woƒe futɔ siwo le tonyigba la dzi, ke womete ŋu ɖu ame siwo le balime la ya dzi o elabena gatasiaɖamwo nɔ woawo si.
20 人々はモーセがかつて言ったように、ヘブロンをカレブに与えたので、カレブはその所からアナクの三人の子を追い出した。
Wotsɔ Hebron du la na Kaleb le Yehowa ƒe ŋugbedodo nu, ale Kaleb nya dua me tɔwo, ame siwo nye Anak ƒe vi etɔ̃awo ƒe dzidzimeviwo.
21 ベニヤミンの人々はエルサレムに住んでいたエブスびとを追い出さなかったので、エブスびとは今日までベニヤミンの人々と共にエルサレムに住んでいる。
Benyamin ƒe viwo mete ŋu tsrɔ̃ Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem o eya ta wogale afi ma kple Israelviwo va se ɖe egbe.
22 ヨセフの一族はまたベテルに攻め上ったが、主は彼らと共におられた。
Azɔ la Yosef ƒe aƒe la dze Betel dzi eye Yehowa nɔ kpli wo.
23 すなわちヨセフの一族は人をやってベテルを探らせた。この町のもとの名はルズであった。
Esi woɖo amewo ɖa be woatsa ŋku le Betel si woyɔna tsã be Luz la,
24 その斥候たちは町から出てきた人を見て、言った、「どうぞこの町にはいる道を教えてください。そうすればわたしたちはあなたに恵みを施しましょう」。
ŋkutsalawo kpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso dua me eye wogblɔ nɛ be, “Fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí ekema míakpɔ egbɔ be womawɔ nuvevi aɖeke wò o.”
25 彼が町にはいる道を教えたので、彼らはつるぎをもって町を撃った。しかし、かの人とその家族は自由に去らせた。
Efia mɔ wo. Ale wowu dua me tɔwo katã kple yi negbe ŋutsu la kple eƒe ƒome blibo la ko.
26 その人はヘテびとの地に行って町を建て、それをルズと名づけた。これは今日までその名である。
Ŋutsu la ʋu yi ɖe Hititɔwo ƒe anyigba dzi, afi si wòtso du ɖo hena ŋkɔe be Luz eye aleae woyɔnɛ va se ɖe egbe.
27 マナセはベテシャンとその村里の住民、タアナクとその村里の住民、ドルとその村里の住民、イブレアムとその村里の住民、メギドとその村里の住民を追い出さなかったので、カナンびとは引き続いてその地に住んでいたが、
Ke Manase ƒe viwo menya ame siwo nɔ Bet Sean, Taanak, Dor alo Ibleam alo Megido kple ame siwo nɔ wo ŋu kɔƒewo me la o elabena Kanaantɔwo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ anyigba ma dzi.
28 イスラエルは強くなったとき、カナンびとを強制労働に服させ、彼らをことごとくは追い出さなかった。
Esi Israelviwo va kpɔ ŋusẽ la, wote Kanaantɔ ɖe anyi be woawɔ dzizizidɔ na yewo, gake womenya wo keŋkeŋ o.
29 またエフライムはゲゼルに住んでいたカナンびとを追い出さなかったので、カナンびとはゲゼルにおいて彼らのうちに住んでいた。
Nenema ke Efraim ƒe viwo hã menya Kanaantɔ siwo nɔ Gezer la o, ke boŋ Kanaantɔwo nɔ wo dome.
30 ゼブルンはキテロンの住民およびナハラルの住民を追い出さなかったので、カナンびとは彼らのうちに住んで強制労働に服した。
Zebulɔn ƒe viwo hã menya Kanaatɔ siwo nɔ Kitron alo Nahalol la o, ke boŋ wotsi wo dome eye Israelviwo na wowɔ dzizizidɔ na wo.
31 アセルはアッコの住民およびシドン、アヘラブ、アクジブ、ヘルバ、アピク、レホブの住民を追い出さなかったので、
Aser ƒe viwo menya ame siwo nɔ Ako, Sidon, Ahlab, Akzib, Helba, Afek kple Rehob o.
32 アセルびとは、その地の住民であるカナンびとのうちに住んでいた。彼らが追い出さなかったからである。
Le esia ta la, Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome elabena womenyã wo ɖa o.
33 ナフタリはベテシメシの住民およびベテアナテの住民を追い出さずに、その地の住民であるカナンびとのうちに住んでいた。しかしベテシメシとベテアナテの住民は、ついに彼らの強制労働に服した。
Nenema ke Naftali ƒe viwo hã menya ame siwo nɔ Bet Semes alo Bet Anat o, ke boŋ Naftali ƒe viwo hã nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigba la dzi la dome. Ke wona ame siwo nɔ Bet Semes kple Bet Anat la zu dzizizidɔwɔlawo na wo.
34 アモリびとはダンの人々を山地に追い込んで平地に下ることを許さなかった。
Amoritɔwo xe mɔ na Dan ƒe viwo ale be wona wotsi tonyigba la dzi eye womena mɔ wo kura be woaɖiɖi ava balime la o.
35 アモリびとは引き続いてハルヘレス、アヤロン、シャラビムに住んでいたが、ヨセフの一族の手が強くなったので、彼らは強制労働に服した。
Amoritɔwo ɖoe kplikpaa hã be Heres tɔ, Aiyalon kple Saalbim nanɔ yewoƒe asi me, gake esi Yosef ƒe aƒe ƒe ŋusẽ dzi ɖe edzi la, woawo hã zi Amoritɔwo dzi be woawɔ dzizizidɔ na yewo.
36 アモリびとの境はアクラビムの坂からセラを経て上の方に及んだ。
Amoritɔwo ƒe liƒo tso Akrabim to dzi mɔ gã la gbɔ yi ɖe Sela kple egodo ke.

< 士師記 1 >