< ヨブ 記 39 >

1 あなたは岩間のやぎが子を産むときを知っているか。あなたは雌じかが子を産むのを見たことがあるか。
“Ènya ɣeyiɣi si todzigbɔ̃wo dzia via? Ènɔa eteƒe hafi zinɔ fɔa fua?
2 これらの妊娠の月を数えることができるか。これらが産む時を知っているか。
Èxlẽa ɣletiwo va se ɖe woƒe vidziɣia? Ènya ɣeyiɣi si wodzia via?
3 これらは身をかがめて子を産み、そのはらみ子を産みいだす。
Wodzea klo hedzia vi eye woƒe kuléle wua nu.
4 その子は強くなって、野に育ち、出て行って、その親のもとに帰らない。
Wo viwo tsina eye ŋusẽ ɖoa wo ŋu le gbe me, ale wodzona eye womegagbɔna vaa wo dadaa gbɔ o.
5 だれが野ろばを放って、自由にしたか。だれが野ろばのつなぎを解いたか。
“Ame kae na ablɔɖe gbetedzi? Ame kae tu kae?
6 わたしは荒野をその家として与え、荒れ地をそのすみかとして与えた。
Metsɔ gbegbe nɛ be wòanye eƒe aƒe kple dzeƒi gbadza la nɛ be wòanye enɔƒe.
7 これは町の騒ぎをいやしめ、御者の呼ぶ声を聞きいれず、
Hoowɔwɔ si le edzi yim le dua me la le kokoe ɖim nɛ eye mele tasiaɖamkula ƒe ɣlidodo sem o.
8 山を牧場としてはせまわり、もろもろの青物を尋ね求める。
Etsana le togbɛwo dzi dia gbeɖuƒe eye wòtsaa ŋu na gbe mumu ɖe sia ɖe.
9 野牛は快くあなたに仕え、あなたの飼葉おけのかたわらにとどまるだろうか。
“Ɖe to si le gbe me la alɔ̃ asubɔ wòa? Atɔ ɖe wò gbeɖuƒe le zã mea?
10 あなたは野牛に手綱をつけてうねを歩かせることができるか、これはあなたに従って谷を耕すであろうか。
Àte ŋu ade kae ɖe agbleŋlɔnu ŋua? Alɔ̃ anɔ yowòme aŋlɔ balimea?
11 その力が強いからとて、あなたはこれに頼むであろうか。またあなたの仕事をこれに任せるであろうか。
Ɖe nàɖo ŋu ɖe eŋu le eƒe ŋusẽ gã la ta? Àtsɔ wò dɔ kpekpewo agble ɖe eƒe asi mea?
12 あなたはこれにたよって、あなたの穀物を打ち場に運び帰らせるであろうか。
Àte ŋu aɖo dzi ɖe eŋu be atsɔ wò lu agbɔe na wò dedie eye wòaƒoe ƒu ɖe wò lugbɔƒea?
13 だちょうは威勢よくその翼をふるう。しかしこれにはきれいな羽と羽毛があるか。
“Golo ƒoa eƒe aʋala kpakpakpa dzidzɔtɔe gake womate ŋu atsɔe asɔ kple damixe ƒe fu kple aʋalã o.
14 これはその卵を土の中に捨て置き、これを砂のなかで暖め、
Eɖaa eƒe azi ɖe anyigba, enana ke xɔdzo dea dzo eme
15 足でつぶされることも、野の獣に踏まれることも忘れている。
eye metsɔ ɖeke le eme be, ame aɖe ate ŋu aɖo afɔ edzi, agbãe loo, alo lã wɔadã aɖe agbãe o.
16 これはその子に無情であって、あたかも自分の子でないようにし、その苦労のむなしくなるをも恐れない。
Esẽa ŋuta le viawo ŋu abe menye eyae dzi wo o ene eye metsɔa ɖeke le eme ne eƒe agbagbadzedze zu dɔ vlo o.
17 これは神がこれに知恵を授けず、悟りを与えなかったゆえである。
Elabena Mawu mena nunyae alo na susu nyuie o.
18 これがその身を起して走る時には、馬をも、その乗り手をもあざける。
Ke hã la, ne ekeke aʋala me, hedze duƒuƒu gɔme la, sɔ kple sɔdola ƒe nu ɖia kokoe nɛ.
19 あなたは馬にその力を与えることができるか。力をもってその首を装うことができるか。
“Wòe na ŋusẽ sɔ alo wòe tsɔ kɔdza de kɔ nɛa?
20 あなたはこれをいなごのように、とばせることができるか。その鼻あらしの威力は恐ろしい。
Wòe na wòtia kpo abe ʋetsuvi ene eye wòdoa ŋɔdzi kple eƒe ŋɔtimegbɔgbɔa?
21 これは谷であがき、その力に誇り、みずから出ていって武器に向かう。
Etsɔa eƒe afɔkli kaa nu ŋɔdzitɔe, ekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe ŋusẽ ŋu eye wòlũna ɖe aʋakɔ dzi.
22 これは恐れをあざ笑って、驚くことなく、つるぎをさけて退くことがない。
Vɔvɔ̃ doa nukokoe nɛ eye mevɔ̃a naneke o, yi gɔ̃ hã medoa ŋɔdzi nɛ o.
23 矢筒はその上に鳴り、やりと投げやりと、あいきらめく。
Aŋutrɔwo le wo nɔewo lɔm le eƒe axadzi, nenema kee nye akplɔ siwo le dzo dam kple yi.
24 これはたけりつ、狂いつ、地をひとのみにし、ラッパの音が鳴り渡っても、立ちどまることがない。
Ele anyigba ɖum esi wògli kple dzidzɔ manyagblɔ, mate ŋu anɔ te va se ɖe esime kpẽ naɖi o.
25 これはラッパの鳴るごとにハアハアと言い、遠くから戦いをかぎつけ、隊長の大声およびときの声を聞き知る。
Edo ɣli be, ‘Aha!’ ne kpẽa ɖi. Esea aʋa ƒe ʋeʋẽ le adzɔge ke kple aʋakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe kple aʋaɣli.
26 たかが舞いあがり、その翼をのべて南に向かうのは、あなたの知恵によるのか、
“Ɖe aʋako dzona yia dzi ʋĩi le wò nunya nu eye wòkekea eƒe aʋalã heɖoa ta dziehea?
27 わしがかけのぼり、その巣を高い所につくるのは、あなたの命令によるのか。
Ɖe hɔ̃ dzona yia dzi ʋĩi le wò gbeɖeɖe nu eye wòwɔa eƒe atɔ ɖe kɔkɔƒea?
28 これは岩の上にすみかを構え、岩のとがり、または険しい所におり、
Enɔa togbɛ kɔkɔ dzi eye wòtsia afi ma le zã me, agakpe tsakli tomee nye eƒe bebeƒe.
29 そこから獲物をうかがう。その目の及ぶところは遠い。
Afi ma wòdia eƒe nuɖuɖu tsonae eye eƒe ŋku kpɔnɛ le adzɔge ke.
30 そのひなもまた血を吸う。おおよそ殺された者のある所には、これもそこにいる」。
Ʋu nye nuɖuɖu na viawo eye afi si aʋatsilawo le la, afi ma wònɔna.”

< ヨブ 記 39 >