< エゼキエル書 36 >

1 人の子よ、イスラエルの山々に預言して言え。イスラエルの山々よ、主の言葉を聞け。
“Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu, eye nàgblɔ be, ‘O! Israel towo, mise Yehowa ƒe nya.
2 主なる神はこう言われる、敵はあなたがたについて言う、『ああ、昔の高き所が、われわれのものとなった』と。
Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.”’
3 それゆえ、あなたは預言して言え。主なる神はこう言われる、彼らはあなたがたを荒し、四方からあなたがたを打ち滅ぼしたので、あなたがたは他の国民の所有となり、また民の悪いうわさとなった。
Eya ta gblɔ nya ɖi be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye be, esi wogblẽ mi, eye woɖe aɖutame ɖe mia ŋu le goawo katã me be miazu dukɔ mamlɛawo tɔ kple woƒe alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu ta la,
4 それゆえ、イスラエルの山々よ、主なる神の言葉を聞け。主なる神は、山と、丘と、くぼ地と、谷と、滅びた荒れ跡と、人の捨てた町々、すなわちその周囲にある諸国民の残った者にかすめられ、あざけられるようになったものに、こう言われる。
eya ta, O! Israel towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nyawo. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo, gbegbewo kple aƒedo duwo, teƒe siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi ha, eye wodo vlo mi la,’
5 主なる神はこう言われる、わたしはねたみの炎をもって、他の国民とエドム全国とに対して言う、彼らは心ゆくまで喜び、心に誇ってわが地を自分の所有とし、これを奪い、かすめた者である。
Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo.
6 それゆえ、あなたはイスラエルの地の事を預言し、山と、丘と、くぼ地と、谷とに言え。主なる神はこう言われる、見よ、あなたがたは諸国民のはずかしめを受けたので、わたしはねたみと怒りとをもって語る。
Eya ta gblɔ nya ɖi tso Israelnyigba ŋuti, eye nàgblɔ na towo kple togbɛwo, gbadzaƒewo kple balimewo be, “Aƒetɔ Yehowa be, mele nu ƒom le nye ŋuʋaʋã ƒe dziku me, elabena miekpe fu le dukɔwo ƒe fewuɖuɖu me.
7 それゆえ、主なる神はこう言われる、わたしは誓って言う、あなたがたの周囲の諸国民は必ずはずかしめを受ける。
Eya ta aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mekɔ nye asi dzi heka atam be woaɖu fewu le dukɔ siwo ƒo xlã mi la hã ŋu.”’
8 しかしイスラエルの山々よ、あなたがたは枝を出し、わが民イスラエルのために実を結ぶ。この事の成るのは近い。
“Ke miawo, O! Israel towo, miatse ku geɖewo na nye dukɔ Israel, elabena woƒe gbɔgbɔɣi tu aƒe.
9 見よ、わたしはあなたがたに臨み、あなたがたを顧みる。あなたがたは耕され、種をまかれる。
Metsi dzi ɖe mia ŋu, eye makpɔ nublanui na mi. Woaŋlɔ mi, woaƒã nukuwo ɖe mia dzi,
10 わたしはあなたがたの上に人をふやす。これはことごとくイスラエルの家の者となり、町々には人が住み、荒れ跡は建て直される。
eye mana amewo nasɔ gbɔ ɖe mia dzi, Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã. Amewo anɔ duawo me, eye woagbugbɔ du gbagbãwo atu.
11 わたしはあなたがたの上に人と獣とをふやす。彼らはふえて、子を生む。わたしはあなたがたの上に、昔のように人を住ませ、初めの時よりも、まさる恵みをあなたがたに施す。その時あなたがたは、わたしが主であることを悟る。
Madzi amewo kple lãwo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi le mia dzi, woadzi, eye woasɔ gbɔ. Mana amewo nanɔ mia dzi abe tsã ene, eye nuwo anyo na mi wu tsã. Ekema mianya be, nyee nye Yehowa.
12 わたしはわが民イスラエルの人々をあなたがたの上に歩ませる。彼らはあなたがたを所有し、あなたがたはその嗣業となり、あなたがたは重ねて彼らに子のない嘆きをさせない。
Mana nye dukɔ, nye dukɔ, Israel, nazɔ le dziwò. Woaxɔ wò, eye nànye woƒe domenyinu; miagaxɔ wò viwo le wo si azɔ o.
13 主なる神はこう言われる、彼らはあなたがたに向かって、『あなたは人を食い、あなたの民に子のない嘆きをさせる』と言う。
“Aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi amewo gblɔna na mi be mieɖua amelã, eye mieɖea vi ɖa le miaƒe dukɔ ŋuti ta la,
14 あなたはもはや人を食わない。あなたの民に重ねて子のない嘆きをさせることはないと、主なる神は言われる。
miagaɖu amelã azɔ o, eye miagatsrɔ̃ ɖeviwo na dukɔa azɔ o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
15 わたしは重ねて諸国民のはずかしめをあなたに聞かせない。あなたは重ねて、もろもろの民のはずかしめを受けることはなく、あなたの民を重ねてつまずかせることはないと、主なる神は言われる」。
Nyemagana miase dukɔwo ƒe fewuɖuɖu le mia ŋu o, eye dukɔwo magado vlo mi alo ana miaƒe dukɔ la nadze anyi o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’”
16 主の言葉がわたしに臨んだ、
Aƒetɔ Yehowa ƒe nya gava nam be,
17 「人の子よ、昔、イスラエルの家が、自分の国に住んだとき、彼らはおのれのおこないとわざとをもって、これを汚した。そのおこないは、わたしの前には、汚れにある女の汚れのようであった。
“Ame vi, esime Israelviwo nɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi la, wodo gui to woƒe nɔnɔme kple wɔnawo me. Woƒe nɔnɔme le abe nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ ene le nye ŋkume.
18 彼らが国に血を流し、またその偶像をもって、国を汚したため、わたしはわが怒りを彼らの上に注ぎ、
Eya ta metrɔ nye dziku kɔ ɖe wo dzi, elabena wokɔ ʋu ɖe anyigba la dzi, eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ kple woƒe legbawo.
19 彼らを諸国民の中に散らしたので、彼らは国々の中に散った。わたしは彼らのおこないと、わざとにしたがって、彼らをさばいた。
Mekaka wo ɖe dukɔwo dome, eye wokaka wo hlẽ ɖe anyigbawo dzi. Medrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nɔnɔme kple wɔnawo nu.
20 彼らがその行くところの国々へ行ったとき、わが聖なる名を汚した。これは人々が彼らについて『これは主の民であるが、その国から出た者である』と言ったからである。
Eye afi sia afi si woyi le dukɔwo dome la, wodoa gu nye ŋkɔ kɔkɔe la, elabena wogblɔ tso wo ŋu be, ‘Ame siawo nye Yehowa ƒe amewo, ke ele na wo be woadzo le anyigba la dzi.’
21 しかしわたしはイスラエルの家が、その行くところの諸国民の中で汚したわが聖なる名を惜しんだ。
Metsi dzi ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la ŋu, ŋkɔ si Israel ƒe aƒe la do gui le dukɔ siwo me woyi la ŋkume.”
22 それゆえ、あなたはイスラエルの家に言え。主なる神はこう言われる、イスラエルの家よ、わたしがすることはあなたがたのためではない。それはあなたがたが行った諸国民の中で汚した、わが聖なる名のためである。
Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi, “O! Israel ƒe aƒe, menye miawo tae mele nu siawo wɔ ge o, ke nye ŋkɔ kɔkɔe si miedo gui le dukɔ siwo me mieyi la tae.
23 わたしは諸国民の中で汚されたもの、すなわち、あなたがたが彼らの中で汚した、わが大いなる名の聖なることを示す。わたしがあなたがたによって、彼らの目の前に、わたしの聖なることを示す時、諸国民はわたしが主であることを悟ると、主なる神は言われる。
Mafia nye ŋkɔ gã la ƒe kɔkɔenyenye si wodo gui le dukɔwo dome, ŋkɔ si miedo gui le wo dome. Ekema dukɔawo anya be nyee nye Yehowa, Aƒetɔ Yehowae gblɔe, ne mefia ɖokuinye kɔkɔe to mia dzi le woƒe ŋkume.
24 わたしはあなたがたを諸国民の中から導き出し、万国から集めて、あなたがたの国に行かせる。
“Elabena maɖe mi le dukɔawo dome, maƒo mia nu ƒu tso anyigbawo katã dzi, eye makplɔ mi ava miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
25 わたしは清い水をあなたがたに注いで、すべての汚れから清め、またあなたがたを、すべての偶像から清める。
Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.
26 わたしは新しい心をあなたがたに与え、新しい霊をあなたがたの内に授け、あなたがたの肉から、石の心を除いて、肉の心を与える。
Mana dzi yeye mi, eye made gbɔgbɔ yeye mia me; maɖe miaƒe kpedzi ɖa le mia me, eye mana lãkusidzi mi.
27 わたしはまたわが霊をあなたがたのうちに置いて、わが定めに歩ませ、わがおきてを守ってこれを行わせる。
Made nye Gbɔgbɔ mia me, mana miawɔ nye ɖoɖowo dzi, eye mialé nye seawo me ɖe asi.
28 あなたがたは、わたしがあなたがたの先祖に与えた地に住んで、わが民となり、わたしはあなたがたの神となる。
Mianɔ anyigba si metsɔ na mia tɔgbuiwo la dzi; mianye nye amewo, eye manye miaƒe Mawu.
29 わたしはあなたがたをそのすべての汚れから救い、穀物を呼びよせてこれを増し、ききんをあなたがたに臨ませない。
Maɖe mi tso miaƒe nu makɔmakɔwo katã me. Mana bli nasɔ gbɔ na mi, eye nyemana dɔwuame nava mia dzi o.
30 またわたしは木の実と、田畑の作物とを多くする。あなたがたは重ねて諸国民の間に、ききんのはずかしめを受けることがない。
Madzi atikutsetsewo kple miaƒe agblemenukuwo ɖe edzi, ale be miagaɖu ŋukpe le dukɔwo dome le dɔwuame ta o.
31 その時あなたがたは自身の悪しきおこないと、良からぬわざとを覚えて、その罪と、その憎むべきこととのために、みずから恨む。
Ekema miaɖo ŋku miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi, eye miaƒe nu anyɔ ŋu na miawo ŋutɔ le miaƒe nu vɔ̃wo kple nuwɔna vlowo ta.
32 わたしがなすことはあなたがたのためではないと、主なる神は言われる。あなたがたはこれを知れ。イスラエルの家よ、あなたがたは自分のおこないを恥じて悔やむべきである。
Medi be mianya be nyemele nu siawo wɔm le mia ta o; Aƒetɔ Yehowae gblɔe. Mina ŋu nakpe mi, eye miaɖi gbɔ̃ mia ɖokui le miaƒe wɔnawo ta, O! Israel ƒe aƒe.”
33 主なる神はこう言われる、わたしは、あなたがたのすべての罪を清める日に、町々に人を住ませ、その荒れ跡を建て直す。
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Le gbe si gbe maklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋuti la, mana amewo naganɔ miaƒe duwo me, eye woagbugbɔ gli gbagbãwo aɖo.
34 荒れた地は、行き来の人々の目に荒れ地と見えたのに引きかえて耕される。
Woade agble ɖe gbegbewo, eye womaganye gbegbe le emetsolawo ŋkume o.
35 そこで人々は言う、『この荒れた地は、エデンの園のようになった。荒れ、滅び、くずれた町々は、堅固になり、人の住む所となった』と。
Woagblɔ be anyigba si nye gbegbe tsã la, va ɖi Edenbɔ azɔ. Du siwo gbã, eye wozu aƒedo tsã la, woglã wo, eye amewo le wo me.
36 あなたがたの周囲に残った諸国民は主なるわたしがくずれた所を建て直し、荒れた所にものを植えたということを悟るようになる。主なるわたしがこれを言い、これをなすのである。
Ekema dukɔ siwo susɔ ƒo xlã mi la anya be, nye Yehowae gbugbɔ du siwo wogbã la tu, eye medo nukuwo ɖe gbegbewo. Nye Yehowae gblɔe, eye mawɔe hã.”
37 主なる神はこう言われる、イスラエルの家は、わたしが次のことを彼らのためにするように、わたしに求めるべきである。すなわち人を群れのようにふやすこと、
“Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Magaɖo to Israel ƒe aƒe ƒe kokoƒoƒo, eye mawɔ nu sia na wo. Mana eƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene,
38 すなわち犠牲のための群れのように、エルサレムの祝い日の群れのようにすることである。こうして荒れた町々は人の群れで満ちる。その時人々は、わたしが主であることを悟るようになる」。
abe alẽ siwo woatsɔ asa vɔwoe le Yerusalem le ŋkekenyuiɖuɣiwo ene. Nenemae amewo ayɔ du siwo gbã la me. Ekema woanya be, nyee nye Yehowa.’”

< エゼキエル書 36 >