< イザヤ書 45 >

1 わたしはわが受膏者クロスの右の手をとって、もろもろの国をその前に従わせ、もろもろの王の腰を解き、とびらをその前に開かせて、門を閉じさせない、と言われる主はその受膏者クロスにこう言われる、
“Ale Yehowa gblɔ na Sirus, eƒe amesiamina, ame si ƒe nuɖusibɔ melé be matsɔ abɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume be maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si, ne maʋu mɔwo le eŋgɔ be agbowo matu le eŋgɔ o.
2 「わたしはあなたの前に行って、もろもろの山を平らにし、青銅のとびらをこわし、鉄の貫の木を断ち切り、
Madze ŋgɔ na wò, agbã towo le ŋgɔwò. Magbã akɔbligbowo, eye maŋe gayibɔ ƒe gametiwo.
3 あなたに、暗い所にある財宝と、ひそかな所に隠した宝物とを与えて、わたしは主、あなたの名を呼んだイスラエルの神であることをあなたに知らせよう。
Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ me kple nu xɔasi siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la na wò, ne nànya be nyee nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ame si tsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe.
4 わがしもべヤコブのために、わたしの選んだイスラエルのために、わたしはあなたの名を呼んだ。あなたがわたしを知らなくても、わたしはあなたに名を与えた。
Le Yakob, nye dɔla kple Israel, nye ame tiatia ta la, metsɔ wò ŋkɔ yɔ wòe heda bubuŋkɔ ɖe dziwò, togbɔ be mèdze sim o hã.
5 わたしは主である。わたしのほかに神はない、ひとりもない。あなたがわたしを知らなくても、わたしはあなたを強くする。
Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali kpe ɖe ŋunye o. Mado ŋusẽ wò togbɔ be mèdze sim o hã.
6 これは日の出る方から、また西の方から、人々がわたしのほかに神のないことを知るようになるためである。わたしは主である、わたしのほかに神はない。
Ale be tso afi si ɣe dzena tsona va se ɖe afi si wòɖoa to ɖo la, amewo nanya be Mawu bubu aɖeke mesɔ kplim o. Nyee nye Yehowa. Bubu aɖeke megali o.
7 わたしは光をつくり、また暗きを創造し、繁栄をつくり、またわざわいを創造する。わたしは主である、すべてこれらの事をなす者である。
Nyee na kekeli dona. Nyee wɔ viviti. Nyee he dzidzedzekpɔkpɔ vɛ, eye nye kee he gbegblẽ hã vɛ. Nye Yehowae wɔ esiawo katã.
8 天よ、上より水を注げ、雲は義を降らせよ。地は開けて救を生じ、また義をも、生えさせよ。主なるわたしはこれを創造した。
“Mi dziŋgɔlĩwo, midza dzɔdzɔenyenye abe tsi ene. Lilikpowo nena wòadza. Na anyigba nake nu baa. Na ɖeɖe nado tso eme, eye na dzɔdzɔenyenye natsi kplii. Nye Yehowae wɔe.
9 陶器が陶器師と争うように、おのれを造った者と争う者はわざわいだ。粘土は陶器師にむかって『あなたは何を造るか』と言い、あるいは『あなたの造った物には手がない』と言うだろうか。
“Baba na ame si le dzre wɔm kple eƒe Wɔla. Ame si lé nɛ ko abe ze le ze bubuwo dome le anyigba ene. Ɖe anyi abia zemela be, ‘Nu ka mem nèle mahã?’ Ɖe wò dɔ si wɔm nèle la, abia be, ‘Asi mele asiwò oa?’
10 父にむかって『あなたは、なぜ子をもうけるのか』と言い、あるいは女にむかって『あなたは、なぜ産みの苦しみをするのか』と言う者はわざわいだ」。
Baba na ame si gblɔna na fofoa be, ‘Nu ka ta nèdzim ɖo?’ alo na dadaa be, ‘Nu ka ta nèlé ku ɖo?’
11 イスラエルの聖者、イスラエルを造られた主はこう言われる、「あなたがたは、わが子らについてわたしに問い、またわが手のわざについてわたしに命ずるのか。
“Ale Yehowa, Israel ƒe Kɔkɔetɔ kple ekplɔla gblɔe nye esi: Ɖe nàbia gbem tso vinyewo ŋu alo aɖe gbe nam tso nye asinudɔwɔwɔwo ŋutia?
12 わたしは地を造って、その上に人を創造した。わたしは手をもって天をのべ、その万軍を指揮した。
Nyee wɔ anyigba kple ame siwo le edzi. Nye ŋutɔ nye asiwoe keke dziƒowo me. Nyee wɔ dziƒoŋunuwo katã.
13 わたしは義をもってクロスを起した。わたしは彼のすべての道をまっすぐにしよう。彼はわが町を建て、わが捕囚を価のためでなく、また報いのためでもなく解き放つ」と万軍の主は言われる。
Le nye dzɔdzɔenyenye me, mado ŋusẽ Sirus. Mana eƒe mɔwo nanɔ dzɔdzɔe. Agbugbɔ nye du atso, eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋuti nam. Ke maxɔ teƒeɖoɖo aɖeke o, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.”
14 主はこう言われる、「エジプトの富と、エチオピヤの商品と、たけの高いセバびととはあなたに来て、あなたのものとなり、あなたに従い、彼らは鎖につながれて来て、あなたの前にひれ伏し、あなたに願って言う、『神はただあなたと共にいまし、このほかに神はなく、ひとりもない』」。
Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Nu siwo wowɔ le Egipte, Kus ƒe adzɔdonuwo kple Sabeatɔ tsrala mawo katã woava gbɔwò azu tɔwò. Woaɖo fli ɖe megbewò, eye woanɔ hame ava gbɔwò. Woade ta agu na wò, aɖe kuku agblɔ be ‘Vavãe, Mawu li kpli wò, eye bubu aɖeke megali o. Mawu bubu aɖeke megali o.’”
15 イスラエルの神、救主よ、まことに、あなたはご自分を隠しておられる神である。
Vavãe, ènye Mawu si ɣlaa eɖokui. O! Mawu kple Israel ƒe Ɖela.
16 偶像を造る者は皆恥を負い、はずかしめを受け、ともに、あわてふためいて退く。
Aklamakpakpɛwɔlawo katã aɖu ŋukpe, eye woakpɔ vlododo. Wo katã woaɖu ŋukpe.
17 しかし、イスラエルは主に救われて、とこしえの救を得る。あなたがたは世々かぎりなく、恥を負わず、はずかしめを受けない。
Ke Yehowa aɖe Israel kple ɖeɖe mavɔ. Màɖu ŋukpe alo akpɔ vlododo yi ɖe mavɔ me o,
18 天を創造された主、すなわち神であってまた地をも造り成し、これを堅くし、いたずらにこれを創造されず、これを人のすみかに造られた主はこう言われる、「わたしは主である、わたしのほかに神はない。
elabena ale Yehowa, ame si wɔ dziƒo, eye wònye Mawu, ame si wɔ anyigba, eye wòna wòva dzɔ, meyɔe be wòatsi gbɔlo o, ke boŋ ewɔe be nuwo nanɔ edzi. Eyae gblɔ be, “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.
19 わたしは隠れたところ、地の暗い所で語らず、ヤコブの子孫に『わたしを尋ねるのはむだだ』と言わなかった。主なるわたしは正しい事を語り、まっすぐな事を告げる。
Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe le anyigba aɖe si do blukɔ la dzi o. Nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimeviwo be, ‘Midim dzodzro’ o. Nye Yehowa, nyateƒe ko megblɔna, eye nu si le eteƒe la ko meɖea gbeƒãe.
20 もろもろの国からのがれてきた者よ、集まってきて、共に近寄れ。木像をにない、救うことのできない神に祈る者は無知である。
“Miƒo ƒu ne miava. Miƒo takpli, mi aboyome siwo tso dukɔwo me. Abunɛtɔwoe nye ame siwo lé aklamakpakpɛwo ɖe ta, eye wodoa gbe ɖa na mawu siwo mate ŋu aɖe ame o.
21 あなたがたの言い分を持ってきて述べよ。また共に相談せよ。この事をだれがいにしえから示したか。だれが昔から告げたか。わたし、すなわち主ではなかったか。わたしのほかに神はない。わたしは義なる神、救主であって、わたしのほかに神はない。
Miɖe gbeƒã nu si ava dzɔ. Migblɔe ne woase. Mina woaƒo ƒu ade aɖaŋu. Ame kae gblɔ nya sia ɖi le blema, eye wòɖe gbeƒãe gbe aɖe gbe ʋĩi va yi? Ɖe menye nye Yehowae oa? Mawu bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o. Nye la, Mawu dzɔdzɔetɔ kple Ɖelae menye. Ɖeke megali o, negbe nye koe.
22 地の果なるもろもろの人よ、わたしを仰ぎのぞめ、そうすれば救われる。わたしは神であって、ほかに神はないからだ。
“Mitrɔ ɖe ŋunye ne miakpɔ ɖeɖe, mi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, elabena nyee nye Mawu, eye ɖeke megali o.
23 わたしは自分をさして誓った、わたしの口から出た正しい言葉は帰ることがない、『すべてのひざはわが前にかがみ、すべての舌は誓いをたてる』。
Nye ŋutɔ meka atam. Nye nu gblɔ nya si mede megbe na, nya si womatrɔ gbeɖe o. Klo sia klo adze nam, eye aɖe sia aɖe ayɔm aka atamue.
24 人はわたしについて言う、『正義と力とは主にのみある』と。人々は主にきたり、主にむかって怒る者は皆恥を受ける。
Woagblɔ le ŋunye be, ‘Yehowa ɖeka hɔ̃ɔ me ko dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le.’” Ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe eŋuti la, atrɔ ava egbɔ kple ŋukpe.
25 しかしイスラエルの子孫は皆主によって勝ち誇ることができる」。
Ke Yehowa mee Israel ƒe dzidzimeviwo katã akpɔ dzɔdzɔenyenye kple dodoɖedzi le.

< イザヤ書 45 >