< ヨエル書 1 >

1 ペトエルの子ヨエルに臨んだ主の言葉。
Esiae nye gbedeasi si va na Yoel, Petuel ƒe vi, tso Yehowa gbɔ.
2 老人たちよ、これを聞け。すべてこの地に住む者よ、耳を傾けよ。あなたがたの世、またはあなたがたの先祖の世にこのような事があったか。
Miɖo to afii, mi Israel ƒe ame tsitsiwo! Mi anyigbadzitɔwo, mise nya sia ɖa. Le miaƒe agbemeŋkekewo katã me ɖe, miese nya sia tɔgbi kpɔa?
3 これをあなたがたの子たちに語り、子たちはまたその子たちに語り、その子たちはまたこれを後の代に語り伝えよ。
Mitsɔe xlɔ̃ nu mia viwoe eye woawo hã nagblɔe na wo viwo ne wòazu xotunya tso dzidzime yi dzidzime.
4 かみ食らういなごの残したものは、群がるいなごがこれを食い、群がるいなごの残したものは、とびいなごがこれを食い、とびいなごの残したものは、滅ぼすいなごがこれを食った。
Nu siwo ʋetsuviwo ƒe ha gã agblẽ ɖi la, ʋetsuviwo aɖui, nu siwo ʋetsuviwo agblẽ ɖi la, ʋetrawo aɖui, eye nu siwo ʋetrawo agblẽ ɖi la, abɔwo aɖui.
5 酔える者よ、目をさまして泣け。すべて酒を飲む者よ、うまい酒のゆえに泣き叫べ。うまい酒はあなたがたの口から断たれるからだ。
Minyɔ, mi ahanomunɔwo, ne miafa avi hehehe, mi waintsunolawo, mifa avi, elabena woɖe wain le miaƒe nu me, eye miagakpɔ wain yeye ano o!
6 一つの国民がわたしの国に攻めのぼってきた。その勢いは強く、その数は計られず、その歯はししの歯のようで、雌じしのきばをもっている。
Dukɔ gã aɖe va xɔ anyigba la katã dzi. Ŋɔdzi le wo ŋu ŋutɔ eye ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o, evɔ woƒe aɖuwo hã le ɖaɖam abe dzatatsu ƒe aɖuwo kple dzatanɔ ƒe tsyowo ene!
7 彼らはわがぶどうの木を荒し、わがいちじくの木を折り、その皮をはだかにして捨てた。その枝は白くなった。
Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.
8 あなたがたは若い時の夫のために荒布を腰にまとったおとめのように泣き悲しめ。
Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.
9 素祭と灌祭とは主の家に絶え、主に仕える祭司たちは嘆き悲しむ。
Nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me nu tso; ale dɔwuame to na nunɔlaawo kple ame siwo subɔna le Yehowa ƒe aƒe me eye wole konyi fam.
10 畑は荒れ、地は悲しむ。これは穀物が荒れはて、新しい酒は尽き、油も絶えるためである。
Agblewo ɖi gbɔlo, anyigba ƒu kplakplakpla, bliwo dome gblẽ, wain yeye megali o, eye ami hã nu tso.
11 小麦および大麦のために、農夫たちよ、恥じよ、ぶどう作りたちよ、泣け。畑の収穫がうせ去ったからである。
Azɔ mi agbledelawo, dzika netso mia ƒo, eye mialulũ, mi waingbledelawo, mifa avi sesĩe. Mifa avi ɖe lu kple ƒo hã ta elabena nuŋeŋe nu tso le agble me.
12 ぶどうの木は枯れ、いちじくの木はしおれ、ざくろ、やし、りんご、野のすべての木はしぼんだ。それゆえ楽しみは人の子らからかれうせた。
Wainkawo ku, gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, detiwo kple atɔtɔŋutiwo kple agblemetiwo katã kura hã ku. Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.
13 祭司たちよ、荒布を腰にまとい、泣き悲しめ。祭壇に仕える者たちよ、泣け。神に仕える者たちよ、来て、荒布をまとい、夜を過ごせ。素祭も灌祭もあなたがたの神の家から退けられたからである。
O mi nunɔlawo, mita akpanya eye mixa nu. Mifa avi, mi ame siwo subɔna le vɔsamlekpui la ŋgɔ, mitsi ŋu dɔ miafa avi zã blibo la katã, mi ame siwo subɔna le nye Mawu ŋkume. Elabena womagatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa va miaƒe Mawu la ƒe aƒe me o.
14 あなたがたは断食を聖別し、聖会を召集し、長老たちを集め、国の民をことごとくあなたがたの神、主の家に集め、主に向かって叫べ。
Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.
15 ああ、その日はわざわいだ。主の日は近く、全能者からの滅びのように来るからである。
O ŋkeke ma! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Ava abe gbegblẽ ene tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ.
16 われわれの目の前に食物は絶え、われわれの神の家から喜びと楽しみが絶えたではないか。
Ɖe nuɖuɖuwo mevɔ le mia ŋkume eye dzidzɔ kple aseyetsotso le miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me mawu enu oa?
17 種は土の下に朽ち、倉は荒れ、穀物がつきたので、穀倉はこわされる。
Nukuwo ƒaƒã ɖe woƒe gowo me, blivawo kple texɔwo tsi ƒuƒlu eye bli matsimatsiwo ku, heƒu ɖe bo dzi.
18 いかに家畜はうめき鳴くか。牛の群れはさまよう。彼らには牧草がないからだ。羊の群れも滅びうせる。
Nyiwo le ŋeŋem, nyihawo le nu kpɔm nublanuitɔe, elabena nuɖuɖu meli na wo o, eye alẽhawo le fu kpem.
19 主よ、わたしはあなたに向かって呼ばわる。火が荒野の牧草を焼き滅ぼし、炎が野のすべての木を焼き尽したからである。
Yehowa, xɔ na mí! Elabena dzo bi gbe damawo, eye dzo ƒe aɖe fia atiwo katã le gbedzi.
20 野の獣もまたあなたに向かって呼ばわる。水の流れがかれはて、火が荒野の牧草を焼き滅ぼしたからである
Gbemelãwo gɔ̃ hã le ɣli dom be nàxɔ na yewo, elabena tsi mie le tɔʋuwo me, dzo bi gbe siwo le lãnyiƒewo keŋ.

< ヨエル書 1 >