< ヨシュア記 20 >

1 そこで主はヨシュアに言われた、
Yehowa gblɔ na Yosua be,
2 「イスラエルの人々に言いなさい、『先にわたしがモーセによって言っておいた、のがれの町を選び定め、
“Gblɔ na Israelviwo be woatia sitsoƒeduwo, abe ale si meɖoe da ɖi to Mose dzi ene la azɔ.
3 あやまって、知らずに人を殺した者を、そこへのがれさせなさい。これはあなたがたが、あだを討つ者をさけて、のがれる場所となるでしょう。
Ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, ate ŋu asi ayi du siawo dometɔ ɖeka me, eye woaxɔ nɛ tso ame kukua ƒe ƒometɔwo, ame siwo adi be yewoabia hlɔ̃ awui la ƒe asi me.
4 その人は、これらの町の一つにのがれて行って、町の門の入口に立ち、その町の長老たちに、そのわけを述べなければならない。そうすれば、彼らはその人を町に受け入れて、場所を与え、共に住ませるであろう。
Ne amewula la ɖo du siawo dometɔ ɖeka me la, awɔ takpekpe kple du ma me tɔwo ƒe ametsitsiwo, agblɔ nu si dzɔ la na wo, ekema woaxɔe, ana teƒee wòanɔ le wo dome.
5 たとい、あだを討つ者が追ってきても、人を殺したその者を、その手に渡してはならない。彼はあやまって隣人を殺したのであって、もとからそれを憎んでいたのではないからである。
Ne ame kuku la ƒe ƒometɔ aɖe va be yeabia hlɔ̃e, awui la, womaɖe asi le amewula la ŋu nɛ o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu amea o.
6 その人は、会衆の前に立って、さばきを受けるまで、あるいはその時の大祭司が死ぬまで、その町に住まなければならない。そして後、彼は自分の町、自分の家に帰って行って、逃げ出してきたその町に住むことができる』」。
Ele be amewula la nanɔ sitsoƒedu la me va se ɖe esime ʋɔnudrɔ̃lawo nadrɔ̃ ʋɔnui, eye wòaganɔ afi ma va se ɖe esime nunɔlagã si nɔ dzi ɖum hafi nya sia dzɔ la naku. Ekema amewula la ate ŋu atrɔ ayi wo de azɔ.”
7 そこで、ナフタリの山地にあるガリラヤのケデシ、エフライムの山地にあるシケム、およびユダの山地にあるキリアテ・アルバすなわちヘブロンを、これがために選び分かち、
Du siwo wotsɔ wɔ sitsoƒeduwoe lae nye Kedes le Galilea, le Naftali ƒe viwo ƒe tonyigba dzi, Sekem le Efraim ƒe viwo ƒe tonyigba dzi kple Kiriat Arba si wogayɔna be Hebron la, le Yuda ƒe tonyigba dzi.
8 またヨルダンの向こう側、エリコの東の方では、ルベンの部族のうちから、高原の荒野にあるベゼル、ガドの部族のうちから、ギレアデのラモテ、マナセの部族のうちから、バシャンのゴランを選び定めた。
Yehowa gaɖoe be woagatia du bubu etɔ̃ woazu sitsoƒeduwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, le Yeriko ƒe akpa kemɛ. Sitsoƒedu siawoe nye Bezer le Ruben ƒe viwo ƒe anyigba dzi, Ramot le Gilead, le Gad ƒe viwo ƒe anyigba dzi kple Golan le Basan, le Manase ƒe viwo ƒe anyigba dzi.
9 これらは、イスラエルのすべての人々、およびそのうちに寄留する他国人のために設けられた町々であって、すべて、あやまって人を殺した者を、そこにのがれさせ、会衆の前に立たないうちに、あだを討つ者の手にかかって死ぬことのないようにするためである。
Sitsoƒedu siawo li na amedzro siwo le Israelviwo dome kple Israelviwo ŋutɔ siaa, ale be ame si meɖoe hafi wu nɔvia o la ate ŋu asi ayi teƒe ma, woadrɔ̃ ʋɔnui, eye womabia hlɔ̃e, awui o.

< ヨシュア記 20 >