< イザヤ書 44 >

1 しかし、わがしもべヤコブよ、わたしが選んだイスラエルよ、いま聞け。
“Ke azɔ la, ɖo to, o nye dɔla Yakob, Israel, ame si metia.
2 あなたを造り、あなたを胎内に形造り、あなたを助ける主はこう言われる、『わがしもべヤコブよ、わたしが選んだエシュルンよ、恐れるな。
Ale Yehowa ame si wɔ wò, ame si me wò ɖe vidzidɔ me, ame si akpe ɖe ŋuwò la gblɔe nye esi, Mègavɔ̃ o, O! Yakob, nye dɔla. Yerusalem, ame si metia,
3 わたしは、かわいた地に水を注ぎ、干からびた地に流れをそそぎ、わが霊をあなたの子らにそそぎ、わが恵みをあなたの子孫に与えるからである。
elabena makɔ tsi ɖe kuɖiɖinyigba dzi kple tɔʋuwo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Makɔ nye gbɔgbɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi.
4 こうして、彼らは水の中の草のように、流れのほとりの柳のように、生え育つ。
Woamie abe gbe si le gbedzi ene, eye woanɔ abe amutiwo le tɔʋuwo to ene.
5 ある人は「わたしは主のものである」と言い、ある人はヤコブの名をもって自分を呼び、またある人は「主のものである」と手にしるして、イスラエルの名をもって自分を呼ぶ』」。
Ɖeka agblɔ be, ‘Yehowa tɔ menye.’ Bubu atsɔ Yakob ƒe ŋkɔ na eɖokui, eye ame bubu hã aŋlɔ ɖe eƒe asi ŋuti be, ‘Yehowa tɔ,’ eye wòatsɔ ŋkɔ be Israel.
6 主、イスラエルの王、イスラエルをあがなう者、万軍の主はこう言われる、「わたしは初めであり、わたしは終りである。わたしのほかに神はない。
“Ale Yehowa, Israel ƒe Fia kple Ɖela, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: Nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ. Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
7 だれかわたしに等しい者があるか。その者はそれを示し、またそれを告げ、わが前に言いつらねよ。だれが、昔から、きたるべき事を聞かせたか。その者はやがて成るべき事をわれわれに告げよ。
Ekema ame kae sɔ kplim? Neɖe gbeƒãe. Neva gblɔe, eye wòaɖee afia le ŋkunye me, nu siwo dzɔ tso esime meɖo nye blemamewo gɔme anyi kple nu si gbɔna eme va ge. Ɛ̃, negblɔ nu si ava dzɔ.
8 恐れてはならない、またおののいてはならない。わたしはこの事を昔から、あなたがたに聞かせなかったか、また告げなかったか。あなたがたはわが証人である。わたしのほかに神があるか。わたしのほかに岩はない。わたしはそのあることを知らない」。
Migadzo nyanyanya o. Migavɔ̃ o. Ɖe nyemeɖe gbeƒã esia, eye megblɔe da ɖi gbe aɖe gbe ke oa? Miawoe nye nye ɖasefowo. Ɖe Mawu bubu aɖe gali kpe ɖe ŋunyea? Ao, Agakpe aɖeke megali o.”
9 偶像を造る者は皆むなしく、彼らの喜ぶところのものは、なんの役にも立たない。その信者は見ることもなく、また知ることもない。ゆえに彼らは恥を受ける。
Ame siwo katã ha legbawo la, mele ɖeke me o, eye nu siwo ŋu wode asixɔxɔe la nye tofloko. Ame siwo ƒoa nu ɖe wo nu la nye ŋkugbagbãtɔwo, numanyala siwo menya ŋukpe o.
10 だれが神を造り、またなんの役にも立たない偶像を鋳たか。
Ame kae kpa aklamakpakpɛ mawo, eye wòli legba si mahe viɖe aɖeke vɛ nɛ o?
11 見よ、その仲間は皆恥を受ける。その細工人らは人間にすぎない。彼らが皆集まって立つとき、恐れて共に恥じる。
Woado ŋukpe aklamakpakpɛwɔla kple aklamakpakpɛ la siaa, elabena aɖaŋudɔwɔlawo hã, amegbetɔwo ko wonye. Wo katã neƒo ƒu ne woaɖo kpe nu dzi, ke hã la, woaƒo wo aƒu anyi kple ŋɔdzi kple dɔléle.
12 鉄の細工人はこれを造るのに炭の火をもって細工し、鎚をもってこれを造り、強い腕をもってこれを鍛える。彼が飢えれば力は衰え、水を飲まなければ疲れはてる。
Gbede tsɔ eƒe dɔwɔnu de gayibɔdzo me. Etsɔ eƒe zu wɔ dɔ le gayibɔ la ŋu kple eƒe abɔ sesẽ, eye wòwɔe wòzu legba. Dɔ wui, eye wògbɔdzɔ. Meno tsi o, ale nu ti kɔ nɛ vevie.
13 木の細工人は線を引き、鉛筆でえがき、かんなで削り、コンパスでえがき、それを人の美しい姿にしたがって人の形に造り、家の中に安置する。
Atikpala tsɔ nudzidzenu, eye wòtsɔ ɣe te fli ɖe teƒe siwo wòdzidze. Etsɔ nukpafi zrɔ̃ teƒeteƒewoe, eye wòtsɔ nudzidzega dzidzee. Ekpae ɖe ame ƒe nɔnɔme me, le ame ƒe dzedze nyuitɔ me be wòate ŋu atsɔe ada ɖe trɔ̃xɔ me.
14 彼は香柏を切り倒し、あるいはかしの木、あるいはかしわの木を選んで、それを林の木の中で強く育てる。あるいは香柏を植え、雨にそれを育てさせる。
Atikpala la lã sedati, papawu alo logoti. Ena wòtsi le avemetiwo dome. Ɖewohĩ edo gboti hã, eye tsidzadza na wòtsi.
15 こうして人はその一部をとって、たきぎとし、これをもって身を暖め、またこれを燃やしてパンを焼き、また他の一部を神に造って拝み、刻んだ像に造ってその前にひれ伏す。
Ame la tsɔe wɔ nakee. Etsɔ ɖe do dzoe le ƒuƒum. Etsɔ ɖe do dzoe, me abolo. Etsɔ ɖe wɔ mawue. Ke etsɔ ɖe wɔ mawue hesubɔna, eye wòtsɔ ɖe wɔ aklamakpakpɛ hedea ta agu nɛ.
16 その半ばは火に燃やし、その半ばで肉を煮て食べ、あるいは肉をあぶって食べ飽き、また身を暖めて言う、「ああ、暖まった、熱くなった」と。
Etsɔ ati la ƒe afã do dzoe heɖa nu le edzi. Eme lã le edzi, eye wòɖu nu ɖi ƒo. Azɔ eƒu dzo la hegblɔ be: “Aa! Mekpɔ dzo le ƒuƒum, eye nye lãme xɔ dzo.”
17 そしてその余りをもって神を造って偶像とし、その前にひれ伏して拝み、これに祈って、「あなたはわが神だ、わたしを救え」と言う。
Etsɔ ati la ƒe mamlɛa wɔ aklamakpakpɛ, mawu si wòdea ta agu na hesubɔna. Edo gbe ɖa nɛ be, “Ɖem, wòe nye nye mawu.”
18 これらの人は知ることがなく、また悟ることがない。その目はふさがれて見ることができず、その心は鈍くなって悟ることができない。
Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.
19 その心のうちに思うことをせず、また知識がなく、悟りがないために、「わたしはその半ばを火に燃やし、またその炭火の上でパンを焼き、肉をあぶって食べ、その残りの木をもって憎むべきものを造るのか。木のはしくれの前にひれ伏すのか」と言う者もない。
Nunya mele wo dometɔ aɖeke si wòagblɔ be, “Metsɔ afã wɔ nakee. Meme abolo gɔ̃ hã le eƒe dzokawo dzi, eye meme lã hã le edzi heɖu o. Ɖe matsɔ mamlɛa awɔ ŋunyɔnuea? Ɖe madze klo na atikpoa.”
20 彼は灰を食い、迷った心に惑わされて、おのれを救うことができず、また「わが右の手に偽りがあるではないか」と言わない。
Etsɔ eƒe susu da ɖe dzofi dzi, eye dzi si woble la kplɔe trae, ale mate ŋu aɖe eɖokui alo agblɔ be, “Ɖe nu si melé ɖe nye nuɖusime la menye aʋatso oa?”
21 ヤコブよ、イスラエルよ、これらの事を心にとめよ。あなたはわがしもべだから。わたしはあなたを造った、あなたはわがしもべだ。イスラエルよ、わたしはあなたを忘れない。
“Ɖo ŋku nu siawo dzi, O! Yakob, elabena wòe nye nye dɔla, O! Israel. Nyee me wò, eye nye dɔlae nènye. O! Israel, nyemaŋlɔ wò be akpɔ o.
22 わたしはあなたのとがを雲のように吹き払い、あなたの罪を霧のように消した。わたしに立ち返れ、わたしはあなたをあがなったから。
Mekplɔ wò vodadawo dzoe abe lilikpo ene, eye mena wò nu vɔ̃wo nu va yi abe ahũ si dza le fɔŋli ene. Trɔ̃ va gbɔnye, elabena meɖe wò.”
23 天よ、歌え、主がこの事をなされたから。地の深き所よ、呼ばわれ。もろもろの山よ、林およびその中のもろもろの木よ、声を放って歌え。主はヤコブをあがない、イスラエルのうちに栄光をあらわされたから。
O! Dziƒowo, midzi ha kple dzidzɔ, elabena Yehowae wɔ esia. O! Anyigba do ɣli sesĩe. Mido ha ɖa, mi towo, avewo kple avemetiwo, elabena Yehowa ɖe Yakob. Eɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le Israel.
24 あなたをあがない、あなたを胎内に造られた主はこう言われる、「わたしは主である。わたしはよろずの物を造り、ただわたしだけが天をのべ、地をひらき、だれがわたしと共にいたか
“Ale Yehowa, wò Ɖela, ame si me wò ɖe dɔ me la gblɔe nye esi: “Nyee nye Yehowa si wɔ nuwo katã. Ame si he dziƒowo me, eye nye ŋutɔe keke anyigbawo me.
25 偽る物のしるしをむなしくし、占う者を狂わせ、賢い者をうしろに退けて、その知識を愚かにする。
Nyee gblẽa alakpanyagblɔɖilawo ƒe dzesiwo me, eye medoa abunɛ bokɔwo ƒe nukakawo, ame si ɖea nunyalawo le zi dzi, eye wòtrɔa woƒe nunya wòzua bometsitsi.
26 わたしは、わがしもべの言葉を遂げさせ、わが使の計りごとを成らせ、エルサレムについては、『これは民の住む所となる』と言い、ユダのもろもろの町については、『ふたたび建てられる、わたしはその荒れ跡を興そう』と言い、
Ame si wɔna ɖe eƒe dɔlawo ƒe biabiawo dzi, eye wònaa eƒe dɔlawo ƒe nyagblɔɖiwo vaa eme. “Ame si gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Amewo aganɔ me wò,’ na Yuda ƒe duwo be, ‘Woagbugbɔ mi atso,’ eye na aƒedowo be, ‘Magbugbɔ mi aɖo te.’
27 また淵については、『かわけ、わたしはあなたのもろもろの川を干す』と言い、
Ame si gblɔ na tɔ goglowo be, ‘Mimie, mana mia me tsiwo namie.’
28 またクロスについては、『彼はわが牧者、わが目的をことごとくなし遂げる』と言い、エルサレムについては、『ふたたび建てられる』と言い、神殿については、『あなたの基がすえられる』と言う」。
Ame si gblɔ le fia Sirus ŋu be, ‘Eyae nye nye alẽkplɔla, eye awɔ nu siwo katã dze ŋunye. Agblɔ le Yerusalem ŋu be, “Woagbugbɔe atu,” eye le gbedoxɔ la ŋu be, “Mina woaɖo eƒe gɔmeɖokpewo anyi.”’

< イザヤ書 44 >