< エレミヤ書 34 >

1 バビロンの王ネブカデレザルがその全軍と、彼に従っている地のすべての国の人々、およびもろもろの民を率いて、エルサレムとその町々を攻めて戦っていた時に、主からエレミヤに臨んだ言葉、
Esime Babilonia fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔwo kple fiaɖuƒe siwo katã le ete la le aʋa wɔm kple Yerusalem kple du siwo katã ƒo xlãe la, nya sia tso Yehowa gbɔ va na Yeremia be,
2 「イスラエルの神、主はこう言われる、行ってユダの王ゼデキヤに告げて言いなさい、『主はこう言われる、見よ、わたしはこの町をバビロンの王の手に渡す。彼は火でこれを焼く。
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Yi ɖe Yuda fia Zedekia gbɔ nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, wòatɔ dzoe.
3 あなたはその手をのがれることはできない、必ず捕えられてその手に渡される。あなたはまのあたりバビロンの王を見、顔と顔を合わせて彼と語る。それからバビロンへ行く』。
Màdo le eƒe asi me o, ke boŋ woalé wò kokoko ade asi nɛ. Àkpɔ Babilonia fia la kple wò ŋutɔ wò ŋkuwo eye aƒo nu kpli wò ŋkume kple ŋkume. Ale woakplɔ wò ayi Babiloniae.
4 しかしユダの王ゼデキヤよ、主の言葉を聞きなさい。主はあなたの事についてこう言われる、『あなたはつるぎで死ぬことはない。
“‘Ke hã la, se Yehowa ƒe ŋugbedodo, O Yuda fia Zedekia. Ale Yehowa gblɔ tso ŋutiwòe nye esi: Màtsi yi nu o,
5 あなたは安らかに死ぬ。民はあなたの先祖であるあなたの先の王たちのために香をたいたように、あなたのためにも香をたき、またあなたのために嘆いて「ああ、主君よ」と言う』。わたしがこの言葉をいうのであると主は言われる」。
ke boŋ àku le ŋutifafa me. Abe ale si amewo do kuteƒedzo na fia siwo do ŋgɔ na wò, ame siwo nye fofowòwo, hetsɔ de bubu wo ŋutii ene la, nenema kee woado dzo atsɔ de bubu ŋutiwòe ahado konyifaɣli be, “Alele, O nye Aƒetɔ!” Nye ŋutɔe do ŋugbe sia, Yehowae gblɔe.’”
6 そこで預言者エレミヤはこの言葉をことごとくエルサレムでユダの王ゼデキヤに告げた。
Ale Nyagblɔɖila Yeremia yi ɖato nya siawo katã na Yuda fia Zedekia le Yerusalem,
7 その時バビロンの王の軍勢はエルサレム、および残っているユダのすべての町、すなわちラキシとアゼカを攻めて戦っていた。それはユダの町々のうちに、これらの堅固な町がなお残っていたからである。
esime Babilonia fia le aʋa wɔm kple Yerusalem kple Yuda du siwo gale te nu, abe Lakis kple Azeka ene. Du siawo koe ganye du siwo ŋu gli sesẽwo nɔ le Yuda.
8 ゼデキヤ王がエルサレムにいるすべての民と契約を立てて、彼らに釈放のことを告げ示した後に、主からエレミヤに臨んだ言葉。
Gbe tso Yehowa gbɔ va na Yeremia esi fia Zedekia wɔ nubabla kple ame siwo katã nɔ Yerusalem, be woaɖe gbeƒã ablɔɖe na kluviwo vɔ megbe.
9 その契約はすなわち人がおのおのそのヘブルびとである男女の奴隷を解放し、その兄弟であるユダヤ人を奴隷としないことを定めたものであった。
Nya lae nye be ame sia ame nena ablɔɖe eƒe Hebri kluvi siwo nɔ esi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Ame aɖeke megawɔ ehavi Hebritɔ aɖeke kluvie o.
10 この契約をしたつかさたちと、すべての民は人がおのおのその男女の奴隷を解放し、再びこれを奴隷としないということに聞き従って、これを解放したが、
Eya ta dumegãwo katã kple ame siwo ɖo nubabla sia me la lɔ̃ be woaɖe asi le kluviawo ŋu, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, be womaganɔ kluvinyenye me o. Esi wolɔ̃ ta la, wona ablɔɖe kluviawo.
11 後に心を翻し、解放した男女の奴隷をひきかえさせ、再びこれを従わせて奴隷とした。
Gake wotrɔ susu emegbe eye wogana ame siwo ŋu woɖe asi le la gazu kluviwo.
12 そこで主の言葉が主からエレミヤに臨んだ、
Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,
13 「イスラエルの神、主はこう言われる、わたしはあなたがたの先祖をエジプトの地、その奴隷であった家から導き出した時、彼らと契約を立てて言った、
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mebla nu kple mia fofowo esi mekplɔ wo do goe tso Egipte, tso kluvinyenye me. Megblɔ be,
14 『あなたがたの兄弟であるヘブルびとで、あなたがたに身を売り、六年の間あなたがたに仕えた者は、六年の終りに、あなたがたおのおのがこれを解放しなければならない。あなたがたは彼を解放して、あなたがたに仕えることをやめさせなければならない』。ところがあなたがたの先祖たちはわたしに聞き従わず、またその耳を傾けなかった。
‘Le ƒe adrelia me la, mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le nɔvia Hebritɔ si tsɔ eɖokui de awɔba me nɛ la ŋu. Esi wòsubɔ wò ƒe ade vɔ megbe la, ele be nàɖe asi le eŋu wòadzo.’ Gake mia fofowo gbe, womeɖo tom alo de nu eme nam o.
15 しかしあなたがたは今日、心を改め、おのおのその隣り人に釈放のことを告げ示して、わたしの見て正しいとすることを行い、かつわたしの名をもってとなえられる家で、わたしの前に契約を立てた。
Nyitsɔ laa mietrɔ dzi me hewɔ nu si nyo la le nye ŋkume. Mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe gbeƒã ablɔɖe na ehavi. Kura gɔ̃ hã la, miebla nu le ŋkunye me le Aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me.
16 ところがあなたがたは再び心を翻して、わたしの名を汚し、おのおの男女の奴隷をその願いのままに解放したのをひきかえさせ、再びこれを従わせて、あなたがたの奴隷とした。
Ke azɔ la miegatrɔ glalã, heƒo ɖi nye ŋkɔ eye mia dometɔ ɖe sia ɖe gaxɔ ŋutsu kple nyɔnu kluvi siwo miena ablɔɖee be woayi afi si wolɔ̃. Miezi wo dzi be woaganye miaƒe kluviwo.
17 それゆえに、主はこう仰せられる、あなたがたがわたしに聞き従わず、おのおのその兄弟とその隣に釈放のことを告げ示さなかったので、見よ、わたしはあなたがたのために釈放を告げ示して、あなたがたをつるぎと、疫病と、ききんとに渡すと主は言われる。わたしはあなたがたを地のもろもろの国に忌みきらわれるものとする。
“Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Mieɖo tom o, miena ablɔɖe hã mia haviwo o. Eya ta azɔ la, meɖe gbeƒã ‘ablɔɖe’ na mi, ‘ablɔɖe’ be miatsi yi, dɔvɔ̃ kple dɔwuame ƒe asi me, eye matsɔ mi awɔ ŋɔdzidonu na anyigbadzifiaɖuƒewo katã.
18 わたしの契約を破り、わたしの前に立てた契約の定めに従わない人々を、わたしは彼らが二つに裂いて、その二つの間を通った子牛のようにする。
Ŋutsu siwo tu nye nubabla, eye womewɔ ɖe nu si wobla le ŋkunye me la dzi o la, mawɔ wo abe nyivi si wofe ɖe eve hezɔ to eƒe titina la ene.
19 すなわち二つに分けた子牛の間を通ったユダのつかさたち、エルサレムのつかさたちと宦官と祭司と、この地のすべての民を、
Yuda kple Yerusalem dumegãwo, nunɔlawo kple ame siwo katã le anyigba dzi, ame siwo zɔ to nyivi fefe la titina la,
20 わたしはその敵の手と、その命を求める者の手に渡す。その死体は空の鳥と野の獣の食物となる。
makplɔ de asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Woƒe ŋutilã kukua azu nuɖuɖu na dziƒoxeviwo kple gbemelãwo.
21 わたしはまたユダの王ゼデキヤと、そのつかさたちをその敵の手、その命を求める者の手、あなたがたを離れて去ったバビロンの王の軍勢の手に渡す。
“Matsɔ Yuda fia Zedekia kple eƒe dumegãwo ade asi na woƒe futɔ siwo le woƒe agbe yome tim, na Babilonia fia ƒe aʋakɔ siwo ʋu dzo le mia gbɔ la.
22 主は言われる、見よ、わたしは彼らに命じて、この町に引きかえしてこさせる。彼らはこの町を攻めて戦い、これを取り、火を放って焼き払う。わたしはユダの町々を住む人のない荒れ地とする」。
Yehowa be yele gbe ɖe ge, eye yeakplɔ wo agbɔe va du sia me. Woawɔ aʋa kplii, axɔe eye woatɔ dzoe wòabi. Mana be Yuda duwo nazu aƒedo, ale be ame aɖeke mate ŋu anɔ wo me o.”

< エレミヤ書 34 >